Nations Bible

Romans 16

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Gbedoname vovovowo

1Mele Foibe, mía nɔvinyɔnu, ame si nye subɔla le Kenkrea hamea me la kafum na mi. 2Mele biabiam tso mia si be miaxɔe abe ale si dze le Aƒetɔ la me ene, eye miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si ahiãe la me le mɔ sia mɔ si dze ame kɔkɔewo la nu. Elabena ekpe ɖe ame geɖewo ŋu le woƒe hiahiãwo me. Ekpe ɖe nye ŋutɔ hã ŋunye.

3Mido gbe na Priskila kple Akwila nam. Wonye nye hadɔwɔlawo le Kristo Yesu ƒe dɔ la me. 4Wotsɔ woƒe agbe de xaxa me ɖe tanye. Menye nye ɖeka koe le akpe dam na wo o, ke Kristo kple hame siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la hã le akpe dam na wo.

5Mido gbe na ame siwo katã kpea ta hesubɔa Mawu le woƒe aƒewo me la nam.

Mido gbe na xɔ̃nye vevi, Epeneto hã nam. Eyae nye ame gbãtɔ si zu Kristotɔ le Asia.

6Mido gbe na Maria hã, ame si wɔ dɔ sesĩe hekpe ɖe mía ŋu la nam.

7Andronika kple Yunia hã li; woawoe nye ƒonyemetɔ siwo nɔ gaxɔ me kplim la. Apostoloawo bua wo, eye wozu kristotɔ hafi meva zui. Mido gbe na wo nam.

8Mido gbe na Ampliato, ame si nye nye lɔlɔ̃tɔ le Aƒetɔ la me.

9Mido gbe na Urbano, míaƒe hadɔwɔla le Kristo me kple nɔvi lɔlɔ̃tɔ Stakis nam.

10Mido gbe na Apeles, ame si li ke le Kristo me la hã.

Mido gbe na ame siwo le dɔ wɔm le Aristobulo ƒe aƒe me la hã nam.

11Medo gbe na ƒonyemetɔ Herodion.

Mido gbe na kluvi siwo nye kristotɔwo le Narkiso ƒe aƒe me.

12Mido gbe na xɔ̃nye Trifena kple Trifosa, ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo.

Mido gbe na Persis lɔlɔ̃a, ame si wɔ dɔ sesĩe ŋutɔ na Aƒetɔ la.

13Medo gbe na Rufo, ame si Aƒetɔ la tia be wòanye ye ŋutɔ tɔ kple dadaa lɔlɔ̃a, ame si kpɔ dzinye abe danye ene.

14Mido gbe na Asinkrito, Flego, Hermes, Patroba, Herma kple nɔvi bubu siwo katã le wo gbɔ la.

15Migblɔ na Filologo, Yunia, Nereo kple nɔvia nyɔnu kple Olimpa kple kristotɔ bubu siwo katã le wo gbɔ la be medo gbe na wo.

16Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo nam.

Kristo ƒe hame siwo katã le afi sia la do gbe na mi katã.

17Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame siwo dea mama amewo dome, nana amewo ƒe xɔse trana, eye wofiaa nu siwo tsi tsitre ɖe nu siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o. 18Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie, eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu. 19Ke ame sia ame nya be miawo ya la, mienye nuteƒewɔlawo. Nu sia doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Medi be mianya nu tso nu si nyo la ŋu ɣe sia ɣi, eye miavo tso nu vɔ̃ ɖe sia ɖe me. 20Esusɔ vie ŋutifafa ƒe Mawu la nagbã Satana ɖe miaƒe afɔ te gudugudu. Míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe yayra nava mia dzi.

21Timoteo, nye hadɔwɔla kple Lukio, Yason kple Sosipatro, ame siwo nye ƒonyemetɔwo la do gbe na mi.

22Nye, Tertio, ame si le agbalẽ sia ŋlɔm la, nye hã medo gbe na mi abe mia nɔvi kristotɔ ɖeka ene.

23Gayo be mado gbe na mi. Eya ƒe amedzroe menye, eye hamea kpea ta le afii le eƒe aƒe me.

Erasto, ame si nye dugadzikpɔla kple Kuarto, nɔvi kristotɔ aɖe hã do gbe na mi.

[ 24Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã. Amen.]

25Azɔ mikafu Mawu si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me la. Esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke. 26Ke azɔ la, abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔ, eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la de se ene la, wole gbeƒã ɖem na dukɔwo katã be woaxɔe ase, eye woaɖo to eya amea. 27Mawu, ame si ɖeka koe nye nunyala to Yesu Kristo dzi la tɔ nanye ŋutikɔkɔe la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Greetings to the church in Rome

  • Paul commends Phoebe, a servant of the church in Cenchrea, and asks the recipients in Rome to welcome her and help her with whatever she needs, because she has been a great help to many people, including him. Cenchrea was the eastern harbor of Corinth, about nine miles east of the city and the outlet for its trade with the Asiatic shores of the Mediterranean; Easton's Bible Dictionary (1897) says she was probably the bearer of this letter.Sources: the Bible text itself · Phebe · Cenchreae
  • Paul greets Prisca and Aquila, his fellow workers in Christ Jesus, who risked their lives for him, and also the church that meets in their house; he says that not only he but all the churches of the Gentiles are grateful to them. Easton's Bible Dictionary (1897) calls her Priscilla and describes Aquila as a tent-maker from Pontus who, with his wife, left Rome because of a decree of Claudius in A.D. 50 commanding all Jews to leave the city; her name sometimes comes before his, as it does here.Sources: the Bible text itself · Priscilla · Aquila
  • Near the close, Tertius, who wrote the letter down, adds his own greeting. Gaius, who has hosted Paul and all the church, also sends greetings, as do Erastus, the city treasurer, and Quartus.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Cenchreae · Today: Kechries · 37.884, 22.997 · verse 1
  • Asia · 38.400, 28.300 · verse 5

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.