Nations Bible

1 Crónicas 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Yuda ƒe dzidzimevi bubuawo

1Yuda ƒe dzidzimevi bubuawoe nye:

Perez, Hezron, Karmi, Hur kple Sobal.

2Sobal ƒe vie nye Reaia, ame si dzi Yahat, ame si dzi Ahumai kple Lahad. Ame siawo va zu Zoratitɔwo ƒe ƒomewo.

3Etam ƒe dzidzimeviwoe nye:

Yezreel, Isma, Idbas kple via nyɔnu Hazelelponi 4Penuel dzi Gedor eye Ezer dzi Husa Ezer.

Ame siawoe nye Hur ƒe dzidzimeviwo, Hur nye Efrata ƒe ŋgɔgbevi kple Betlehem fofo.

5Asur, Tekoa fofo, ɖe srɔ̃ eve: Hela kple Naara.

6Naara dzi Ahuzam, Hefer, Temeni kple Haahastari.

7Hela ƒe viŋutsuwoe nye:

Zeret, Zohar, Etnan kple 8Koz, ame si dzi Anub kple Hazobeba hekpe ɖe Harum ƒe vi ƒe hlɔ̃ ŋu eye eya mee hlɔ̃ si wotsɔ kple Aharlel, Harum ƒe vi, ŋkɔ na la dzɔ tso.

9Yabez xɔ ŋkɔ wu nɔvia bubuawo katã. Dadaa na ŋkɔe be, Yabez si gɔmee nye, “Vevesese” elabena dadaa se veve ŋutɔ le edzidzi me. 10Eyae do gbe ɖa na Israel ƒe Mawu be, “Oo, yram eye nàkpe ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. Meɖe kuku, nɔ kplim le nu sia nu si mawɔ la me eye nàɖem tso nu vɔ̃ kple dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.” Mawu se eƒe gbedodoɖa.

11Kelub, Suha nɔviŋutsu, dzi Mehir, ame si dzi Eston. 12Eston dzi Bet Rafa, Pasea kple Tehina, ame si dzi Ir Nahas. Ame siawoe nye Reka ƒe ŋutsuwo.

13Kenaz dzi

Otniel kple Seraya.

Otniel dzi

Hatat Meonatai. 14Meonatai, ame si dzi Ofra.

Seraya dzi Yoab,

ame si me Ge Harasim, aɖaŋuwɔla siwo nɔ Aɖaŋuwɔlawo ƒe Balime la dzɔ tso.

15Kaleb, Yefune ƒe vi, dzi

Iru, Ela kple Naam.

Kenaz nɔ Ela ƒe viwo dome.

16Yehalelel ƒe viwoe nye

Zif, Zifa, Tiria kple Asarel.

17Ezra dzi

Yeter, Mered, Efer kple Yalon.

Mered ɖe Bitia, fiavinyɔnu aɖe tso Egipte eye wodzi Miriam, Samai kple Isba, ame si nye Estemoa fofo.

18Estemoa srɔ̃ nye Yuda nyɔnu aɖe eye wòdzi Yered, Heber kple Yekutiel. Yered nye Gedor fofo, Heber nye Soko fofo eye Yekutiel nye Zanoah fofo.

19Hodia srɔ̃ nye Naham nɔvinyɔnu.

Via ɖekae nye Keila, Garmitɔ la fofo; via bubue dzi Estemoa, Maakatitɔ la.

20Simɔn dzi

Amnon, Rina, Ben Hanan kple Tilɔn.

Isi dzi

Zohet kple Ben Zohet.

21Yuda ƒe viŋutsu, Sela ƒe viŋutsuwoe nye

Er, ame si dzi Leka, Lada, ame si dzi Maresa kple ame siwo nye avɔlɔ̃lawo nɔ Bet Asbea,

22Yokim, Kozeba, Yoas kple Saraf ŋutsuwo, ame siwo ɖu fia le Moab kple Yasubi Lehem. Ŋkɔ siawo tso nuŋlɔɖi xoxoawo me. 23Ame siawo xɔ ŋkɔ le zememe kple agbledede le Nataim kple Gedera me eye wowɔa dɔ na fia la.

Simeon

24Simeon dzi

Nemuel, Yamin, Yarib, Zera kple Saul.

