1 Crónicas 11
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toca un versículo para ver sus referencias cruzadas.
David zu fia ɖe Israel dzi
1Israel ha blibo la va ƒo ƒu ɖe David gbɔ le Hebron eye wogblɔ nɛ be, “Wò ŋutilã kple ʋue míenye. 2Tsã esi Saul nye fia gɔ̃ hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa, wò Mawu, gblɔ na wò be, ‘Wòe akplɔ nye dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.’ ”
3Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi abe ale si Yehowa gblɔ na Samuel ene.
David xɔ Yerusalem
4Le esia megbe la, David kple Israel blibo la ho aʋa ɖe Yerusalem, du si woyɔna tsã be Yebus la ŋu. Yebusitɔwo nye ame siwo nye anyigba la dzi nɔla gbãtɔwo. 5Wogblɔ na David be, “Màge ɖe afi sia o.” Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David ƒe Du.”
6David gblɔ be, “Ame sia ame si atre Yebusitɔwo sisi la, azu aʋafia.” Yoab, Zeruya ƒe viŋutsu dze Yebusitɔwo dzi gbã eye wòzu aʋafia la.
7David nɔ mɔ la me eya ta woyɔa du la ƒe akpa ma be, David ƒe Du. 8Ekeke du la ɖe edzi ƒo xlã mɔ la le esime Yoab gbugbɔ Yerusalem ƒe akpa mamlɛa tu. 9David ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ de dzi elabena Yehowa, Dziƒoʋĩtɔ la nɔ kplii.
David ƒe kalẽtɔwo
10David ƒe aʋawɔla xɔŋkɔtɔwo, ame siwo do ŋusẽ Israel ƒe kplɔlawo be woatsɔ David aɖo fiae abe ale si Yehowa gblɔ be ava eme ene la le ame etɔ̃. 11Wo dometɔ gbãtɔe nye Yasobeam, ŋutsu aɖe si tso Hakmon. Eyae nye Ame Sesẽ Etɔ̃awo, ame siwo nye aʋawɔla xɔŋkɔ etɔ̃awo le David ƒe aʋakɔ la me la kplɔla. Ewu ame alafa etɔ̃ kpɔ kple eƒe akplɔ le aʋakpekpe ɖeka me.
12Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ. 13Enɔ David ŋu le aʋa si Israelviwo wɔ kple Filistitɔwo le Pas Damim la me. Lu le agble aɖe me fũ le afi ma. Ke Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si le Filistitɔwo nu. 14Ke wotɔ ɖe agble la titina, hexɔe eye wowu Filistitɔwo. Yehowa na woɖu dzi gã aɖe.
15Le ɣe bubu ɣi la, David ƒe aʋafia blaetɔ̃awo dometɔ etɔ̃ yi David gbɔ le esime wòbe ɖe agado aɖe me le Adulam. Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim balime. 16David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ɖe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi. 17David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbonu la me vɛ nam la anyo ŋutɔ.” 18Ke ame etɔ̃awo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume. 19Egblɔ be, “Mawu nana nu sia wɔwɔ nate ɖa xaa tso gbɔnye. Ɖe mano ŋutsu siawo, ame siwo de woƒe agbe ke la ƒe ʋua?” Esi wode woƒe agbe xaxa me be woaku tsi la vɛ nɛ ta la, David menoe o.
20Abisai, Yoab nɔvi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ (300) kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene. 21Eyae nye tatɔ kple ame xɔŋkɔ le Ŋutsu Sesẽ Etɔ̃awo dome eye wòzu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã.
22Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la, wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza. 23Eye wòwu Egiptetɔ aɖe, ame si ƒe kɔkɔme anɔ mita eve kple afã. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ si tri abe abaladoti ene ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui.
24Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene. 25Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu.
