Nations Bible

Mark 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Yesu da gbe le dɔnɔ aɖe ŋu le Sabat dzi

1Yesu gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum, eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma.

2Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã, ne wòwɔe la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu.

3Yesu yɔ amea be neva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. 4Etrɔ ɖe wo gbɔ hebia wo be, “Enyo be woawɔ dɔmenyo le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzia? Alo enye ŋkeke si dzi woawɔ nu nyui loo alo vɔ̃?” Ameawo katã zi kpi, eye womeɖo biabia siawo ƒe ɖeke ŋu nɛ o. 5Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo.

6Esi Farisitɔwo kpɔ esia la, wotso enumake ɖawɔ ɖoɖo kple Herod dunyaheha, si de Roma dziɖuɖu dzi la le ale si woawɔ awu Yesu la ŋuti.

Yesu yɔ dɔ ame geɖewo le ƒuta

7Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖe aga heyi ƒua ta, eye ameha gã aɖe dze wo yome tso Galilea. 8Esi wose nu siwo katã Yesu nɔ wɔwɔm ta la, ame geɖe siwo tso Yudea, Yerusalem, Idumea kple nuto siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ kple Tiro kple Sidon nutowo me hã va.

9Yesu vɔ̃ be ameawo ava mimi ye ɖo, eya ta ebia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woadi ʋu sue aɖe ada ɖi, ale be ne ameawo mimi ye ɖo fũu akpa la, yeage ɖe eme ado le wo dome, 10elabena eda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu gbe ma gbe ale gbegbe be dɔnɔ bubuwo ƒo zi ɖe eŋu fũu henɔ didim be yewoaka asi eŋu ko.

11Nenye be ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la kpɔ Yesu la, wodzea anyi ɖe eƒe akɔme hedoa ɣli be, “Wòe nye Mawu ƒe Vi la,” 12gake Yesu dea se na wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye o.

Yesu tia eƒe nusrɔ̃la wuieveawo

13Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi, eye wòbia tso ame siwo wòtia la si be woava do go ye le afi ma, eye woyi. 14Azɔ la, etia ame wuieve be woanye apostolowo, ame siwo anɔ eŋuti gbeawo tsyo gbe, eye wòadɔ wo woayi aɖagblɔ mawunya na amewo, 15eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me.

16Ame wuieve siwo wòtia la ƒe ŋkɔwoe nye:

Simɔn (ame si wòna ŋkɔe be Petro),

17Yakobo kple nɔvia Yohanes, Zebedeo ƒe vi (siwo Yesu na ŋkɔe be, “dziɖegbe ƒe viwo”);

18Andrea,

Filipo,

Bartolomeo,

Mateo,

Toma,

Yakobo, Alfeo ƒe vi,

Tadeo,

Simɔn, ame si nye Zelote dunyahehamenɔla,

19kple Yuda Iskariɔt, ame si va dee asi.

Yesu kple Belzebul

20Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la, amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o la, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o. 21Esi eƒe ƒometɔwo se nya sia la, wova be yewoakplɔe ayi yewo gbɔe, elabena wobu be eƒe tagbɔe da.

22Gake Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo tso Yerusalem va afi ma la gblɔ be, “Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia si le eme lae le fu ɖem nɛ. Esia hã tae gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖoa toe ɖo.”

23Yesu yɔ ɖeklemiɖela siawo, hedo lo sia na wo be, “Aleke Satana agate ŋu atsi tsitre ɖe Satana ŋuti? 24Fiaɖuƒe si ma ɖe eve la, mate ŋu anɔ te o, agbã godoo. 25Aƒe si me mama kple dzrewɔwɔ le la hã mate ŋu anɔ te o. 26Ne Satana tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la, ekema mate ŋu anɔ te o, ke boŋ atsrɔ̃. 27Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ ƒe aƒe me, alɔ eƒe nunɔamesiwo adzoe o, negbe ɖeko wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo. 28Mele nyateƒe la gblɔm na mi be woatsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo kple woƒe busunyawo katã ake wo, 29ke ame sia ame si agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o. Ame sia wɔ nu vɔ̃ mavɔ.”

30Yesu gblɔ nya sia, elabena ameawo nɔ gbɔgblɔm be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.

Ame siwo nye Yesu ƒe ƒometɔ vavãwo

31Azɔ Yesu dada kple nɔviawo va aƒe si me wònɔ la godo, wodɔ ame aɖe be wòayɔe na wo. 32Ameha gã aɖe nɔ anyi ɖe egbɔ ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo di be yewoakpɔ wò le aƒea godo.”

33Yesu biae be, “Ame kae nye danye? Ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?”

34Etsa ŋku le ame siwo ƒo xlãe la dome godoo, eye wògblɔ be, “Ame siawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo! 35Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enye nɔvinye ŋutsu, nɔvinye nyɔnu alo danye.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Crowds, the Twelve, and the charge of Satan

  • Several of the men Jesus appointed as the twelve had been fishermen in Galilee. Simon, whom he named Peter, and his brother Andrew were from Bethsaida; James and John, sons of Zebedee, fished in partnership with Peter. Jesus called those brothers Boanerges, “Sons of Thunder”; Easton's Bible Dictionary (1897) says they were probably given that name because of their boldness and energy.Sources: Simon Peter · Andrew · James (Son of Zebedee) · the Bible text itself
  • People pressed in from Galilee, Judea, Jerusalem, Idumea, beyond the Jordan, and the region of Tyre and Sidon, having heard what Jesus was doing. Tyre and Sidon were ancient Phoenician cities on the Mediterranean; Sidon lay about twenty-five miles north of Tyre. Under the Romans, Judea was the southernmost of Palestine’s three divisions, set apart from Galilee.Sources: the Bible text itself · Tyre · Sidon · Judea
  • Scribes who had come down from Jerusalem said that Jesus was possessed by Beelzebul and that he drove out demons by the prince of the demons. He replied by asking how Satan can drive out Satan. Satan means “adversary” or “accuser”; in the New Testament the name is used interchangeably with the devil, and Easton's Bible Dictionary (1897) also calls him Beelzebub.Sources: the Bible text itself · Satan

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Galilee · 32.760, 35.527 · verse 7
  • Judea · Today: Judea 1 · 31.777, 35.234 · verse 7
  • Idumea · 31.525, 35.102 · verse 8
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 8, 22
  • Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verse 8
  • Sidon · Today: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · verse 8
  • Tyre · 33.271, 35.196 · verse 8

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.