Joshua 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Yɔdan tɔsisi la me ƒe kpe wuieveawo
1Esi ameawo katã tso tɔsisi la dedie la, Yehowa gblɔ na Yosua bena, 2“Tia ame wuieve tso Israel dukɔ la me, ame ɖeka tso to ɖe sia ɖe me, 3eye nàgblɔ na wo be: woatsɔ kpe wuieve tso teƒe si tututu nunɔlaawo tsi tsitre ɖo le Yɔdan tɔsisi la titina; woatsɔ kpe wuieve siawo ayi ɖe teƒe si miaƒu asaɖa anyi ɖo le zã sia me.”
4Ale Yosua yɔ ame wuieve siwo wòtia tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me, 5eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yɔdan tɔsisi la titina, afi si nubablaɖaka la le; mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta tso afi ma. Kpeawo ƒe xexlẽme nanɔ wuieve, ɖeka ɖe to wuieveawo dometɔ ɖe sia ɖe nu. 6Mitsɔ wo tu ŋkuɖodzikpe ale be ne mia viwo abia mi gbe aɖe gbe be, ‘Nu kae ŋkuɖodzikpe sia le fiafiam mahã?’ la, 7miagblɔ na wo be, Yɔdan tɔsisi la dzudzɔ sisi le nubablaɖaka la ŋgɔ. Esi wòtso Yɔdan tɔsisia la, tsi la ƒe sisi nu tso. Kpe siawo anye ŋkuɖodzikpe na Israelviwo tegbetegbe.”
8Israelviwo wɔ abe ale si Yosua ɖo na wo ene pɛpɛpɛ. Wokɔ kpe wuieveawo tso Yɔdan tɔsisi la titina, kpe ɖeka ɖe to ɖeka ɖe sia ɖe nu, abe ale si Yehowa ɖo na Yosua ene tututu. Wokɔ kpeawo yi afi si woƒu asaɖa anyi ɖo le zã ma me hewɔ ŋkuɖodzikpe aɖe ɖe afi ma. 9Yosua hã kɔ kpe wuieve tu ŋkuɖodzikpe bubu ɖe Yɔdan tɔsisi la titina, le teƒe si nunɔlawo tsi tsitre ɖo. Ŋkuɖodzikpe sia gali egbegbe. 10Nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la, tsi tsitre ɖe tɔsisi la titina va se ɖe esime wowɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa gblɔ na Yosua to Mose dzi la dzi. Ameawo ɖe abla zɔ tɔʋu ƒuƒui la me. 11Esi ameawo katã tso tɔsisi la la vɔ la, nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la tso tɔʋu la me va wo gbɔ le godzi, eye wodze ŋgɔ na wo.
12Ŋutsu siwo tso Ruben kple Gad ƒe towo me kple Manase ƒe to afã me la bla akpa na aʋawɔwɔ, eye wodze ŋgɔ na Israelviwo abe ale si Mose ɖo na wo ene. 13Aʋawɔlawo abe ŋutsu akpe blaene ene tso eme le Yehowa ŋkume yi gbedzi le Yeriko lɔƒo.
14Gbe ma gbe nye ŋkeke gã aɖe na Yosua, elabena Yehowa de bubu gã aɖe eŋu le Israelviwo katã ŋkume. Ale wobui, eye wovɔ̃e abe Mose ene le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
15Yehowa gblɔ na Yosua be 16wòaɖe gbe na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woado go le Yɔdan tɔsisi la me. 17Yosua wɔ ɖe Yehowa ƒe nya sia dzi, 18eye esi nunɔlawo ɖo afɔ tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi ko la, tɔsisi la gade asi sisi me, eye wògagbagba ɖe eƒe gowo dzi abe tsã ene. 19Nukunu sia va eme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi. Gbe ma gbe la, Israel dukɔ blibo la tso Yɔdan tɔsisi la, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yeriko ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 20Wokɔ kpe wuieveawo tso Yɔdan tɔsisi la me tu ŋkuɖodzikpe ɖe afi ma.
21Yosua gaɖe nu si ŋkuɖodzikpe la le fiafiam la gɔme na Israelviwo hegblɔ be, “Ne mia viwo va bia mi gbe aɖe gbe be nu ka ta kpe siawo le afi sia ɖo, eye nu ka fiam wole hã la, 22miagblɔ na wo be kpe siawo le ŋku ɖom nukunu gã si dzɔ esime Israel dukɔ la zɔ ƒuƒuiƒe hetso Yɔdan tɔsisi la dzi! 23Migblɔ ale si Yehowa, míaƒe Mawu la na tɔsisi la mie le mía ŋkume, eye wòna wònɔ miemie nenema va se ɖe esime mí katã míetso tɔsisi la! Nenema tututue Yehowa wɔ na mi esi mieva ɖo Ƒu Dzĩ la to ƒe blaene nye esi va yi! 24Ewɔ esia ale be, xexemedukɔwo katã nanya be Yehowae nye Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ale be mí katã míavɔ̃e tegbee.”

Did you know?
Twelve Memorial Stones and the Crossing of the Jordan
- The chapter describes two distinct sets of twelve stones: one gathered from the riverbed by twelve representatives from each tribe and erected at the encampment in Gilgal, and another set up by Joshua directly in the middle of the Jordan where the priests stood. These monuments were designed as permanent educational memorials for future generations.Sources: the Bible text itself · Gilgal
- Fulfilling instructions originally given by Moses, about 40,000 armed warriors from the tribes of Reuben, Gad, and the half-tribe of Manasseh crossed at the forefront of Israel onto the plains of Jericho, even though their own allotted territories were on the eastern side of the Jordan.Sources: the Bible text itself · Reuben · Gad · Manasseh (son of Joseph)
- The crossing of the Jordan is explicitly framed as the counterpart to the crossing of the Red Sea under Moses. The people arrived on the western side on the tenth day of the first month, establishing their base at Gilgal on the eastern border of Jericho.Sources: the Bible text itself · Gilgal · Jericho · Red Sea
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verses 1, 3, 5, 7, 8, 9, 10, 12, 16, 17, 18, 19, 20, 22, 23
- Jericho · Today: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · verses 13, 19
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org