Malachi 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Nuxɔxlɔ̃ nunɔlawo
1“Mi nunɔlawo, miɖo to ne miase sedede sia si tso Yehowa, gbɔ. 2Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be, ‘Ne mietrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi hede bubu ŋunye o la, maƒo fi ade mi, eye mana be miaƒe yayrawo nazu fiƒode. Le nyateƒe me la, meƒo ƒi de mi xoxo elabena mieɖo ta me be yewoade bubu ŋunye o.’
3“ ‘Kpɔ ɖa, le miawo ta la, maka ŋkume na miaƒe dzidzimeviwo, eye matsɔ lã siwo mietsɔ vɛ nam la ƒe afɔdzi ahlẽ ɖe mo na mi, eye matsɔ mi aƒu gbe ɖe aɖukpo dzi. 4Ekema mlɔeba la, mianyae be nyee xlɔ̃ nu mi be miatrɔ ɖe nubabla si mewɔ kple mia fofo, Levi la ŋuti.’ ” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 5“Nye nubabla sia ƒe taɖodzinue nye be wòanye agbe kple ŋutifafa nɛ eye metsɔ vɔvɔ̃ de asi nɛ, evɔ̃m eye nye ŋkɔ do ŋɔdzi nɛ. 6Nyateƒe ƒe se le nu me nɛ, eye alakpa aɖeke mele eƒe nuyiwo nu o. Ezɔ kplim le ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye me, eye wòna ame geɖewo trɔ tso woƒe nu vɔ̃wo me.
7“Ele be Mawu ƒe nya kple nunya nado go tso nunɔla nu ɣe sia ɣi ale be amewo nasrɔ̃ Yehowa ƒe sewo tso egbɔ, elabena nunɔlae nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔla, eye wòle be amewo nava egbɔ hena nuxɔxlɔ̃ kple afɔɖoƒefiafia wo. 8Ke esia mele mia gbɔ o elabena miawo mietra tso Yehowa ƒe mɔ dzi. Miekplɔ amewo to mɔtatra dzi, to miaƒe nufiafia me eye wodze nu vɔ̃ me. Mietɔtɔ Levi ƒe nubabla la, hewɔe wòzu nu tsɛ aɖe ko.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 9“Esia ta nye hã meɖi gbɔ̃ mi le amewo ƒe ŋkume elabena mieɖo tom o eye miekpɔ ame ŋkume le seawo ŋu dɔ wɔwɔ me.”
Yuda ƒe nuteƒemawɔmawɔ
10Ɖe menye fofo ɖeka ƒe viwoe míenye oa? Eye ɖe menye Mawu ɖekae wɔ mí katã oa? Ekema nu ka ta míewɔa nu tovowo ɖe mía nɔewo ŋuti, eye míetua mía fofowo ƒe nubabla la?
11Ŋunyɔnuwɔwɔ xɔ aƒe ɖe Yuda, Israel kple Yerusalem eye Yuda ŋutsuwo do gu Yehowa ƒe gbedoxɔ kɔkɔe si gbɔ melɔ̃a nu le o la elabena woɖe nyɔnu siwo subɔa mawu bubuwo. 12Yehowa netsrɔ̃ ame sia ame si awɔ nu sia la ɖa tso Yakob ƒe ƒomea me, eɖanye nunɔla loo alo hamevi, togbɔ be wòtsɔa vɔsa dona ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume gɔ̃ hã.
13Nu bubu si miegawɔe nye be, mietsɔ aɖatsi, avifafa kple hũɖeɖe tsɔ tsyɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi elabena megatsɔa ɖeke le miaƒe vɔsasa me o, eye megayraa mi hã o. 14Miefa avi bia Yehowa be: “Mawu, nu ka tae nègblẽ mí ɖi?” Magblɔ nu si ta wògble mi ɖi la na mi; Yehowa kpɔ ale si miewɔ tamesesẽ hegbe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo nɔ anyi kpli mi le nyateƒetoto me ƒe geɖe lae. Evɔ mieɖe adzɔgbe be miakpɔ wo dzi, eye miagblẽ wo ɖi ɣe aɖeke ɣi akpɔ o.
15Yehowae bla mi kple mia srɔ̃wo ɖekae, le Mawu ƒe nunya ƒe ɖoɖo nu, esi mieɖe mia nɔewo la, mi ame eve la miezu ŋutilã ɖeka le eƒe ŋkume eye nu ka wòdi tso mia si be miawɔ? Mawu di vi ɖotowo tso miaƒe srɔ̃ɖeɖe la me eya ta milé be na mia ɖokui, miaɖu miaƒe fieŋufieŋuwo dzi! Miku ɖe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo mieɖe la ŋu eye miato nyateƒe na wo.
16“Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be yetsri srɔ̃gbegbe kple ŋutsu ŋutasẽla vɔ̃ɖiwo. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
Eya ta miɖu mia ɖokuiwo dzi ne miadzudzɔ srɔ̃gbegbe.
Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la
17Mietsɔ miaƒe nya kukluiwo do dziku na Yehowa.
Gake miebua biae be, “Aleke míedo dziku na wòe?”
Miedo dziku nɛ elabena miegblɔ be, “Nuvɔ̃wɔla ɖe sia ɖe nye ame nyui le Yehowa ŋkume eye woawo gɔ̃ hã ƒe nue nyoa eŋu” Miebia be, “Afi ka Mawu, ʋɔnudrɔ̃la la le?”

Did you know?
Rebuking Unfaithfulness and Honoring Covenants
- The chapter sharply rebukes the priesthood by recalling God's covenant with Levi. A priest is described as a messenger of the Lord of Hosts whose lips are meant to guard knowledge and deliver faithful instruction rather than leading people into error.Sources: the Bible text itself · Levi (patriarch)
- The prophet challenges the people of Judah and Jerusalem for breaking faith with one another. The text condemns marrying into the worship of foreign gods and abandoning the wives of their youth, presenting marriage as a binding covenant made before God.Sources: the Bible text itself · Jerusalem
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 11
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org