Nations Bible

Malachi 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

1“Kpɔ ɖa, madɔ nye dɔla ɖo ɖa be wòata mɔ le ŋgɔnye eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ado ɖe eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi. Dɔla si ŋugbe wodo le nubabla la me, si dim miele la ava.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

2“Ame ka ado dzi anɔ anyi ne eva do? Ame ka anɔ te ɖe eƒe vava nu? Elabena ele abe dzo si wotsɔna loloa ga ene eye wòle abe adzalẽ si wotsɔna nyaa avɔ wòɖina keŋkeŋ la ene! 3Anɔ anyi abe sika kple klosalo klɔla ene eye wòaklɔ Levi ƒe dzidzimeviwo ŋuti woadza abe sika alo klosalo ene, ale be woate ŋu asa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me. 4Ekema Yehowa agaxɔ Yuda kple Yerusalemtɔwo ƒe vɔsa abe tsã ene.

5“Le ɣe ma ɣi me la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe atsɔ ŋutɔ. Manye ɖasefo zazɛ̃ aɖe ɖe nukalawo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo, ame siwo baa woƒe dɔwɔviwo, ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe to, ame siwo baa amedzrowo kple ame siwo mevɔ̃am o la ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

Adzodada Mawu

6“Nyee nye Yehowa, nyemetrɔna gbeɖe o, eya tae mi Yakob ƒe dzidzimeviwo mietsrɔ̃ haɖe o, elabena nye nublanuikpɔkpɔ li ɖaa.

7“Tso keke mia tɔgbuitɔgbuiwo ŋɔli ke la, miegbea nu le nye seawo gbɔ eye miewɔa wo dzi o. Mitrɔ ɖe ŋunye eye nye hã matrɔ ɖe mia ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Ke miebia be, ‘Aleke míawɔ atrɔ ɖe ŋutiwòe?’

8“Ɖe amegbetɔ ate ŋu ada adzo Mawu hafi miawo ya mieda adzom mahã?

“Ke míebia be, ‘Aleke míeda adzo wòe?’

“Mieda adzo nye nu ewolia kple nunana siwo nye tɔnye la eye mietsɔa wo nam o.

9“Mawu ƒe fiƒode dziŋɔ le mia dzi elabena dukɔ blibo lae le bayem. 10Mitsɔ miaƒe nu ewoliawo katã va nudzraɖoƒe lae ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe nye gbedoxɔ me. Mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu akɔ yayra ɖe mia dzi fũu ale gbegbe be miaƒe nuɖuɖudzraɖoƒe ayɔ agbagba o mahã? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 11Made se na nu siwo gblẽa agblemenukuwo la be womagblẽ míaƒe agblemenukuwo o, eye miaƒe wain tsetsewo magblẽ adudu hafi woƒe ɖiɖiɣi naɖo o.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 12“Ale dukɔwo katã ayɔ mi be yayramewo elabena dzidzɔkpɔkpɔ deto axɔ aƒe ɖe mia me.” Esiawoe Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ.

13“Yehowa be, ‘Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋutinye’,

“Gake miebiam be, ‘Nya kae míegblɔ ɖe ŋutiwò si mele be míagblɔ o?’

14“Miegblɔ be, ‘Enye nu dzodzro be woasubɔ Mawu. Viɖe ka míekpɔ to eƒe sewo dzi wɔwɔ me eye míezɔ le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe konyifalawo ene?’ 15Gake azɔ la, míegblɔna be, ‘Woyraa dadalawo. Nu dzea edzi na nu vɔ̃ wɔlawo, gawu la, ne wote Mawu kpɔ la, tohehe mevaa wo dzi o.’

16“Ke ame siwo vɔ̃ Yehowa, eye wolɔ̃e la ƒo nu nyui tso eŋuti na wo nɔewo eye Mawu ɖo to eye wòsee. Ena woŋlɔ ame siwo vɔ̃e, eye wolɔ̃e la ƒe ŋkɔwo ɖe ŋkuɖodzigbalẽ gã aɖe me da ɖi.”

17Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso wo ŋutie nye esi: “Woanye tɔnye le ŋkeke ma dzi ne mele ƒu ƒom nye nu xɔasiwo. Abe ale si ŋutsu léa be na ɖevi si ɖoa toe ene la, nenema ke malé be na woe. 18Ekema miakpɔ vovototo si le ale si Mawu wɔna na ame dzɔdzɔe siwo ɖoa toe kple ame vɔ̃ɖi siwo meɖoa toe o la dome.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Messenger of the Covenant and the Refiner's Fire

  • The prophecy describes the coming messenger of the covenant acting like a refiner's fire and launderer's soap to purify the descendants of Levi, the third son of Jacob whose lineage served as priests. This purification was intended to restore righteous offerings from Judah and Jerusalem.Sources: the Bible text itself · Levi (patriarch) · Jerusalem
  • The chapter addresses the withholding of tithes and offerings as robbing God. The people are challenged to bring the full tithe into the temple storehouse, with the promise that heaven's windows would open and the devourer would be rebuked from ruining their fields and vines.Sources: the Bible text itself
  • When skeptics complained that keeping God's requirements yielded no profit while wrongdoers prospered, those who feared the Lord gathered to speak with one another. In response, a scroll of remembrance was written before Him to honor those who revere His name.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 4

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.