1 Crónicas 24
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
Nunɔlawo ƒe hatsotsowo
1Esiawoe nye Aron ƒe viŋutsuwo ƒe mama ɖe hawo me.
Aron ƒe viŋutsuwo nye Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar. 2Ke Nadab kple Abihu ku do ŋgɔ na wo fofo; viŋutsu aɖeke menɔ wo si o ale Eleazar kple Itamar wɔ dɔ abe nunɔlawo ene. 3David kple Zadok, ame si nɔ Eleazar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe kple Ahimelek, ame si nɔ Itamar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe la, ma Aron ƒe dzidzimeviwo ɖe hatsotsowo me be, woawɔ subɔsubɔdɔawo le ɣeyiɣi vovovoawo me. 4Woma Eleazar ƒe dzidzimeviwo ɖe akpa wuiade me eye woma Itamar tɔwo ɖe akpa enyi me elabena ame siwo ŋu amekpɔkplɔ ƒe ŋutete nɔ la, sɔ gbɔ le Eleazar ƒe dzidzimeviwo dome wu. 5Woda akɔ hafi de dɔawo asi na hatsotso vovovoawo ale be ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o elabena Mawu ƒe ame xɔŋkɔwo kple amegãwo tso Eleazar kple Itamar ƒe ƒome me.
6Semaya, tso Levitɔwo dome, ame si fofoe nye Netanel la, nye nuŋlɔla. Eŋlɔ ameawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dɔdeasiwo da ɖi le fia la kple Nunɔla Zadok kple Ahimelek, Abiata ƒe vi kple Levitɔwo ƒe tatɔwo ŋkume. Wode dɔ ɖe sia ɖe asi na Eleazar ƒe viwo ƒe ha eveawo kple Itamar ƒe viwo ƒe ha ɖeka la sɔsɔe.
7Wodzidze nu hena dɔdede asi na hatsotsoawo le ɖoɖo sia nu:
Hatsotso gbãtɔ ƒe tatɔe nye Yehoyarib. Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Yedaia.
8Hatsotso etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Harim.
Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Seorim.
9Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Malkiya.
Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Miyamin.
10Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Hakɔz.
Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Abiya.
11Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Yesua.
Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Sekania.
12Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Eliasib.
Hatsotso wuievelia ƒe kplɔlae nye Yakim.
13Hatsotso wuietɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Hupa.
Hatsotso wuienelia ƒe kplɔlae nye Yesebeab.
14Hatsotso wuiatɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Bilga.
Hatsotso wuiadelia ƒe kplɔlae nye Imer.
15Hatsotso wuiadrelia ƒe kplɔlae nye Hezir.
Hatsotso wuienyilia ƒe kplɔlae nye Hapizez.
16Hatsotso wuiasiekelia ƒe kplɔlae nye Petahia.
Hatsotso blaevelia ƒe kplɔlae nye Hezekiel.
17Hatsotso blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Yakin.
Hatsotso blaeve-vɔ-evelia ƒe kplɔlae nye Gamul.
18Hatsotso blaeve-vɔ-etɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Delaya
eye hatsotso blaeve-vɔ-enelia ƒe kplɔlae nye Mazia.
19Hatsotso ɖe sia ɖe wɔ eƒe dɔdeasi le gbedoxɔ la me abe ale si Mawu ɖoe da ɖi to wo fofo Aron dzi ene.
Levitɔ bubuawo
20Levitɔwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔ bubuwoe nye esiawo:
Yehdeia dzɔ tso Amram me to Sebuel dzi;
21Isia nye Rehabia ƒe dzidzimevi;
22Yahat nye Izhar ƒe dzidzimevi to Selomot dzi;
23Hebron viwoe nye:
Yeria nye gbãtɔ, Amaria nye evelia, Yahaziel nye etɔ̃lia eye Yekameam nye enelia.
24Samir nye Uziel ƒe dzidzimevi to Mika dzi;
25Zekaria nye Uziel ƒe dzidzimevi to Isia, Mika nɔvi dzi;
26Mahli Musi kple Yaazia nye
Merari ƒe dzidzimeviwo;
27Viŋutsu etɔ̃ nɔ Yaazia si;
woawoe nye: Soham, Zakur kple Ibri;
28Mahli dzi Eleazar ke eya medzi ŋutsuvi aɖeke o.
29Kis ƒe viŋutsuwoe nye Yerameel.
30Vi etɔ̃, Mahli, Eder kple Yeremot nɔ Musi si.
31Wodzidze nu hafi de dɔ asi na wo abe Aron ƒe dzidzimeviwo ene; womebu woƒe tsitsi alo ɖoƒe ŋu o. Wowɔe le Fia David, Zadok, Ahimelek kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Levitɔwo ŋkume.

¿Sabías que…?
Organización de los sacerdotes y levitas
- Como los dos hijos mayores de Aarón, Nadab y Abiú, murieron sin hijos tras ofrecer fuego no autorizado, solo las líneas de Eleazar e Itamar continuaron el sacerdocio. El rey David organizó a estos descendientes en veinticuatro turnos, dieciséis de Eleazar y ocho de Itamar, para atender el santuario.Fuentes: el propio texto bíblico · Eleazar · Ithamar · Nadab
- Para asegurar la equidad entre ambas ramas sacerdotales, el orden de servicio se determinó por sorteo ante el rey David, Sadoc y Ahimelec. El escriba Semaías, un levita, registró por escrito el nombre de cada familia conforme salía su turno.Fuentes: el propio texto bíblico · Zadok · Ahimelech
- Los clanes levitas restantes, incluidos los descendientes de Coat y Merari, también recibieron sus tareas mediante sorteo. La asignación se llevó a cabo con imparcialidad, tratando por igual a los jefes de familia y a sus hermanos menores.Fuentes: el propio texto bíblico · Merari
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Holy Place · Hoy: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículo 5
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org