John 5
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Yesu yɔ dɔ amewo le ta la to
1Ɣeyiɣi bubu la, Yesu yi Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe dzi. 2Ta aɖe le Yerusalem si te ɖe Alẽgbo la ŋu. Woyɔa ta sia le Hebrigbe me be, Betesda Ta. Wowɔ akpata atɔ̃ ƒo xlãe. 3Nuwɔametɔ geɖewo nɔa ta sia to, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, lãmetututɔwo, henɔa tsia ƒe bublu lalam. [ 4Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina va blua tsi la, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la kpɔa dɔyɔyɔ.]
5Ŋutsu aɖe si nɔ dɔ lém la hã nɔ teƒea sia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ. 6Esi Yesu kpɔe wòmlɔ afi ma la, egblɔ nɛ be ele dɔ lém eteƒe didi. Ebiae be, “Èdi be wò lãme nasẽa?”
7Dɔnɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku ame aɖeke mele asinye si akɔm ada ɖe ta sia me ne wova blui o. Ne medze agbagba be mage ɖe eme ko la, ame bubu doa ŋgɔ gena ɖe eme.”
8Yesu gblɔ nɛ be, “Tso! Ŋlɔ wò aba ne nàzɔ azɔli!” 9Enumake ŋutsu la ƒe lãme sẽ. Eŋlɔ eƒe aba la, eye wòzɔ azɔli. Dzudzɔgbe ŋkeke dzie Yesu wɔ nukunu sia le. 10Esia ta, Yudatɔwo do dɔmedzoe ɖe eŋu. Wogblɔ na ame si ŋu woda gbe le la be, “Egbee nye Dzudzɔgbe, eya ta se la meɖe mɔ be nàlé wò aba ɖe asi o. Mɔɖeɖe hã meli be nàlé aba ɖe asi anɔ yiyim o!”
11Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ame si da gbe le ŋunye lae gblɔ nam be makɔ nye aba.”
12Wobiae be, “Ame kae nye ame si gblɔ na wò be nàkɔ wò aba?”
13Ŋutsu la menya ame si Yesu nye o, evɔ la, Yesu hã ge ɖe ameha si nɔ afi ma la dome. 14Emegbe la, Yesu ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, eya ta dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò la avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.”
15Ŋutsu la dzo, eye wòyi ɖagblɔ na Yudatɔwo be Yesue nye ame si da gbe le ye ŋu.
Vi la ƒe ŋusẽ
16Esi Yesu nɔ gbe dam le amewo ŋu le Dzudzɔgbe dzi ta la, Yudatɔwo ti eyome vevie. 17Yesu gblɔ na wo be, “Fofonye le eƒe dɔwɔwɔ dzi va se ɖe fifia, eya ta nye hã mele dɔ wɔm.”
18Esia ta Yudatɔwo gadze agbagba vevie be yewoawui, elabena kpe ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la ƒe sea dzi dada ŋu la, ele Mawu yɔm be ye Fofo hetsɔ eɖokui sɔ kple Mawu.
19Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o; nu si wòwɔna la nye nu si wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm la, elabena nu si Fofo la wɔ la, eyae Via hã wɔna. 20Elabena Fofo la lɔ̃a Via, eye wòfiaa nu sia nu si wòwɔna lae. Ɛ̃, awɔ nuku na mi be Fofo la afia nu gãwo wu esiawoe. 21Abe ale si Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wònaa agbe wo ene la, nenema ke Vi la hã ana agbe ame siwo wòdi be yeana la. 22Gawu la, Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via, 23be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋu ene. Ame si mede bubu Vi la ŋu o la, efia be mede bubu Fofo la, ame si dɔe la hã ŋu o.
24“Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me. 25Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva hã xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe. 26Abe ale si agbe le Fofo la ŋutɔ me ene la, nenema kee wòna be agbe nanɔ Via hã me, 27eye wòna ŋusẽe be wòadrɔ̃ ʋɔnu, elabena eyae nye Amegbetɔ Vi la.
28“Esia megawɔ nuku na mi o, elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna, esi ame kuku siwo le woƒe yɔdowo me la ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, 29eye woado go, ame siwo wɔ nu nyui la woafɔ hena agbe mavɔ la me nɔnɔ, ke adrɔ̃ ʋɔnu nu vɔ̃ɖi wɔlawo.
