Jeremiah 42
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
1Emegbe, asrafomegãwo katã kpe ɖe Yohanan, Karea ƒe vi, Yezania, Hosaya ƒe vi kple ameha la katã ŋu tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi va 2gblɔ na Nyagblɔɖila Yeremia be, “Míeɖe kuku na wò, se míaƒe kokoƒoƒo eye nàdo gbe ɖa na Yehowa, wò Mawu la ɖe ameha mamlɛawo ta elabena abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene la, togbɔ be miesɔ gbɔ tsã hã la, azɔ la, ame ʋɛ aɖewo koe susɔ. 3Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la be wòafia afi si míayi kple nu si míawɔ la mí.”
4Nyagblɔɖila Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Mese nya si miegblɔ; kpɔ ɖa, maɖe kuku na Yehowa, míaƒe Mawu la abe ale si miebia ene, magblɔ nya sia nya si wògblɔ nam la na mi eye nyemaɣla ɖeke ɖe mi o.”
5Wogblɔ na Yeremia be, “Ɖekoe Yehowa nanye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla ɖe mía ŋu ne míewɔ ɖe nu sia nu si Yehowa, wò Mawu la dɔ wò be nàgblɔ na mí la dzi o. 6Eɖanye nya nyui alo nya vɔ̃ o, míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la ame si gbɔ míele dɔwòm ɖo, be eme nanyo na mí, elabena míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la.”
7Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia. 8Ale wòyɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã tso ɖeviwo dzi yi ɖe tsitsiawo dzi. 9Egblɔ na wo be, “Ale Yehowa Israel ƒe Mawu la, ame si gbɔ miedom ɖo be matsɔ miaƒe kokoƒoƒo nɛ la gblɔe nye esi: 10‘Ne mienɔ anyigba sia dzi la, matu mi eye nyemagbã mi o, mado mi eye nyemaho mi o, elabena gbegblẽ si mehe va mia dzii la vem ŋutɔ. 11Migavɔ̃ na Babilonia fia si vɔ̃m miele fifia o. Yehowa be migavɔ̃ nɛ o, elabena meli kpli mi be maxɔ na mi eye maɖe mi tso eƒe asi me. 12Makpɔ nublanui na mi, be eya hã nakpɔ nublanui na mi eye wòaɖo mi te le miaƒe anyigba dzi.’
13“Ke ne miegblɔ be, ‘míanɔ anyigba sia dzi o,’ miegbe toɖoɖo Yehowa, miaƒe Mawu la 14eye ne miegblɔ be, ‘Gbeɖe, míayi aɖanɔ Egipte, afi si míakpɔ aʋa teƒe le, ase kpẽ ƒe ɖiɖi loo, alo abolo mahiã mí le o la,’ 15ekema mise Yehowa ƒe nya, ‘O mi ame siwo susɔ ɖe Yuda, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mieɖoe kplikpaa be yewoayi Egipte, eye mieyi ɖanɔ afi ma la, 16ekema yi si miele vɔvɔ̃m na la ava tu mi le afi ma eye dɔwuame si le ŋɔ dzim na mi la hã akplɔ mi ɖo ayi Egipte, afi mae miaku ɖo. 17Le nyateƒe me, ame siwo katã ɖoe kplikpaa be yewoaɖanɔ Egipte la aku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, wo dometɔ aɖeke matsi agbe alo asi le gbegblẽ si mahe va wo dzii la nu o.” ’ 18Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Abe ale si wotrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖe ame siwo nɔ Yerusalem dzii ene la, nenema kee woatrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la akɔ ɖe mia dzii ne mieyi ɖe Egipte. Miazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, atamkanu kple alɔmeɖenu eye miagakpɔ teƒe sia akpɔ gbeɖe o.’
19“O Yuda ƒe ame mamlɛawo, Yehowa gblɔ na mi be, ‘Migayi Egipte o.’ Nenɔ nyanya me na mi, be egbe mexlɔ̃ nu mi, be 20miewɔ vodada gã aɖe, esi miedɔm ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la na mí; gblɔ nu sia nu si wòagblɔ na wò la na mí eye míawɔ ɖe edzi.’ 21Megblɔe na mi egbe gake miewɔ ɖe nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be magblɔ na mi la dzi haɖe o. 22Eya ta azɔ maka ɖe edzi na mi be miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, le teƒe si mieɖo be yewoayi aɖanɔ.”

Did you know?
Seeking Guidance for the Remnant
- After the assassination of governor Gedaliah, the military leaders led by Johanan son of Kareah and Jezaniah son of Hoshaiah approached Jeremiah to seek divine guidance on whether the surviving remnant should remain in the land or flee.Sources: the Bible text itself · Johanan · Jezaniah
- The people solemnly swore to obey whatever answer Jeremiah received, whether it seemed favorable or unfavorable, calling on God as a faithful witness against them if they failed to comply.Sources: the Bible text itself
- Jeremiah waited ten days before receiving the divine message, which promised security and restoration if they stayed in Judah without fearing the king of Babylon, but warned of death by sword, famine, and plague if they sought refuge in Egypt.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Babylon · 32.543, 44.422 · verse 11
- Egypt · 30.129, 31.308 · verses 14, 15, 16, 17, 18, 19, 22
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 18
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org