1 Crónicas 16
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
1Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi Agbadɔ si David tu nɛ la me. Israel kplɔlawo sa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋkume.
2Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me 3eye wòtsɔ abolo, lãkɔ kple waintsetsebolo na Israelvi ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
4Etia Levitɔ aɖewo be woanɔ nublaɖaka la ŋgɔ anɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la kafum, anɔ akpe dam nɛ eye woanɔ eƒe yayra biam ɖe amewo dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ame siwo wode dɔ sia asi na la woe nye: 5Asaf, ameawo ƒe kplɔla, eyae ƒoa gakogoe. Eƒe hadɔwɔlawoe nye: Zekaria, Yeiel, Semiramɔt, Yehiel, Matitia, Eliab, Benaya, Obed Edom kple Yeiel. Woawoe ƒoa saŋkuwo kple kasaŋkuwo. 6Nunɔla Benaya kple Nunɔla Yahaziel kua kpẽ le nubablaɖaka la ŋgɔ gbe sia gbe.
David ƒe akpedaha
7Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo nue nye Asaf.
8Wodzi ha be: Mida akpe na Yehowa
Miyɔ eƒe ŋkɔ eye miɖe gbeƒã nu
siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.
9Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ,
Miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo;
10Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu,
mina ame siwo dia Yehowa la
ƒe dzi natso aseye.
11Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,
Midi eƒe ŋkume ɖaa.
12Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ,
eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi.
13O Israel, eƒe dɔla ƒe dzidzimeviwo,
O Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia.
14Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu!
Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi.
15Eɖoa ŋku eƒe nubabla
kple se siwo wòde na dzidzime akpewo la dzi ɖaa,
16Eƒe nu si wòbla kple Abraham,
kple atam si wòka na Isak la dzi.
17Eɖo kpe edzi na Yakob
Abe sedede ene eye
na Israel abe nubabla mavɔ ene be:
18“Wòe matsɔ Kanaanyigba la na,
abe wò domenyinu ene!”
19Esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko,
Womesɔ gbɔ o eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la,
20Esime wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me
Tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me la,
21Yehowa meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o
Eka mo na fiawo le wo ta
22Mawu gblɔ na fia mawo be,
“Migaka asi nye amesiaminawo o
eye migawɔ nuvevi nye nyagblɔɖilawo o.”
23Oo, anyigba, midzi ha na Yehowa,
Miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ le dukɔwo dome gbe sia gbe,
24Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome
kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome.
25Elabena Yehowa lolo eye wòdze kafukafu ŋutɔ;
ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã. 26Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo.
Ke Yehowae wɔ dziƒowo.
27Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ eye ŋusẽ
kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me.
28O mi dukɔwo ƒe ƒomewo,
mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa.
29Ɛ̃, mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ.
Mido ɖe eŋkume kple nunana.
Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atyɔ̃ me.
30Mi anyigbawo katã, midzo nyanyanya le eŋkume.
Eɖo xexea gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o.
31Dziƒowo, mitso aseye, anyigba nedzɔ dzi.
Wonegblɔ le dukɔwo dome be,
“Yehowae le fia ɖum.”
32Atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe
eye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye!
33Ekema avemetiwo katã adzi ha
Woadzi ha kple dzidzɔ le Yehowa ŋkume,
Elabena egbɔna be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba.
34Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo
Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
35Mido ɣli be, “Oo Mawu, mia Ɖela, ɖe mí,
Ƒo mía nu ƒu eye nàɖe mí tso dukɔwo ƒe asi me.
Be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la,
Be míadzɔ dzi le wò kafukafu me.”
36Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la
Tso mavɔ me yi mavɔ me.
Tete ameawo katã xɔ ɖe edzi be, “Amen, mikafu Yehowa.”
37David tia Asaf kple nɔvia Levitɔwo be woawɔ subɔsubɔdɔ ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ eye woawɔ nu sia nu si hiã na wɔwɔ la gbe sia gbe. 38Ame siwo wode dɔ sia asi na la, woe nye: Obed Edom, Yedutun ƒe vi, Hosa kple wo nɔvi blaade-vɔ-enyi, ame siwo nye agbonudzɔlawo.
39Wogawɔa Yehowa ƒe Agbadɔ xoxo si nɔ Gibeon to la dzi la ŋu dɔ. David gble Nunɔla Zadok kple Nunɔla bubuawo ɖi be woasubɔ Yehowa le afi ma. 40Wosa numevɔ na Yehowa ŋdi sia ŋdi, fiẽ sia fiẽ le numevɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo na Israel ene. 41David gatia Heman kple Yedutun kple ame bubu aɖewo, ame siwo ŋkɔwo wode dzesi la be woada akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve si li ɖaa la ta. 42Heman kple Yedutun kua woƒe kpẽwo eye woƒoa woƒe gakogoewo kpena ɖe hadzidzi ŋu eye kafukafu dea dzi na Yehowa bobobo. Wotia Yedutun ƒe viwo wozu agbonudzɔlawo.
43Esi aseyetsotso la wu enu eye ame sia ame trɔ yi eƒe aƒe me la, David hã trɔ yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo.

¿Sabías que…?
Adoración y acción de gracias ante el arca
- Mientras el arca del pacto se instalaba en una tienda en Jerusalén bajo el ministerio diario de Asaf y sus compañeros levitas, el tabernáculo y el altar de holocaustos permanecieron en el lugar alto de Gabaón, donde el sacerdote Sadoc, Hemán y Jedutún realizaban los sacrificios matutinos y vespertinos según la ley.Fuentes: el propio texto bíblico · Gibeon · Heman · Jeduthun (Ethan)
- David organizó un grupo formal de músicos levitas equipados con arpas, liras, címbalos y trompetas, nombrando a Asaf como músico principal. La tradición bíblica posterior atribuye varios salmos (Salmos 50 y 73–83) a Asaf y lo reconoce como músico y vidente.Fuentes: el propio texto bíblico · Asaph (Levite)
- Tras los sacrificios y las bendiciones por la llegada del arca, David ofreció una porción festiva para toda la asamblea, repartiendo una hogaza de pan, un pastel de dátiles y un pastel de pasas a cada hombre y mujer presente.Fuentes: el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org