Nations Bible

1 Crónicas 15

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Wotsɔ Nubablaɖaka la va Yerusalem

1Esi David wu xɔtutu nu na eɖokui le David ƒe Du la me vɔ la, edzra teƒe aɖe ɖo na Mawu ƒe nubablaɖaka la, hetu agbadɔ nɛ 2eye wòde se be, “Ne mietsɔ nubablaɖaka la va da ɖe eƒe nɔƒe yeyea la, Levitɔwo koe atsɔe elabena woawoe Yehowa tia na dɔ sia wɔwɔ; woawoe awɔ subɔsubɔdɔ nɛ tegbetegbee.”

3Le esia megbe la, David yɔ Israel dukɔ blibo la va Yerusalem be woaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe teƒe si wòdzra ɖo ɖi nɛ.

4Eyɔ Aron ƒe dzidzimeviwo kple Levitɔwo ƒo ƒu:

5Ame alafa ɖeka blaeve (120) tso Kohat ƒe viwo dome,

woƒe Nunɔlae nye Uriel.

6Ame alafa eve blaeve (220) si nu,

Asaya nɔ la tso Merari ƒe viwo dome.

7Ame alafa ɖeka blaetɔ̃ (130) siwo nu,

Yoel nɔ la, tso Gerson ƒe viwo dome.

8Ame alafa eve (200) siwo nu,

Semaya nɔ la, tso Elizafan ƒe viwo dome.

9Ame blaenyi, ame siwo nu,

Eliel nɔ la tso Hebron ƒe viwo dome,

10eye ame alafa ɖeka wuieve (112) siwo nu,

Aminadab nɔ la tso Uziel ƒe viwo dome.

11David yɔ Zadok kple Abiata, ame siwo nye Nunɔlagãwo kple Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab, ame siwo nye Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo 12eye wògblɔ na wo be, “Miawoe nye Levitɔwo ƒe kplɔlawo. Azɔ la, mi kple mia nɔviwo katã mikɔ mia ɖokuiwo ŋu ale be miatsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va teƒe si medzra ɖo ɖi nɛ. 13Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia ŋu esi mienɔ nubablaɖaka la kɔm elabena esi mi Levitɔwo míenɔ anyi gbe ma gbe o la, míebia Yehowa se nu si miawɔ la o.” 14Ale Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋuti hedzra ɖo ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ gbɔe ŋu. 15Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la ɖe abɔta kple etsɔtiwo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la tututu.

16Fia David na Levitɔwo ƒo ƒu hadzilawo nu eye wodzi ha sesĩe kple dzidzɔ ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo ƒe ɖiɖi ŋu. 17Ame siwo kpɔ hadzidzi kple nu siwo woƒo kpe ɖe eŋu dzi la woe nye Heman, Yoel ƒe vi kple Asaf, Berekia ƒe vi kple Etan, Kusaya ƒe vi, tso Merari ƒe viwo dome. 18Woƒe kpeɖeŋutɔwoe nye Zekaria, Yaaziel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom kple Yeiel, ame siwo nye agbonudzɔlawo.

19Wotia Heman, Asaf kple Etan be woaƒo akɔbligakogoewo 20eye wotia ame enyi siawo: Zekaria, Ariel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Maaseya kple Benaya be woaƒo kasaŋku gbevitɔwo ɖe alamot ƒe gbeɖiɖi nu. 21Ame siwo wotia be woaƒo kasaŋku gbegãtɔwo ɖe seminit ƒe gbeɖiɖi nu woe nye: Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom, Yeiel kple Azazia. 22Hadoɖalae nye Kenania, Levitɔwo Nunɔla; wotiae ɖe eƒe nunya ta. 23Berekia kple Elkana nye nubablaɖaka la ŋu dzɔlawo. 24Sebania, Yosafat, Netanel, Amasai, Zekaria, Benaya kple Eliezer, ame siwo katã nye nunɔlawo la, nye kpẽkulawo eye wonɔ ŋgɔ na ameawo katã. Obed Edom kple Yehia dzɔ nubablaɖaka la ƒe agbo ŋu.

25Ale David kple Israel ƒe dumegãwo kple ame akpewo ƒe aʋafiawo yi Obed Edom ƒe aƒe me be woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso afi ma kple aseyetsotso. 26Esi Yehowa kpe ɖe Levitɔ siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu ta la, wotsɔ nyitsu adre kple agbo adre sa vɔe. 27Azɔ la, David do awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi; nenema kee nye Levitɔ siwo tsɔ nubablaɖaka la. Nenema kee nye hadzilawo kple Kenania hã, ame si nɔ hadzihawo nu. David ya do aklala si nɔ biɖibiɖi ƒe kɔmewu ɖe etɔ dzi. 28Ale Israel katã tsɔ dzidzɔɣlidodo, lãdzowo kple kpẽwo kuku, gakogoewo kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒoƒo sesĩe tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi Yerusalem.

29Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe Du la me la, Saul ƒe vinyɔnu, Mixal, nɔ wo kpɔm to fesre nu eye esi wòkpɔ Fia David wònɔ ɣe ɖum, nɔ aglo tum kple dzidzɔ la, edo vloe le eƒe dzime.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

El traslado del arca a Jerusalén

  • David reconoció que el intento anterior había fracasado por no haber seguido el orden debido prescrito por Dios. En esta ocasión, reunió a los levitas para que se consagraran y llevaran el arca de Dios sobre sus hombros con varas, tal como Moisés había ordenado.Fuentes: el propio texto bíblico
  • La procesión contó con una orquesta y un coro levítico organizados con precisión. Los músicos tocaban címbalos de bronce, liras según Seminit y arpas según Alamot, mientras sacerdotes designados tocaban trompetas delante del arca.Fuentes: el propio texto bíblico · Zechariah · Benaiah

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • City of David · 31.774, 35.236 · versículos 1, 29
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 3, 14, 25

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.