30“Nye la, nyemate ŋu awɔ naneke le ɖokuinye si o; medrɔ̃a ʋɔnu abe ale si Fofo la di tso asinye ene. Medrɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye nu. Nyemewɔa nye lɔlɔ̃nu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, ke boŋ Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu ko mewɔna.
Ɖaseɖiɖiwo tso Yesu ŋu
31“Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu la, nye ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o. 32Ame bubu aɖe li si ɖia ɖase tso ŋunye, eye menya be eƒe ɖaseɖiɖi tso ŋunye nye nyateƒe.
33“Miawo la, miedɔ amewo ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye eƒe ɖaseɖiɖi ɖo kpe nyateƒe la dzi. 34Nyemexɔa amegbetɔ ƒe ɖaseɖiɖi o, gake megblɔe ko be miakpɔ ɖeɖe. 35Yohanes zu kekeli si klẽ na mi ɣeyiɣi aɖe, eye miekpɔ dzidzɔ le eƒe kekeli la ŋuti.
36“Nye la, ɖaseɖiɖi si kɔ wu Yohanes la le asinye. Elabena dɔ si Fofo la de asi nam be mawɔ, awu enu, eye mele wo wɔm la nye ɖaseɖiɖi be Fofo lae dɔm vavã. 37Eye Fofo la, ame si dɔm la ŋutɔ ɖi ɖase tso ŋunye. Miese eƒe gbe kpɔ alo kpɔe kpɔ o. 38Eƒe nya la mele mia me o, elabena miexɔ ame si wòdɔ ɖo ɖa la dzi se o. 39Miedzroa mawunya la me tsitotsito, elabena miexɔ se be miakpɔ agbe mavɔ le eme. Evɔ mawunya siae ɖi ɖase le ŋutinye, 40gake miegbe be yewomava gbɔnye, ale be mana agbe mavɔ mi o.
41“Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o, 42gake menya mi, eye menya be Mawu ƒe lɔlɔ̃ mele miaƒe dziwo me o. 43Meva le Fofonye ƒe ŋkɔ me, eye miexɔm o; gake ne ame aɖe va le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la, miaxɔe. 44Aleke miawɔ axɔ se ne miexɔ kafukafu tso mia nɔewo gbɔ, gake miedzea agbagba be yewoaxɔ kafukafu tso Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la gbɔ o?
45“Migasusu be matso mia nu na Fofo la o, ke boŋ Mose, ame si dzi mietsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔwo da ɖo lae le mia nu tso ge. 46Ne miexɔ Mose dzi se la, miaxɔ nye hã dzinye ase, elabena Mose ŋlɔ nu tso ŋunye. 47Gake esi miexɔ Mose ƒe nya siwo wòŋlɔ dzi se o ɖe, aleke miawɔ axɔ nye nyawo dzi ase.”

Did you know?
A Sabbath healing at Bethesda
- Near the Sheep Gate, in the eastern wall of Jerusalem, there was a pool with five covered colonnades, called Bethesda in Hebrew, a name meaning 'house of mercy.' The Greek word for the pool means a swimming bath or reservoir, and a great number of the sick, the blind, the lame, and the paralyzed lay under its colonnades, waiting for the water to be stirred. It is also called Bethsaida and Beth-zatha; the historian Eusebius, writing in A.D. 330, calls it the sheep-pool, and Easton's Bible Dictionary (1897) identifies it with the so-called Fountain of the Virgin in the Kidron valley, near the Pool of Siloam.Sources: Bethesda · Sheep Gate · the Bible text itself
- A chronology of the event places the healing at Bethesda in A.D. 28, and the Gospel says it took place on the Sabbath. Those whom the account calls the Jews told the healed man that it was unlawful to carry his mat that day. When Jesus answered that his Father was still working and that he himself was working, they sought all the more to kill him, because they heard him calling God his own Father and making himself equal with God.Sources: Bethesda pool healing · the Bible text itself
- In the discourse that follows, Jesus appeals to the testimony of John the Baptist, whom Easton's Bible Dictionary (1897) calls the forerunner of the Lord and whose mission, the dictionary says, was the subject of prophecy. Jesus describes him as a lamp that burned and gave light, in which the people were willing for a time to rejoice, though he says he has a greater testimony than John's: the works the Father has given him to do.Sources: John the Baptist · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 2
- Bethesda · Today: Pool of Bethesda · 31.781, 35.236 · verse 2
- Sheep Gate · Today: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 2
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org