Nations Bible

1 Crónicas 12

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.

Aʋawɔlawo va kpe ɖe David ŋu

1Ame siawoe nye aʋawɔla siwo va kpe ɖe David ŋu le Ziklag esi wonyae le Saul, Kis ƒe vi la ƒe ŋkume. Woawoe nye kalẽtɔ siwo kpe ɖe eŋu le aʋawɔwɔ me. 2Wo katã lé aŋutrɔwo ɖe asi, wonye aŋutrɔdala kple akafodala nyuiwo eye wowɔa mia kple ɖusi siaa ŋu dɔ sɔsɔe. Wo katã wotso Benyamin ƒe to la me abe Saul ke ene.

3Ame siawo Nunɔlae nye Ahiezer kple Yoas, Semaa tso Gibea ƒe viŋutsuwo. Bubuwoe nye:

Yeziel kple Pelet, Azmavet ƒe viwo,

Beraka Yehu tso Anatɔt, 4Ismaya tso Gibeon, kalẽtɔ kple kplɔla na Ame Blaetɔ̃awo;

Yeremia, Yahaziel, Yohanan, Yozabad tso Gederat, 5Eluzai, Yerimot, Bealia, Semeria, Sefatia tso Haruf;

6Elkana, Isia, Azarel, Yoezer kple Yasobeam, ame siwo katã nye Korah ƒe viwo;

7Yoela kple Zebadia, Yeroham, ame siwo tso Gedor ƒe viŋutsuwo.

8Aʋawɔla kalẽtɔ aɖewo siwo tso Gad ƒe viwo dome hã yi David gbɔ le gbedzi. Wowɔa akpoxɔnu kple akplɔ siaa ŋu dɔ nyuie. Woƒe mo le abe dzata tɔ ene eye woɖea abla abe zi ene le towo dzi.

9Ezer nye woƒe tatɔ,

Obadia nye evelia, etɔlia nye Eliab.

10Mismana nye enelia, Yeremia nye atɔ̃lia,

11Atai nye adelia, Eliel nye adrelia,

12enyiliae nye Yohanan; asiekeliae nye Elzabad;

13ewoliae nye Yeremia eye wuiɖekɛliae nye Makbanai.

14Gad ƒe vi siawoe nye aʋafiawo; ame alafa ɖeka mate ŋu anɔ te ɖe wo dometɔ gblɔetɔ nu o eye wo dometɔ sesẽtɔ ate ŋu anɔ te ɖe ame akpe nu. 15Woawoe nye ame siwo tso Yɔdan tɔsisi la le dzinu gbãtɔ me esi wòɖɔ gbagba eye wonya ame siwo katã nɔ balia me la ɖe du nu. Ɖewo si to ɣedzeƒe eye ɖewo hã si to ɣetoɖoƒe.

16Aʋawɔla bubuwo tso Benyamin ƒe viwo kple Yuda ƒe viwo dome ame siwo hã va de David dzi le eƒe mɔ sesẽ la me. 17David yi ɖakpe wo eye wògblɔ na wo be, “Ne mieva le ŋutifafa me be yewoakpe ɖe ŋunye la, ekema mele klalo be mawɔ ɖeka kpli mi ke ne mieva be yewoadem asi na nye futɔwo, le esime nye asiwo mewɔ vɔ̃ aɖeke o la, ekema mía fofowo ƒe Mawu nakpɔe eye wòadrɔ̃ ʋɔnu mi.”

18Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Amasai, Ame Blaetɔ̃awo ƒe tatɔ dzi eye wògblɔ be,

“Oo David, tɔwòwoe míenye!

Oo Yese viŋutsu, míeli kpli wò!

Ŋutifafa, ŋutifafa na wò

eye ŋutifafa na ame siwo kpena ɖe ŋuwò,

elabena wò Mawu la akpe ɖe ŋuwo.”

Ale David xɔ wo eye wòtsɔ wo ɖo eƒe adzohawo nu.

19Ŋutsu aɖewo tso Manase ƒe to la me ame siwo si va de David dzi esi wònɔ Filistitɔwo gbɔ be wòawɔ aʋa kple Saul. (Eya kple eƒe ameawo mekpe ɖe Filistitɔwo ŋu o elabena le aɖaŋudede megbe la, Filistitɔwo ƒe fiawo na wòtrɔ dzo. Wogblɔ be, “Woava tso ta le mía nu nenye be esi yi eƒe aƒetɔ Saul gbɔ.”) 20Manase ƒe vi siwo va kpe ɖe David ŋu esi wòyi Ziklag la woe nye: Adna, Yozabad, Yediael, Mikael, Yozabad, Elihu kple Ziletai. Ame siawo katã nye ame akpewo nunɔlawo le Manase. 21Wokpe ɖe David ŋu wòɖu adzohawo dzi elabena wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo eye wonye aʋafiawo le eƒe asrafoha me. 22Tso ŋkeke yi ŋkeke la, ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu va se ɖe esime aʋakɔ gã aɖe va ɖo esi, si le abe Mawu ƒe aʋakɔ ene.

