Nations Bible

John 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Yesu klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo

1Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, eye Yesu nya be ɣeyiɣi la de be yeadzo le xexea me, atrɔ ayi Fofo la gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexea me ŋutɔ, eye wògaɖe eƒe lɔlɔ̃ fia wo.

2Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi. 3Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be Mawu gbɔe yetso va, eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ. 4Le esia ta Yesu tsi tsitre le fiẽnuɖukplɔ̃ la ŋu, eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali. 5Etsɔ gagba ku tsi ɖe eme, eye wòde asi nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Ne eklɔ ame aɖe tɔ vɔ la, etsɔa tsiletsɛ si wòsa ɖe ali la tutua afɔ nɛ. 6Esi wòɖo Simɔn Petro dzi be wòaklɔ eƒe afɔwo nɛ la, Petro biae be, “Aƒetɔ, ɖe nèbe yeaklɔ nye afɔwoa?”

7Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Màse nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake àva se egɔme emegbe.”

8Petro gblɔ be, “Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo ŋuti o.”

Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema màkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.”

9Simɔn Petro gblɔ be, “Aƒetɔ, ne ele nenema la, ekema menye nye afɔwo ko o, ke boŋ klɔ nye asiwo kple nye ta hã.”

10Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ be eŋuti nakɔ nyuie. Mia ŋuti kɔ, gake menye mi katã ŋutie kɔ o.” 11Yesu gblɔ nya sia elabena enya ame si gbɔna ede ge asi.

12Esi wòklɔ nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo vɔ la, etsɔ eƒe awu do, nɔ anyi eye wòbia wo be, “Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea? 13Miawo la, mieyɔam be, ‘Aƒetɔ’ kple ‘Nufiala’, eye esia le eme vavã. 14Minya be esi nye, miaƒe Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ miaƒe afɔwo ŋu la, ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo. 15Kpɔɖeŋu wònye mena mi, eya ta miwɔ nu si mewɔ na mi la. 16Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be subɔla mekɔna wu eƒe aƒetɔ o, eye dɔtsɔla hã mewua ame si dɔe la o. 17Mienya esiawo, eya ta miwɔ nenema be woahe yayra geɖe vɛ na mi.

Yesu gblɔ nya ɖi tso eyomemɔfiala ŋu

18“Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya ame siwo metia la. Mawunya gblɔ be, ‘Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.’

19“Mele egblɔm na mi hafi wòava eme. Mele nya siawo katã gblɔm na mi be ne wova eme la, miaxɔ dzinye ase. 20Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si axɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si axɔm la, xɔ ame si dɔm.”

21Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, eʋuʋu le eɖokui me, eye wògblɔ be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖeka adem asi.”

22Nya siawo na be nusrɔ̃lawo trɔ kpɔ wo nɔewo ƒe ŋkume, elabena womenya wo dometɔ si wòwɔnɛ o. 23Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu. 24Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Bia mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe lae.”

25Nusrɔ̃la la gaziɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòbiae be, “Aƒetɔ, ame kae?”

26Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simɔn ƒe vi, Yuda Iskariɔt.

27Esi Yuda ɖu abolo la vɔ ko la, Satana ge ɖe eme.

Yesu gblɔ nɛ be, “Ɖe abla nàyi aɖawɔ nu si nèɖo la.” 28Ke ame siwo le kplɔ̃a ŋu la mese nya si Yesu gblɔ nɛ la gɔme o. 29Wobu be esi Yuda nye woƒe gadzikpɔla tae Yesu le edɔm be wòayi aɖaxe fe ɖe nu si ɖum yewole la ta loo alo wòayi aɖana ga ame dahewo. 30Esi Yuda ɖu abolo la teti ko la, edzo le xɔa me enumake hege ɖe viviti la me.

Yesu gblɔ nya ɖi tso Petro ƒe nugbegbe le egbɔ ŋu

31Esi Yuda do go le xɔa me la, Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi de be woaɖe Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go, eye woaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to edzi. 32Ne woɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to edzi la, Mawu aɖe Via ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to eya ŋutɔ dzi, eye wòaɖe eƒe ŋutikɔkɔe la afia enumake.

33“Vinye lɔlɔ̃awo, ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ene la, miadim, gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o.

34“Se yeye mena mi: Milɔ̃ mia nɔewo. Abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema. 35To esia wɔwɔ me la, amewo katã anya be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne mielɔ̃ mia nɔewo.”

36Simɔn Petro biae be, “Aƒetɔ, afi ka nèyina?”

Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Afi si meyina fifia la, miate ŋu akplɔm ɖo ayi o, ke emegbe la, miava.”

37Petro gabiae be, “Nu ka ta nyemate ŋu akplɔ wò ɖo fifia o? Nye la, mele klalo be mabu nye agbe ɖe tawò.”

38Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èka ɖe edzi be àte ŋu abu wò agbe ɖe tanyea? Nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

John 13: Love to the End

  • The disciple who leaves to betray Jesus is Judas, son of Simon—not Simon Peter, but another Simon named as Judas's father—called Iscariot. Easton's Bible Dictionary (1897) explains that surname as meaning a man of Kerioth, and notes that his name stands last in the apostle lists of the first three Gospels. He kept the money bag, so when Jesus told him to do quickly what he was about to do, some at the table thought Jesus was telling him to buy what was needed for the feast or to give something to the poor.Sources: the Bible text itself · Judas Iscariot · Simon
  • The chapter uses both 'the devil' and 'Satan' for the one behind Judas's betrayal: the devil had already put betrayal into his heart, and after he took the dipped morsel, Satan entered into him. Easton's Bible Dictionary (1897) says that Satan means adversary or accuser, and that in the New Testament the name is used interchangeably with Diabolos, or the devil, more than thirty times.Sources: the Bible text itself · Satan
  • Simon Peter, who first refuses to let Jesus wash his feet and then asks to have his hands and head washed as well, was originally called Simon, which Easton's Bible Dictionary (1897) equates with Simeon, meaning 'hearing.' He was a fisherman from Bethsaida, on the western coast of the Sea of Galilee. Later in the chapter he promises to lay down his life for Jesus, who tells him that before the rooster crows he will deny him three times.Sources: the Bible text itself · Simon Peter

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.