Revelation 11
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Ɖasefo eveawo
1Wotsɔ aƒla si le abe nudzidzeti ene la nam, eye wogblɔ nam be, “Yi nàdzidze Mawu ƒe gbedoxɔ la kple vɔsamlekpui la, eye nàxlẽ mawusubɔla siwo le afi ma la. 2Ke ɖe xɔxɔnu si le gbedoxɔa ŋuti la le eme; mègadzidzee o, elabena wotsɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o. Woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blaene-vɔ-eve sɔŋ. 3Mana ŋusẽ nye ɖasefo eveawo, eye woata akpanya agblɔ nya ɖi hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade (1,260).” 4Esiawoe nye amiti eve kple akaɖiti eve siwo le tsitre ɖe anyigba la ƒe Aƒetɔ la ŋkume. 5Ne ame aɖe dze agbagba be yeawɔ nu vevi wo la, dzo dona le woƒe nu me hefiaa woƒe futɔwo. Aleae ame si di be yeawɔ nu vevi wo la akue. 6Ŋutsu siawo la, ŋusẽ le wo si be woatu dziŋgɔli, ale be tsi magadza le ɣeyiɣi si me wole nya gblɔm ɖi la o; ŋusẽ le wo si be woatrɔ tsiwo woazu ʋu, eye woada dɔvɔ̃ ƒomevi vovovowo ɖe anyigba dzi zi ale si wolɔ̃.
7Azɔ ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu la, lã si ado tso ʋe globo la me la ava wɔ avu kpli wo, aɖu wo dzi, eye wòawu wo. 8Woƒe ŋutilã kukuawo amlɔ du gã la ƒe mɔtatawo dzi, du gã si wona ŋkɔe le nyamenya nu be Sodom kple Egipte, afi si woklã woƒe Aƒetɔ la ɖe ati ŋu le.
9Amewo atso ƒome ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me akpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye woagbe be yewomaɖi wo o. 10Anyigbadzinɔlawo akpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo, elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya ame siwo le anyigba dzi la. 11Ke le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe ame kukuawo me, wotsi tsitre, eye ŋɔdzi gã aɖe lé ame siwo kpɔ wo la. 12Tete wose gbe gã aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Miva dziƒo afii.” Ale woyi dziƒo le lilikpo me, eye woƒe futɔwo da ŋku ɖe wo dzi.
13Le gaƒoƒo ma ke me la, anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe, eye du la ƒe mama ewo dometɔ ɖeka mu dze anyi; ame akpe adre (7,000) tsrɔ̃ le anyigbaʋuʋu la me. Ke ŋɔdzi lé agbetsilawo, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu dziƒoʋĩtɔ la. 14Babadodo evelia nu va yi, ke etɔ̃lia gbɔna kpuie.
Kpẽ adrelia kuku
15Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena,
“Xexea me ƒe fiaɖuƒe
la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe,
eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”
16Eye amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo, ame siwo nɔ woƒe fiazikpuiwo dzi le Mawu ŋkume la tsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Mawu, 17le gbɔgblɔm be,
“O Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, míeda akpe na wò,
wò ame si li fifia, eye nènɔ anyi kpɔ,
elabena èxɔ wò ŋusẽ triakɔ la,
eye nèdze dziɖuɖu gɔme.
18Dukɔwo le nyanyram,
eye wò dziku ɖiɖi va.
Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo,
eye woatu fe na wò dɔla,
nyagblɔɖilawo, wò ame kɔkɔeawo
kple ame siwo dea bubu wò ŋkɔ ŋuti la,
ame gblɔewo kple amegãwo siaa.
Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.”
19Emegbe la, woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo, eye wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba ʋuʋu, eye kpetsi gã aɖe dza.

Did you know?
The Two Witnesses and the Great City
- Revelation 11 says that the bodies of the two witnesses will lie in the street of the great city, figuratively called Sodom and Egypt, where their Lord was also crucified. A dictionary entry explains Sodom as Burning, or the walled, a city destroyed by fire from heaven because of its inhabitants' wickedness, a destruction that Scripture frequently recalls. Egypt, the land of the Nile and the pyramids, is likewise described as holding great significance in Scripture.Sources: the Bible text itself
- The two witnesses are empowered to prophesy for 1,260 days, clothed in sackcloth. They are the two olive trees and the two lampstands that stand before the Lord of the earth, and they have power to shut the sky so that no rain falls, to turn the waters into blood, and to strike the earth with every kind of plague.Sources: the Bible text itself
- When the two witnesses finish their testimony, the beast that comes up from the Abyss overpowers and kills them. For three and a half days, peoples, tribes, tongues, and nations view their bodies and will not permit them to be laid in a tomb, while the earth's inhabitants gloat over them, celebrate, and send one another gifts, because the two prophets had tormented them. After that, the breath of life from God enters them; they stand on their feet and go up to heaven in a cloud as their enemies watch.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org