Joshua 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Yɔdan tɔsisi la tsotso
1Yosua kple Israelviwo katã fɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ tso Sitim va ɖo Yɔdan tɔsisi la to le fiẽ me. Wotsi afi ma dɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hafi tso tɔsisi la. 2Le ŋkeke etɔ̃lia gbe la, kplɔlawo tsa le asaɖa la me, 3eye woɖe gbeƒã na ameawo be, “Ne miekpɔ nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo wokɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la, ekema miho miadze wo yome. 4Mieva afi sia kpɔ o, eya ta nunɔlawo afia afi si miayi la mi, gake migate ɖe nubablaɖaka la ŋu kplikplikpli o; mina dometsotso abe kilomita ɖeka ene nanɔ miawo kple nubablaɖaka la dome. Mikpɔ egbɔ be yewomete ɖe eŋu wu nenema o.”
5Yosua gblɔ na ameawo be, “Mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti, elabena etsɔ la, Yehowa le nukunu gã aɖe wɔ ge.”
6Yosua gblɔ na nunɔlawo le ŋdi me be, “Mikɔ nubablaɖaka la, eye miakplɔ mí atso Yɔdan tɔsisi lae!” Ale wodze mɔ.
7Yehowa gblɔ na Yosua be, “Made bubu gã aɖe ŋuwò egbe ale be, Israelviwo katã nanya be meli kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. 8Gblɔ na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woatɔ ɖe tɔsisi la nu.”
9Yosua ƒo ƒu Israelviwo katã nu, eye wògblɔ na wo be, “Miva miase nya si Yehowa, míaƒe Mawu la gblɔ. 10Egbe la, miadze sii kɔtɛe be Mawu gbagbe la le mia dome, eye wòanya Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, kple Yebusitɔwo le anyigba si xɔ ge míala fifia la dzi. 11Mibu eŋu kpɔ! Mawu, ame si nye Aƒetɔ na xexea me katã la ƒe nubablaɖaka akplɔ mí atso tɔsisi lae!
12“Fifia la, mitia ame wuieve, ame ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me hena dɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ. 13Ne nunɔla siwo kɔ Yehowa, anyigba la katã ƒe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la, ka afɔ Yɔdan tɔsisi la me teti ko la, eƒe tsi siwo le sisim yi anyigbeme la nu atso, eye woazu gli.”
14Ale esi ameawo do le asaɖa la me yina be woatso Yɔdan tɔsisia la, nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la dze ŋgɔ na wo. 15Azɔ Yɔdan tɔsisi la ɖɔ, gbagba le nuŋeɣi katã, gake esi nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la ɖo Yɔdan tɔsisi la nu, eye woƒe afɔ ka tɔsisi la to teti ko la, 16dzigbetsi la dzudzɔ sisi, eye wòzu gli le adzɔge na wo le du aɖe si woyɔna be Adam la gbɔ le Zaretan lɔƒo. Ke tsi si nɔ sisim yina ɖe anyigbeme la si yi ɖe Araba alo Dzeƒu la me. Ale tsi la ƒe sisi tɔ keŋkeŋ, eye ameawo tso tɔsisi la ɖi go ɖe Yeriko kasa. 17Nunɔla siwo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi le Yɔdan tɔsisi la titina, ale Israelviwo katã tso eme va se ɖe esime dukɔ blibo la tso tɔsisi la le anyigba ƒuƒu dzi.

Did you know?
Crossing the Jordan River
- The biblical narrative notes that the Jordan overflowed all its banks during the harvest season, making the crossing an extraordinary challenge. The flow of water was arrested upstream as far as the city of Adam near Zarethan (about thirty miles north), cutting off the waters flowing south into the Salt Sea.Sources: the Bible text itself · Zarethan · Salt Sea
- Levitical priests carrying the ark of the covenant led the way into the Jordan, with the people commanded to maintain a distance of about two thousand cubits. The priests stood firm on dry ground in the middle of the riverbed until the entire nation finished crossing opposite Jericho.Sources: the Bible text itself · Jericho
- After serving as Moses' minister during the wilderness wanderings, Joshua was established as Israel's leader before the entire nation through this river crossing, fulfilling God's promise to be with him just as he was with Moses.Sources: the Bible text itself · Joshua · Moses
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verses 1, 8, 11, 13, 14, 15, 17
- Jericho · Today: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · verse 16
- Salt Sea · Today: Dead Sea · 31.500, 35.500 · verse 16
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org