Nations Bible

1 Crónicas 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Ruben

1Esiawoe nye Ruben ƒe viŋutsuwo. Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Togbɔ be eyae nye ŋgɔgbevi hã la, eƒo ɖi fofoa ƒe srɔ̃ɖeba eya ta woxɔ ŋgɔgbevinyenye la le esi tsɔ na Israel ƒe vi, Yosef ƒe viŋutsuwo. Esia tae womeŋlɔ eƒe ŋkɔ be eyae nye ŋgɔgbevi le dzidzimegbalẽ la me abe ale si wòle be wòanɔ ene o. 2Togbɔ be Yosef va zu ŋgɔgbevi hã la, Yuda va nye hlɔ̃ sesẽ, xɔŋkɔ aɖe le Israel eye Yuda mee fiavi aɖe do tso. 3Ruben ƒe viwoe nye:

Hanok, Palu, Hezron kple Karmi.

4Yoel ƒe viwoe nye,

Semaya, ame si dzi Gog,

ame si dzi Simei. 5Simei ƒe vie nye Mika,

ame si dzi Reaia, ame si dzi Baal.

6Baal ƒe vie nye Beera, ame si nye fiavi tso Ruben ƒe viwo dome. Asiria fia Tilgat Pilneser ɖe aboyoe.

7Woƒe ƒometɔwo le woƒe hlɔ̃wo nu abe ale si wode wo dzidzimegbalẽ la me la, le ale:

Yeiel, fia la kple Zekaria 8kple Bela, Azaz ƒe viŋutsu, Sema ƒe viŋutsu kple Yoel ƒe viŋutsu.

Wonɔ teƒe si tso Aroer yi Nebo kple Baal Meon. 9Yoel nye lãnyila; enyi woƒe lãwo le gbegbe la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo heyi ɖe Frat tɔsisi la gbɔ elabena nyi geɖewo nɔ Gileadnyigba dzi.

10Le Fia Saul ƒe fiaɖuɣi la, Ruben ƒe viwo ɖu Hagritɔwo dzi eye woge ɖe woƒe agbadɔwo me le Gilead ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi.

Gad

11Gad ƒe dzidzimeviwo nɔ woƒe kasa le anyigba si tso Basan yi keke Saleka:

12Yoel nye wo dometɔ xɔŋkɔtɔ eye Safam, Yanai kple Safat kplɔe ɖo.

13Woƒe ƒometɔ siwo nye hlɔ̃ adreawo ƒe amegãwo la woe nye,

Mikael, Mesulam, Seba, Yorai, Yakan, Zia kple Eber.

14Buz ƒe dzidzimeviwo le woƒe tsitsi nu le ale: Yahdo, Yesisai. Mikael, Gilead, Yarao, Huri kple Abihail.

15Guni ƒe vi, Abdiel ƒe vi, Ahi nye hlɔ̃ la ƒe kplɔla.

16Hlɔ̃ la nɔ Gilead, Basan kple wo ŋu duwo me kpakple Saron ƒe lãnyiƒe nutowo katã me va se ɖe eƒe mlɔenu.

17Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖe dzidzimegbalẽ la me le Yuda fia Yotam kple Israel fia Yeroboam ƒe fiaɖuɣi.

18Asrafo akpe blaene-vɔ-ene alafa adre blaade (44,760), ame siwo si aʋawɔnuwo nɔ, wohe wo nyuie eye wonye kalẽtɔwo la nɔ Ruben, Gad kple Manase ƒe to la ƒe afã ƒe aʋakɔ me. 19Woho aʋa ɖe Hagritɔwo, Yeturitɔwo, Nafisitɔwo kple Nodabitɔwo ŋu. 20Wodo gbe ɖa na Mawu, bia eƒe kpekpeɖeŋu eye wòkpe ɖe wo ŋu le woƒe ŋuɖoɖo ɖe eŋu ta. Ale woɖu Hagritɔwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo dzi. 21Woƒe afunyinuwo nye kposɔ akpe blaatɔ̃ (50,000), alẽ akpe alafa eve blaatɔ̃ (250,000), tedzi akpe eve (2,000) kple ame akpe alafa ɖeka (100,000). 22Woƒe futɔ geɖewo ku le aʋa la me elabena Mawu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ale Ruben ƒe dzidzimeviwo nɔ Hagritɔwo ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigba dzi va se ɖe esime woɖe aboyo wo.

Manase ƒe to la ƒe afã

23Manase ƒe to ƒe afã kaka ɖe anyigba si tso Basan yi Baal Hermon, Senir kple Hermon to la ŋu. Woawo hã sɔ gbɔ ŋutɔ.

24Woƒe hlɔ̃wo ƒe fiawoe nye Efer, Isi, Eliel, Azriel, Yeremia, Hodavia kple Yahdiel. Wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ abe aʋawɔla kple kplɔla ene. 25Ke womesubɔ wo fofowo ƒe Mawu la o, ke boŋ wosubɔ ame siwo Mawu tsrɔ̃ la ƒe legbawo. 26Esia ta Israel ƒe Mawu na Asiria fia Pul (ame si wogayɔna be Fia Tilgat Pilneser Etɔ̃lia la), ho aʋa ɖe wo ŋu eye wòɖe aboyo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe hlɔ̃ afã me tɔwo. Wokplɔ wo yi Hala, Habor, Hara kple Gozan tɔsisi la to, afi si wole va se ɖe egbe.

¿Sabías que…?

Las tribus orientales de Israel

  • Aunque Rubén era el hijo primogénito de Jacob, perdió sus derechos de primogenitura debido a su mala conducta. La primogenitura fue transferida a los hijos de José, mientras que el liderazgo tribal provino con el tiempo de Judá.Fuentes: el propio texto bíblico · Reuben · Joseph (son of Jacob)
  • Las tribus de Rubén, Gad y la media tribu de Manasés se establecieron al este del río Jordán, en los pastizales de Galaad y Basán. Cuando su ejército conjunto de más de 44.000 guerreros clamó a Dios en la batalla, derrotaron a los agarenos y capturaron inmensos rebaños de ganado.Fuentes: el propio texto bíblico · Gilead · Bashan
  • Debido a su posterior infidelidad a Dios, las tribus que vivían al este del Jordán fueron llevadas al exilio por Tiglat-pileser, rey de Asiria, a quien los registros bíblicos también llaman Pul.Fuentes: el propio texto bíblico · Tilgath-pilneser

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Assyria · 36.359, 43.153 · versículos 6, 26
  • Euphrates · Hoy: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículo 9
  • Gilead · Hoy: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · versículos 9, 10, 16
  • Bashan · 32.781, 35.935 · versículos 11, 12, 16, 23
  • Mount Hermon · 33.400, 35.850 · versículo 23
  • Senir · Hoy: Mount Hermon · 33.400, 35.850 · versículo 23

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.