Nations Bible

Revelation 12

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Nyɔnu la kple ʋɔ driba la

1Dzesi gã wɔnuku aɖe dze le dziƒo. Nyɔnu aɖe si ta ɣe abe avɔ ene, ɣleti le eƒe afɔ te, eye wòɖɔ fiakuku si ŋu ɣletivi wuieve le la va do. 2Fu nɔ eƒo, eye wònɔ ɣli dom esi wònɔ ku lém be yeadzi vi. 3Emegbe la, dzesi bubu gadze le dziƒo: ʋɔ driba gã dzẽ aɖe si to ta adre, dzo ewo, eye fiakuku adre le tawo nɛ la va do. 4Eƒe asike kplɔ ɣletivi siwo le dziŋgɔli ŋu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka, eye wòhe wo ƒu gbe ɖe anyigba. Ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe nyɔnu si nɔ ku lém la ŋkume, eye wòle klalo be yeavuvu vidzĩ si nyɔnu la adzi la. 5Nyɔnu la dzi ŋutsuvi, ame si ava aɖu dukɔwo katã dzi kple gatikplɔ. Tete woxɔ ɖevi la le esi kaba tsɔ yi ɖe Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔe. 6Emegbe la, nyɔnu la si yi gbedzi le teƒe si Mawu dzra ɖo ɖi nɛ, afi si woakpɔ eta le hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade (1,260).

7Eye aʋa dzɔ le dziƒo. Maikel kple eƒe mawudɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la, eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo hã wɔ aʋa kpli wo. 8Ke ʋɔ driba la ƒe ŋusẽ metri akɔ o, ale wobu woƒe nɔƒe le dziƒo. 9Wotsɔ ʋɔ driba gã la, da xoxo si woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃ alo Abosam, ame si kplɔ xexea me katã trae la ƒu gbe. Wotsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖe anyigba.

10Tete mese gbe sesẽ aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be,

“Azɔ ko míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe,

ŋusẽ kple fiaɖuƒe la kple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo,

elabena wotsɔ mía nɔviawo nu tsola,

ame si nɔa wo nu tsom zã kple keli le Mawu ŋkume la ƒu gbe ɖe anyigba.

11Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me.

Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o,

12eya ta dzi nedzɔ mi,

mi dziƒowo kple mi ame siwo nɔ wo me la!

Ke baba na anyigba kple atsiaƒu,

elabena Abosam ɖi va mia gbɔ!

Dzi le ekum vevie,

elabena enyae be yeƒe ɣeyiɣi la le kpuie.”

13Esi ʋɔ driba la kpɔ be wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu si dzi ŋutsuvi la yome. 14Wotsɔ hɔ̃ gã aɖe ƒe aʋala eveawo na nyɔnu la, ale be wòate ŋu adzo ayi ɖe teƒe si wodzra ɖo ɖi nɛ le gbedzi, afi si woakpɔ eta le hena ɣeyiɣi aɖe, ɣeyiɣiwo kple ɣeyiɣi afã le afi si ʋɔ driba la mate ŋu ade o la. 15Tete ʋɔ driba la tu tsi to eƒe nu me, esi ɖuɖu abe tɔsisi ene, ne wòaɖɔ alé nyɔnu la, eye tɔsisi la nakplɔe adzoe. 16Ke anyigba la kpe ɖe nyɔnu la ŋu esi wòke eƒe nu hemi tɔsisi si ʋɔ driba la tu to eƒe nu me la. 17Dzi ku ʋɔ driba la vevie ɖe nyɔnu la ŋu, eye wòyi be yeaɖawɔ aʋa kple eƒe dzidzimevi mamlɛawo, ame siwo ɖoa to Mawu kple eƒe sededewo, eye wolé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi me ɖe asi sesĩe la.

Did you know?

The Woman, the Dragon, and War in Heaven

  • In this chapter the huge red dragon is named outright as the ancient serpent called the devil and Satan, the deceiver of the whole world. Easton's Bible Dictionary (1897) explains that Satan means adversary or accuser, and that in the New Testament the name is used interchangeably with devil. A voice in heaven then calls him the accuser of our brothers, who accuses them day and night before God.Sources: the Bible text itself · Satan
  • Michael and his angels fight the dragon in this chapter. Easton's Bible Dictionary (1897) calls Michael one of the chief angels and says he had special charge of Israel as a nation. The same entry links him with the old serpent called the devil and Satan, who deceives the whole world, citing Revelation 12:7-9.Sources: the Bible text itself · Michael
  • Easton's Bible Dictionary (1897) lists the dragon and the old serpent among Satan's titles, citing Revelation 12:9. The chapter itself moves between those images: after the dragon is hurled down, the woman is given two wings of a great eagle to flee the serpent, and water like a river pours from the serpent's mouth to sweep her away.Sources: Satan · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.