Matthew 6
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Nufiafia le dɔmenyowɔwɔ ŋuti
1“Mikpɔ nyuie be miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyedɔwo le amewo ƒe ŋkume be woakpɔ o. Ne miewɔe nenema la, miaxɔ fetu aɖeke tso mia Fofo si le dziƒo la gbɔ o.
2“Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi, be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la katã xoxo. 3Ke ne miena nu ame dahe aɖe la, migana miaƒe miabɔ nanya nu si wɔm miaƒe ɖusibɔ le la o, 4ale be miaƒe nunana nanye bebemenu. Ekema mia Fofo si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la natu fe na mi.
Nufiafia le gbedodoɖa ŋuti
5“Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ abe alakpatɔwo ene o, elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo ƒe dzogoewo dzi, be amewo nakpɔ yewo. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woxɔ woƒe fetu la katã xoxo. 6Ne èbe yeado gbe ɖa la, yi ɖe wò xɔ me nàtu ʋɔa, eye nàdo gbe ɖa na Fofowò, ame si womekpɔna o la, ekema Fofowò, ame si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la, atu fe na wò. 7Ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyawo taŋtaŋ abe trɔ̃subɔlawo ene o, elabena wobuna be yewoaxɔ yewoƒe ŋuɖoɖo le nya geɖewo gbɔgblɔ ta. 8Miganɔ abe woawo ene o, elabena mia Fofo nya nu siwo hiã mi la gɔ̃ hafi miebianɛ.
9“Ale si miado gbe ɖae nye esi:
“ ‘Mía Fofo si le dziƒo,
woade bubu wò ŋkɔ ŋuti,
10wò fiaɖuƒe neva,
woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi
abe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene.
11Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi.
12Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí abe
ale si míawo hã míetsɔnɛ kea,
ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene.
13Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o,
ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me.’
14Elabena ne mietsɔ vo siwo amewo da ɖe mia ŋuti la ke wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake miawo hã. 15Ke ne mietsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o.
Nufiafia le nutsitsidɔ ŋuti
16“Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo. 17Ke ne miawo mietsi nu dɔ la, midzra mia ɖokui ɖo nyuie abe ɖe miele naneke wɔm o ene, 18ale be ame aɖeke maganya be mietsi nu dɔ o, negbe mia Fofo si womekpɔna o, gake eya kpɔa nu sia nu si wowɔna le bebeme la axe fe na mi.
Miaƒe kesinɔnuwo nanɔ dziƒo
19“Migadzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe anyigba dzi, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle gblẽa nu le, eye fiafitɔwo gbãa ʋɔ hefia nu le la o, 20ke boŋ midzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle megblẽa nu le, eye fiafitɔwo megbãa ʋɔ hefia nu le la o. 21Elabena afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi hã anɔ.
Ŋutilã ƒe kekeli
22“Ŋkue nye akaɖi na ame blibo la, eya ta ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli. 23Ke ne wò ŋku dzi mekɔ o la, wò ame blibo la, àyɔ fũu kple viviti. Ekema ne kekeli si le mewò trɔ zu viviti la, aleke gbegbe viviti la asẽ ŋui!
Mawu kple ga
24“Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie, eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple ga o.
Le dzimaɖitsitsi ŋuti
25“Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa? 26Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa; womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa? 27Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu?
28“Ekema nu ka ŋuti mietsia dzi ɖe nutata ŋu ɖo? Mikpɔ ale si dzogbenyawo le gbedzi tsinae ɖa. Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o. 29Ke mele egblɔm na mi be Solomo, ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o. 30Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu na mi sãa wu gbe siawo oa? O mi xɔse ʋɛ tɔwo? 31Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu ka míata?’ o. 32Elabena trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke mia Fofo si le dziƒo la nya miaƒe hiahiãwo katã. 33Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. 34Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.

Did you know?
Secret righteousness and trust
- This chapter is part of the Sermon on the Mount. An event listing dates that sermon to AD 28 and records it as lasting one day.Sources: Sermon on the Mount · the Bible text itself
- Jesus says not to sound a trumpet in the synagogues and streets when giving to the needy, as the hypocrites do in order to be honored. He also warns against praying on street corners to be seen and against fasting with a disfigured face; instead, he describes praying in an inner room with the door shut, and fasting with an anointed head and a washed face.Sources: the Bible text itself
- Jesus says that not even Solomon in all his glory was adorned like one of the lilies of the field. A dictionary entry explains that his Hebrew name, Shelomoh, means “Peaceful,” that he was David’s son by Bathsheba, and that Nathan called him Jedidiah, “beloved of the Lord”; his reign is recorded in 1 Kings 1–11 and 2 Chronicles 1–9.Sources: the Bible text itself · Solomon
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org