26Aʋawɔla xɔŋkɔ bubu siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye:
Asahel, Yoab nɔvi;
Elhanan, Dodo ƒe vi tso Betlehem;
27Samɔt Haroritɔ,
Helez, Pelɔnitɔ,
28Ira, Ikes ƒe vi tso Tekoa;
Abiezer, tso Anatɔt;
29Sibekai tso Husat;
Ilai Ahohitɔ;
30Maharai tso Netofat;
Heled, Baana ƒe vi tso Netofat;
31Itai, Ribai ƒe vi, Benyamin tso Gibea;
Benaya tso Piratɔn;
32Hurai tso Gaas tɔʋu la gbɔ;
Abiel tso Arbat;
33Azmavet tso Baharum;
Eliahba tso Saalbɔn;
34Hasem ƒe viwo tso Gizon;
Yonatan, Sagee ƒe vi, tso Harar;
35Ahiam, Sakar ƒe vi, tso Harar;
Elifal, Ur ƒe vi,
36Hefer tso Mekerat;
Ahiya tso Pelɔn;
37Hezro tso Karmel;
Naarai, Ezbai ƒe vi;
38Yoel, Natan nɔvi;
Mibhar, Hagri ƒe vi;
39Zelek tso Amon, Naharai tso Beerot, ame si nye Zeruya vi,
Yoab ƒe aʋawɔnuwo tsɔla;
40Ira, tso Yatir;
Gareb tso Yatir;
41Uria, Hititɔ la;
Zabad, Ahlai ƒe vi;
42Adina, Siza ƒe vi, tso Ruben ƒe viwo dome eye wònɔ Ruben ƒe viwo kplɔla blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛawo dome;
43Hanan, Maaka ƒe vi;
Yosafat Mitnitɔ;
44Uzia, tso Asterat;
Sama kple Yeiel, Hotam ƒe viwo tso Aroer;
45Yediael, Simri ƒe vi
kple nɔvia Yoha, tso Tizi;
46Eliel tso Mahavi;
Yeribai kple Yosavia, ame siwo nye Elnaam ƒe viwo;
Itma tso Moab;
47Eliel; Obed kple Yaasiel tso Mezoba.
¿Sabías que…?
La Coronación de David y Sus Valientes
- Antes de que David la conquistara, Jerusalén era conocida como Jebús, una plaza fuerte cananea en el monte Sion que sus habitantes consideraban inexpugnable. David prometió el mando militar a quien encabezara el asalto, distinción que obtuvo su sobrino Joab.Fuentes: Jebus · Joab · el propio texto bíblico
- Cuando David expresó su anhelo de beber agua del pozo junto a la puerta de Belén, tres de sus principales guerreros atravesaron el campamento filisteo para conseguirla. Negándose a beber un agua obtenida a riesgo de sus vidas, David la derramó en tierra como ofrenda al Señor.Fuentes: Bethlehem · Jashobeam · Eleazar · el propio texto bíblico
- Benaías, hijo de Joiada, fue famoso por singulares hazañas bélicas, entre ellas matar a un león dentro de un foso en un día nevado y vencer a un imponente guerrero egipcio solo con una vara. David lo puso al mando de su guardia real.Fuentes: Benaiah · el propio texto bíblico
Notas escritas con ayuda de IA a partir de fuentes abiertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, dominio público) y revisadas antes de publicarse.
Lugares de este capítulo
- Hebron · Hoy: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · versículos 1, 3
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 4, 8
- City of David · 31.774, 35.236 · versículos 5, 7
- Zion · Hoy: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 5
- Valley of Rephaim · 31.763, 35.219 · versículo 15
- Bethlehem · 31.704, 35.208 · versículos 16, 17, 18, 26
- Moab · Hoy: Moab 1 · 31.181, 35.701 · versículos 22, 46
- Tekoa · Hoy: Khirbet Teku’a · 31.632, 35.210 · versículo 28
- Arabah · 30.417, 35.151 · versículo 32
- Ammon · 31.955, 35.934 · versículo 39
- Jattir · Hoy: Khirbet Attir · 31.352, 35.016 · versículo 40
- Zobah · 33.935, 36.151 · versículo 47
Solo aparecen lugares identificados con alta confianza (90 % o más según las fuentes académicas reunidas por OpenBible). Mapa de la época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa actual: © colaboradores de OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos y licencia de esta traducción
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fuente: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org