Nations Bible

1 Crónicas 23

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Levitɔwo

1Esi David tsi, ku amegã eye wòxɔ ƒe geɖe la, etsɔ Via ŋutsu Solomo ɖo Fiae ɖe Israel nu. 2Eyɔ dukplɔlawo, nunɔlawo kple Levitɔwo katã le Israel ƒo ƒu hena fiaɖoɖo ƒe wɔnawo. 3Woxlẽ Levitɔ siwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔwo eye wode ame akpe blaetɔ̃-vɔ-enyi (38,000).

4David gblɔ be, “Ame siawo dometɔ akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) akpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu dzi eye ame akpe ade (6,000) nanye dɔnunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo. 5Ame akpe ene (4,000) anye agbonudzɔlawo eye akpe ene (4,000) nakafu Yehowa kple haƒonu siwo metsɔ na mi hena Mawu kafukafu.”

6Le esia megbe la, ema wo ɖe akpa gã etɔ̃ me. Etsɔ Levi ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwo na mamawo eye wozu Gerson ƒe ha, Kohat ƒe ha kple Merari ƒe ha.

Gerson ƒe viwo

7Woma Gerson ƒe viwo hã ɖe akpa eve me

eye wotsɔ Gerson ƒe viwo Ladan kple Simei ƒe ŋkɔwo na wo.

8Ladan ƒe viŋutsuwoe nye,

Yehiel, ame si nye gbãtɔ, Zetam kple Yoel. Wo ame etɔ̃e.

9Simei ƒe viŋutsuwoe nye,

Selomot, Haziel kple Haran. Wo ame etɔ̃e. Ame siawoe nye Ladan ƒome la ƒe tatɔwo.

10Simei ƒe viŋutsuwoe nye:

Yahat, Ziza, Yeus kple Beria.

Ame siawoe nye Simei viwo. Wole ame ene.

11(Yahat nye viŋutsu gbãtɔ eye Ziza nye evelia. Ke Yeus kple Beria medzi viŋutsu geɖewo o eya ta woxlẽ wo abe ƒome ɖeka ene eye dɔdeasi ɖeka nɔ wo si.)

Kohat ƒe viwo

12Wogama Kohat ƒe viwo ƒe hlɔ̃wo ɖe akpa ene me eye wotsɔ Kohat ƒe viwo ƒe ŋkɔwo na wo:

Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.

13Amram ƒe viwoe nye Aron kple Mose. Wotia Aron kple viawo da ɖi hena nuwo ŋu kɔkɔ kple vɔsasa le Yehowa ŋkume.

Aron subɔna le Yehowa ŋkume eye wòyraa ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɣeawo katã ɣi. 14Wobu Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe viŋutsuwo ɖe Levitɔwo dome.

15Mose ƒe viŋutsuwoe nye,

Gersom kple Eliezer.

16Gersom ƒe dzidzimeviwoe nye,

Subael, ame si nye viŋutsu gbãtɔ.

17Eliezer ƒe vi:

Rehabia nye vi ɖekɛ kple gbãtɔ eye wònye hlɔ̃ la ƒe tatɔ.

(Eliezer megadzi vi aɖeke o, ke Rehabia viwo sɔ gbɔ ŋutɔ.)

18Izhar ƒe viwo ƒe tatɔe nye Selomit.

19Hebron ƒe viwo ƒe tatɔe nye,

Yeria, via eveliae nye Amaria,

etɔ̃liae nye Yahaziel eye eneliae nye Yekameam.

20Uziel ƒe vi gbãtɔe nye,

Mika eye eveliae nye Isia.

Merari ƒe viwo

21Merari ƒe viwoe nye,

Mahli kple Musi.

Mahli ƒe viwoe nye,

Eleazar kple Kis.

22Eleazar medzi viŋutsu aɖeke hafi ku o, via nyɔnuwo ɖe wo fofo nɔvi, Kis ƒe viŋutsuwo.

23Musi ƒe viwoe nye Mahli, Eder kple Yeremot.

24Le amexexlẽ la me la, woda Levi ƒe vi siwo katã xɔ ƒe blaeve kple edzivɔ la ɖe hlɔ̃ kple aƒekɔ siawo me eye woɖo na wo be woawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ la me 25elabena David gblɔ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la na ŋutifafa mí eye wòanɔ Yerusalem ɣe sia ɣi. 26Azɔ ya la, magahiã be Levitɔwo natsɔ Agbadɔ la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le eme la tso teƒe ɖeka ayi teƒe bubu o.” 27Levitɔwo xexlẽe nye nu mamlɛtɔ si David wɔ hafi ku.

28Levitɔwo ƒe dɔe nye be, woakpe ɖe Aron ƒe dzidzimeviwo ŋu le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe dɔwo wɔwɔ me. Woawoe akpɔ, xɔxɔnuawo, xɔŋuxɔewo, nu kɔkɔeawo ŋu kɔkɔ ƒe wɔnawo dzi kple dɔ bubuwo wɔwɔ le Mawu ƒe aƒe la me. 29Woawoe tsɔa ŋkumeɖobolo ɖoa kplɔ̃ dzi, tua wɔ hena nuɖuvɔsawo, mea akpɔnɔ kple amɔ maʋamaʋã, blua abolowɔ hemenɛ eye wokpɔa nudanuwo kple nudzidzenuwo katã dzi. 30Enɔ na wo hã be woatsi tsitre ada akpe, akafu Mawu ŋdi sia ŋdi. Woawɔ alea fiẽ sia fiẽ hã. 31Nenema kee woawɔ nenye be wole numevɔwo sam na Yehowa le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzi, Dzinu yeye ŋkekenyuiwo kple ŋkekenyui ɖoɖi bubuwo dzi. Enɔ na wo be woasubɔ le Yehowa ŋkume le agbɔsɔsɔ aɖe sinu me ɣe sia ɣi le ɖoɖo si wogblɔ ɖa ɖi na wo la nu.

32Ale Levitɔwo wɔa woƒe dɔdeasiwo le Agbadɔ la me, le Kɔkɔeƒe la me eye wowɔnɛ le wo nɔvi siwo nye Aron ƒe dzidzimeviwo la ƒe dzikpɔkpɔ te. Wowɔa dɔ siawo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

David Organiza a los Levitas

  • Un censo registró a 38.000 levitas de treinta años o más en Israel. David los distribuyó en funciones específicas: 24.000 para supervisar las labores de la casa del Señor, 6.000 como oficiales y jueces, 4.000 como porteros y 4.000 como músicos para alabar a Dios con instrumentos fabricados para ese propósito.Fuentes: el propio texto bíblico
  • Dado que el Señor otorgó reposo a Su pueblo y fijó Su morada en Jerusalén, los levitas ya no tenían que transportar el tabernáculo ni sus utensilios. David adaptó sus deberes para asistir a los sacerdotes descendientes de Aarón en el templo y en las alabanzas diarias, estableciendo la edad de servicio a partir de los veinte años.Fuentes: el propio texto bíblico · Jerusalem
  • Aunque Aarón y Moisés eran ambos hijos de Amram, del linaje de Coat, sus descendientes tuvieron funciones diferentes. Aarón y su linaje fueron consagrados para siempre al sacerdocio para quemar incienso y bendecir en el nombre del Señor, mientras que los descendientes de Moisés fueron integrados entre las familias levitas generales.Fuentes: el propio texto bíblico · Aaron · Moses

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 25

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.