25Saul dzi Salum, ame si dzi Mibsam, ame si dzi Misma.

26Misma ƒe viwo dometɔ ɖekae nye

Hamuel, ame si dzi Zakur, ame si dzi Simei.

27Simei dzi viŋutsu wuiade kple vinyɔnu ade. Nɔviawo dometɔ aɖeke ƒe viwo mesɔ gbɔ alea o eye wo viwo mede esi Yudatɔ geɖewo dzina la nu o. 28Wonɔ Beerseba, Molada, Hazar Sual 29Bilha, Ezem, Tolad, 30Betuel, Horma, Ziklag, 31Bet Markabot, Hazar Susim, Bet Biri kple Saaraim. Du siawo nɔ woƒe asi me va se ɖe David ƒe fiaɖuɣi. 32Kɔƒe siwo ƒo xlã wo lae nye Etam, Ain, Rimon, Token kple Asan, kɔƒe atɔ̃ 33kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã du siawo va se ɖe Baalat. Esiawoe nye woƒe duwo,

34Mesobab, Yamlek,

Yosa Amazia ƒe viŋutsu, 35Yoel,

Yehu, Yosibia ƒe viŋutsu, ame si nye Seraya ƒe vi kple Asiel ƒe vi,

36Elioenai, Yaakoba, Yehodaya,

Asaya, Adiel, Yesimiel, Benaya,

37Zira, ame si nye Sifi ƒe vi, ame si nye Alon ƒe vi, ame si nye Yedaia ƒe vi, ame si nye Simri ƒe vi ame si nye Semaya ƒe vi.

38Ŋutsu siwo ƒe ŋkɔ woyɔ va yi la woe nye woƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo.

Woƒe ƒomewo dzi ɖe edzi fũu 39eye woyi Gedor ƒe gbɔto le balime la ƒe ɣedzeƒe gome le gbeɖuƒe dim na woƒe lãhawo. 40Wokpɔ lãnyiƒe damawo, anyigba la keke nyuie, teƒe si ŋutifafa kple ɖoɖoezizi le. Hamitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ.

41Ame siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ da ɖi la va le Yuda Fia Hezekia ƒe fiaɖuɣi. Woho aʋa ɖe Hamitɔwo ŋu le woƒe nɔƒewo nenema ke nye Meunitɔ siwo nɔ afi ma eye wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ abe ale si wòle dzedzem egbe ene. Wonɔ woƒe nɔƒe elabena lãnyiƒe nɔ afi ma na woƒe lãhawo. 42Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, aʋawɔla siawo dometɔ alafa atɔ̃ tso Simeon ƒe ƒome la me yi Seir ƒe to la dzi. Woƒe kplɔlawo nye Pelatia, Nearia, Refaya kple Uziel. Wo katã wonye Isi ƒe viwo. 43Wowu ame ʋɛe siwo susɔ tso Amalek ƒomea me eye wotsi afi ma va se ɖe egbe.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Genealogías de Judá y Simeón

  • La genealogía de Judá se detiene brevemente para destacar a Jabes, cuyo nombre estaba asociado con el dolor de su nacimiento. Él oró pidiéndole a Dios que lo bendijera, ensanchara su territorio y lo librara del mal, y el registro bíblico señala que Dios le concedió su petición.Fuentes: Jabez · el propio texto bíblico
  • A diferencia de las listas centradas únicamente en gobernantes políticos, este capítulo registra gremios de oficios específicos, incluidos los artesanos de Gue-harasim, los trabajadores de lino en Bet-asbea y alfareros que residían en Netaim y Gedera al servicio del rey.Fuentes: Beth-ashbea · Netaim · el propio texto bíblico
  • Durante el reinado del rey Ezequías de Judá, líderes de clanes de la tribu de Simeón migraron hacia el sur en busca de nuevos pastos para sus rebaños, estableciendo asentamientos en tierras fértiles cerca de Gedor y el monte Seir.Fuentes: Simeon · el propio texto bíblico

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Bethlehem · 31.704, 35.208 · versículo 4
  • Tekoa · Hoy: Khirbet Teku’a · 31.632, 35.210 · versículo 5
  • Moab · Hoy: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículo 22

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.