Mark 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Yesu da gbe le lãmetututɔ aɖe ŋu
1Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wòɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du blibo la me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. 2Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũu kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke meganɔ ʋɔtrua nu hã o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la. 3Sẽe la, ŋutsu ene aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe. 4Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame, heɖiɖi dɔnɔ la kple eƒe aba ɖe ekɔme.
5Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu ayɔ dɔ wo nɔvi la, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!”
6Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ le woƒe dzi me be, 7“Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ɔ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?”
8Yesu nya nu si bum ameawo nɔ, eya ta egblɔ na wo enumake be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? 9Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò loo alo woagblɔ nɛ be, “Tso, kɔ wò aba ne nàzɔ azɔli?” ’ 10Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Egblɔ na lãmetututɔ la be, 11“Mele egblɔm na wò be tsi tre! Ŋlɔ wò aba nàyi aƒe me!”
12Ŋutsu la tso enumake, kɔ eƒe aba, eye wòzɔ to ameawo dome dzo. Ameawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, “Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!”
Yesu yɔ Mateo
13Yesu gado go yi ƒuta, eye wòfia nu ameha si kplɔe ɖo la. 14Esi wòzɔ yina la, eva ke ɖe Levi, Alfeo ƒe vi ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme.” Levi tso enumake, eye wòdze Yesu yome.
15Le fiẽ me la, Levi kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla geɖewo hã nɔ ame siwo wòkpe la dome, elabena ame siawo ƒomevi hã nɔ Yesu yome. 16Agbalẽfiala siwo tso Farisitɔwo dome la kpɔ Yesu wònɔ nu ɖum kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ale wobia eƒe nusrɔ̃lawo fewuɖutɔe be, “Nu ka ta miaƒe Aƒetɔ le nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔla kple dugadzɔla siawo ɖo?”
17Yesu se nya siwo gblɔm wonɔ la, ale wògblɔ na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ta, be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.”
Yesu ƒo nu le nutsitsidɔ ŋu
18Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna ɣe aɖewo ɣi. Gbe ɖeka esi wogatsi nu dɔ alea la, ame aɖewo va Yesu gbɔ va bia nu si ta eya ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o ɖo.
19Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo natsi nu adɔ, agbe nuɖuɖu le eƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋua? Gbeɖe, zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ ko la, womatsi nu adɔ o 20Gake ŋkeke aɖe li gbɔna, esi wole ŋugbetɔsrɔ̃ la kplɔ ge le wo gbɔ, ale woatsi nu adɔ.
21“Menyo be woatsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, elabena ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒe la, eye teƒe si vuvu la alolo ɖe edzi wu. 22Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o, elabena ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la nawó, eye aha la kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.”
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋe bli le Sabat dzi
23Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖe me yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo heɖu. 24Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wobia Yesu be, “Nu ka ta wole nu si mele se nu o la wɔm le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖo?”
25Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ, esi dɔ wu wo, eye woɖo xaxa me kpɔ oa? 26Esi Abiata nye nunɔlagã la, David yi ɖe Mawu ƒe aƒe la me eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye eya kple etɔwo mae heɖu, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o, negbe nunɔlawo ko.”
27Egblɔ yi edzi be, “Dzudzɔgbe ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Dzudzɔgbe ŋkeke la o. 28Gawu la, ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi.”

Did you know?
Forgiveness, a Tax Collector, and the Sabbath
- Capernaum, “Nahum’s town,” was a Galilean city not mentioned in the Old Testament. Easton's Bible Dictionary (1897) says that after Jesus was expelled from Nazareth it became his “own city,” which fits Mark’s report that people heard he was home and packed the house until there was no room even outside the door. Four men then uncovered the roof, made an opening, and lowered a paralyzed man on his mat.Sources: Capernaum · the Bible text itself
- The man at the tax booth was Levi, son of Alphaeus, a tax collector in Capernaum. Easton's Bible Dictionary (1897) says he had been known as Levi and took the name Matthew—a common Jewish name after the Exile, meaning “gift of God”—possibly in grateful memory of his call. The same day, it says, he gave a great farewell feast for Jesus and his disciples, and probably for many former associates, the gathering Mark describes with tax collectors and sinners.Sources: Matthew · Alphaeus · the Bible text itself
- Challenged because his disciples picked heads of grain on the Sabbath, Jesus spoke of David entering the house of God and eating the consecrated bread, lawful only for the priests, “during the high priesthood of Abiathar,” and sharing it with his hungry companions. Easton's Bible Dictionary (1897) identifies Abiathar as the son of the high priest Ahimelech, who escaped when his father and the priests of Nob were killed, carried away the ephod, and joined David in the cave of Adullam.Sources: Abiathar · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org