Ame bubuwo va kpe ɖe David ŋu le Hebron

23Ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu le Hebron eye wodi vevie be David naɖu fia ɖe Saul teƒe abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Ame siawoe nye:

24Ame akpe ade alafa enyi (6,800) tso Yuda; woglã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnuwo kple akplɔwo;

25aʋawɔla sesẽ akpe adre alafa ɖeka (7,100) tso Simeon ƒe viwo dome;

26ame akpe ene alafa ade (4,600) tso Levi ƒe viwo dome. 27Aron ƒe dzidzimeviwo ame akpe etɔ̃. Ame siwo nɔ Yehoiada ƒe kpɔkplɔ te la nye ame akpe etɔ̃ alafa adre (3,700) 28Zadok kple eƒe ƒometɔ blaeve-vɔ-eve nye amegãwo le nunɔlawo dome.

29Ame akpe etɔ̃ (3,000) tso Benyamin ƒe viwo, ame siwo me Saul dzɔ tso la dome. Benyamin ƒe vi geɖewo ganɔ Saul yome va se ɖe ɣe ma ɣi.

30Aʋawɔla sesẽ akpe blaeve alafa enyi (20,800) tso Efraim ƒe viwo dome; wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ le eƒe hlɔ̃ me.

31Woɖo ame akpe wuienyi (18,000) ɖa tso Manase ƒe viwo ƒe afã me be woakpe ɖe David ŋu wòazu fia.

32Kplɔla alafa eve (200) kple woƒe ƒometɔwo tso Isaka ƒe viwo dome. Ame siawo nya nu si tututu dze be Israel nawɔ.

33Ame akpe blaatɔ̃ (50,000) tso Zebulon ƒe viwo dome. Wohe wo katã nyuie eye wonɔ David yome kple dzi blibo.

34Aʋamegã akpe ɖeka (1,000) kple aʋawɔla akpe blaetɔ̃-vɔ-adre (37,000), ame siwo glã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnu kple akplɔ la, tso Naftali ƒe viwo dome.

35Ame akpe blaeve-vɔ-enyi, alafa ade (28,600) tso Dan ƒe viwo dome. Wo katã wodzra ɖo na aʋawɔwɔ.

36Ame akpe blaene (40,000) tso Aser ƒe viwo dome. Wohe wo nyuie eye wonɔ klalo na aʋawɔwɔ.

37Ame akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) tso Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ, afi si Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nɔ. Woawo tsɔ aʋawɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe asi.

38Ame siawo katã do aʋawɔwu heyi Hebron kple taɖodzinu ɖeka sia be David nazu Israel fia. Le nyateƒe me la, Israel blibo la nɔ klalo be David naɖu fia.

39Woɖu nu eye wono nu kple David ŋkeke etɔ̃ elabena wodzra ɖo na woƒe vava. 40Kpuiƒetsolawo kple ame siwo tso didiƒe ke abe Isaka, Zebulon kple Naftali ene la tsɔ nuɖuɖu ɖe tedziwo, kposɔwo kple nyiwo dzi vɛ. Wotsɔ wɔ, akpɔnɔ, waintsetse, wain, ami, nyiwo kple alẽwo vɛ hena kplɔ̃ɖoɖo elabena dzidzɔ yɔ Israel ƒe anyigba blibo la dzi.

Ilustración artística: una interpretación, no un registro histórico.

¿Sabías que…?

Guerreros se unen para coronar a David

  • Incluso cuando David se ocultaba del rey Saúl en Siclag, guerreros de la propia tribu de Benjamín desertaron para apoyarlo. Estos soldados se distinguían por ser ambidiestros, capaces de lanzar piedras con honda y disparar flechas tanto con la mano derecha como con la izquierda.Fuentes: el propio texto bíblico · Saul · Ziklag
  • Un grupo de comandantes de la tribu de Gad se unió a David en el desierto tras realizar una audaz hazaña militar. Cruzaron el río Jordán en el primer mes del año, cuando desbordaba todas sus orillas, y pusieron en fuga a las tropas en los valles circundantes.Fuentes: el propio texto bíblico · Jordan
  • La concentración de todas las tribus en Hebrón para proclamar a David como rey culminó en una gran celebración de tres días. Habitantes de tribus norteñas como Isacar, Zabulón y Neftalí enviaron animales de carga con provisiones, entre ellas harina, tortas de higos, panes de pasas, vino, aceite y ganado.Fuentes: el propio texto bíblico · Hebron · Issachar

Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.

Lugares de este capítulo

  • Gibeon · Hoy: El Jib · 31.847, 35.183 · versículo 4
  • Jordan · Hoy: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 15, 31, 37
  • Hebron · Hoy: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · versículos 23, 38

Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Habla con nosotros

Cuéntanos desde dónde lees, cómo te ha ayudado la Biblia o qué podemos mejorar. Leemos todos los mensajes.