Nations Bible

Matthew 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Ʋɔnudɔdrɔ̃ ame bubuwo

1“Mègadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wò hã, 2elabena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe, eye dzidzenu si ŋu dɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋu dɔ woawɔ atsɔ adzidze nu na wò hã.

3“Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi o mahã? 4Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefi le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi? 5Wò, alakpanuwɔla, ɖe atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àkpɔ nu nyuie ale be nàte ŋu aɖe ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la.

6“Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya avuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu, eye woavuvu mi.

Mibia, midi nu, eye miƒo ʋɔa

7“Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi. 8Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.

9“Mia dometɔ kae li nenye be Via ŋutsu bia aboloe la, wòatsɔ kpe nɛ? 10Alo nenye be ebia tɔmelãe la, wòatsɔ dalã nɛ? 11Ke nenye be mi ame vɔ̃ɖiwo mienya ale si miana nu nyui mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ geɖe wu oa? 12Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu mawo ke na ame bubuwo hã, elabena esiae nye Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya.

Agbo xaxɛ la

13“Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadzaa, eye wòkplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme. 14Ke agbo si le xaxɛe, mɔ la hã le buie la kplɔa amewo yina ɖe agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe toa mɔ sia.

Sidzedze ati kple eƒe kutsetse

15“Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ abe alẽwo ene, ke le wo me la, wonye amegaxi nyanyrawo. 16Woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe. Ɖe woate ŋu agbe waintsetse le aŋɔka dzi alo gbotsetse le ŋuti dzia? 17Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, ke ati manyomanyo tsea ku gbegblẽ. 18Ati nyui mate ŋu atse ku gbegblẽ o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o. 19Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me, 20eya ta woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe.

Nyemenya wò o

21“Menye ame sia ame si le yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’ lae ayi dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe ame siwo le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. 22Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi le, míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?’ 23Ekema maɖo eŋu na wo be, ‘Nyemenya mi o, mite ɖa le gbɔnye, mi nu vɔ̃ɖi wɔlawo!’

Gɔmeɖoanyi eveawo

24“Ame sia ame si sea nye nya, eye wòwɔna ɖe edzi la le abe nunyala si tu eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene. 25Togbɔ be tsi dza sesĩe, tɔwo ɖɔ, eye ahom tu hã la, xɔa meʋã o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe sesẽ dzi. 26Gake ame si sea nye nyawo, eye metsɔa ɖeke le wo me o la sɔ kple ŋutsu movitɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke me. 27Azɔ esi tsi dza, tɔwo ɖɔ eye ahom tu, lɔ xɔ sia ɖe eme ko la, emu dze anyi gbloo.”

28Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta, 29elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Judgment, the narrow way, and a firm foundation

  • The event record dates the start of the Sermon on the Mount to AD 28 and its duration to one day. This chapter ends as the crowds are astonished at Jesus’ teaching, because he taught as one who had authority, and not as their scribes.Sources: Sermon on the Mount · the Bible text itself
  • Jesus warns that the judgment a person pronounces, and the measure that person uses, will be turned back on them. He pictures someone who notices a speck in a brother’s eye yet misses a beam in their own, and he says the beam must be removed first.Sources: the Bible text itself
  • The chapter calls doing to others as you would have them do to you the essence of the Law and the Prophets. It contrasts a wide gate and broad way that leads to destruction, which many enter, with a small gate and narrow way that leads to life, which few find, and it compares hearing these words and acting on them to a house built on rock rather than on sand.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.