Nations Bible

Jeremiah 41

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

1Le ɣleti adrelia me la, Ismael, Netania ƒe vi, Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒome me, eye wònye fia ƒe dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka la va Gedalia, Ahikam ƒe vi gbɔ le Mizpa kple ŋutsu ewo. Esi wole nu ɖum le kplɔ̃ ŋuti ɖekae la, 2Netania ƒe vi, Ismael kple ŋutsu ewo siwo le eŋuti la tsi tsitre, eye wotsɔ yi ƒo ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi eye wowu ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi. 3Ismael wu Yudatɔ siwo ƒo ƒu ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa la hã, hekpe ɖe Babiloniasrafo siwo le afi ma la ŋuti.

4Gbe si gbe wowu Gedalia ƒe fɔŋli, hafi ame aɖe nase nu si dzɔ la, 5ŋutsu blaenyi siwo lũ ge, dze awu le wo ɖokuiwo ŋu eye wode abi wo ɖokuiwo ŋu la, tso Sekem, Silo kple Samaria va eye wotsɔ nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖe asi va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee. 6Ismael, Netania ƒe vi, tso le Mizpa kple avi hehehe yina wo kpe ge. Esi wòdo go wo la, egblɔ na wo be, “Miva Gedalia, Ahikam vi la gbɔ.” 7Esi woge ɖe dua me la, Ismael, Netania ƒe vi kple ŋutsu siwo kpe ɖe eŋu la lé wo, tso ta le wo nu eye wotsɔ woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe vudo me. 8Ke wo dometɔ ewo gblɔ na Ismael be, “Mègawu mí o! Bli, lu, ami kple anyitsi le mía si míeɣla ɖe gbe me.” Ale mewu woawo kpe ɖe ame mamlɛawo ŋu o. 9Ke vudo si me wòtsɔ ame siwo wòwu kpe ɖe Gedalia ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo lae nye esi Fia Asa ɖe be yeatsɔ axe mɔ na Israel fia Baasa. Ke Netania ƒe vi, Ismael yɔe fũu kple ŋutilã kukuwo.

10Emegbe Ismael kplɔ dukɔ la ƒe ame mamlɛ siwo le Mizpa, fiavinyɔnuwo hekpe ɖe ame siwo katã susɔ ɖe afi ma ŋu, ame siwo nu aʋafia Nebuzaradan tsɔ Ahikam ƒe vi ɖo mɔmefiae la dzoe abe aʋaléleawo ene. Ismael, Netania ƒe vi la, kplɔ wo aboyomewoe eye wòɖo ta Amonitɔwo gbɔ kpli wo.

11Ke esi Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo le egbɔ la se hlɔ̃donu siwo katã Netania ƒe vi, Ismael wɔ la, 12wokplɔ woƒe aʋakɔ la katã be woayi aɖawɔ aʋa kple Netania ƒe vi Ismael. Wova tui le tɔ gã si le Gibeon la to. 13Esi ameha siwo katã le Ismael ŋu kpɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo kplɔe ɖo la, dzi dzɔ wo ale gbegbe. 14Ame siwo katã Ismael ɖe aboyoe le Mizpa la trɔ le eyome eye woyi ɖe Yohanan, Karea ƒe vi la gbɔ. 15Gake Netania ƒe vi, Ismael kple eŋutime enyi dze agbagba si le Yohanan nu yi ɖe Amonitɔwo gbɔ.

Sisi yi Egipte

16Azɔ la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegã siwo katã le eŋu la kplɔ dukɔ la ƒe ame siwo susɔ ɖe Mizpa, ame siwo woxɔ le Ismael, Netania ƒe vi la si, esi wòwu Ahikam vi, Gedalia la dzoe. Ameawoe nye: asrafowo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiasãmedɔwɔla siwo wòkplɔ tso Gibeon. 17Wodze mɔ le yiyim eye wova tɔ ɖe Gerut Kimham si te ɖe Betlehem ŋu, esi wole mɔ dzi yina ɖe Egipte 18ne woasi le Babiloniatɔwo nu. Wole vɔvɔ̃m na wo elabena Netania ƒe vi, Ismael wu Ahikam ƒe vi, Gedalia, ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Assassination of Gedaliah and Flight from Mizpah

  • Ishmael son of Nethaniah was a member of the royal family who opposed Babylonian rule. He came with ten men to Mizpah under the guise of sharing a meal, where he assassinated Gedaliah, the governor appointed by the king of Babylon, along with his Judean and Chaldean associates.Sources: Ishmael · Gedaliah · the Bible text itself
  • The cistern where Ishmael dumped the bodies of the murdered pilgrims from Shechem, Shiloh, and Samaria had historical military origins. It had been constructed centuries earlier by King Asa of Judah for defense against King Baasha of Israel.Sources: Asa · Baasha · the Bible text itself
  • After Ishmael seized the survivors at Mizpah to take them to Ammon, Johanan son of Kareah intercepted him at the great pool in Gibeon and freed the captives. Fearing Babylonian retaliation for the murder of the governor, Johanan and the remaining Judeans prepared to flee to Egypt.Sources: Johanan · Gibeon · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Babylon · 32.543, 44.422 · verses 2, 18
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 5
  • Samaria · 32.276, 35.195 · verse 5
  • Shechem · Today: Tell Balatah · 32.214, 35.282 · verse 5
  • Shiloh · Today: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · verse 5
  • Ammon · 31.955, 35.934 · verses 10, 15
  • Gibeon · Today: El Jib · 31.847, 35.183 · verses 12, 16
  • Bethlehem · 31.704, 35.208 · verse 17
  • Egypt · 30.129, 31.308 · verse 17
  • Geruth Chimham · Today: within 5 km of Bethlehem · 31.704, 35.208 · verse 17
  • Chaldea · 30.962, 46.104 · verse 18

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.