Judges 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Debora zu Ʋɔnudrɔ̃la le Israel
1Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, le Ehud ƒe ku megbe 2eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Yabin, Kanaan fia, ame si ɖu fia le Hazor. Eƒe aʋafia ŋkɔe nye Sisera eye wònɔ Haroset Hagoyim. 3Esi gatasiaɖam alafa asiekɛ nɔ esi, eye wòwɔ funyafunya Israelviwo ƒe blaeve sɔŋ ta la, Israelviwo do ɣli na Yehowa hebia eƒe kpekpeɖeŋu be wòaɖe yewo.
4Ame si nɔ ʋɔnu drɔ̃m na Israel ɣe ma ɣie nye nyɔnu Nyagblɔɖila Debora, Lapidot srɔ̃. 5Edrɔ̃a ʋɔnu le teƒe aɖe si woyɔna fifia be, “Debora ƒe Deti,” le Rama kple Betel dome, le Efraim ƒe tonyigba dzi. Israelviwo yia egbɔ le afi ma be wòadrɔ̃ ʋɔnu na yewo.
6Gbe ɖeka la, Debora yɔ Barak, Abinoam ƒe vi, ame si nɔ Kedes le Naftalinyigba dzi eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la de se na wò be, ‘Yi, nàƒo ƒu aʋawɔla akpe ewo (10,000) tso Naftali ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo dome eye nàkplɔ wo ayi Tabɔr to la dzi. 7Mable Sisera, Yabin ƒe aʋakplɔla, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe aʋakɔ blibo la nu ayi Kison tɔsisi la toe eye matsɔ wo ade asi na wò le afi ma.’ ”
8Barak ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be wò ŋutɔ àyi kplim la, ekema mayi gake ne màyi kplim o la, nyemayi o.”
9Debora ɖo eŋu nɛ be, “Enyo ŋutɔ, mayi kpli wò gake ɖe ale si nèle nya la ŋuti dɔ wɔmii ta la, bubu la manye tɔwò o elabena Yehowa atsɔ Sisera ade asi na nyɔnu.” Ale Debora yi Kedes kple Barak, 10afi si wòyɔ Zebulon kple Naftali ƒe toawo ƒo ƒu ɖo. Ŋutsu akpe ewo (10,000) dze eyome eye Debora hã yi kplii. 11Azɔ Kenitɔ, Heber, dzo le Kenitɔ bubuawo dome, ame siwo nye Mose toa, Hobab ƒe dzidzimeviwo eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe ati gã si le Zaananim, esi te ɖe Kedes ŋu la gbɔ. 12Esi wogblɔ na Sisera be Barak, Abinoam ƒe vi, yi Tabɔr toa dzi la 13eƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu, si si gatasiaɖam alafa asiekɛ (900) nɔ, eye woɖe zɔ tso Haroset Hagoyim yi Kison tɔsisi la to. 14Debora gblɔ na Barak be, “Yi! Le egbeŋkeke sia dzi, Yehowa tsɔ Sisera de asiwò me. Ɖe Yehowa medze ŋgɔ na wò oa?” Ale Barak ɖi tso Tabɔr to la dzi eye ŋutsu akpe ewoawo nɔ eyome. 15Esi Barak zɔ gbɔna la, Yehowa de tɔtɔ Sisera, eƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔ la dome kple yi eye Sisera ŋutɔ ɖi le eƒe tasiaɖam me heto afɔ si. 16Ke Barak ti tasiaɖamwo kple aʋakɔ la yome va se ɖe Haroset Hagoyim ke. Ale Sisera ƒe aʋakɔ la katã tsi yi nu, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã mesusɔ o. 17Sisera si yi ɖaɣla eɖokui ɖe Yael, ame si nye Heber, Kenitɔ la, srɔ̃ ƒe agbadɔ me elabena nusɔsɔe nɔ Fia Yabin, Hazor fia kple Heber ƒe hlɔ̃ la dome.
18Yael do go yi ɖakpe Sisera eye wògblɔ nɛ be, “Amegã, va nye agbadɔ me, makpɔ tawò eye ànɔ dedie eya ta mègavɔ̃ o.” Ale Sisera yi ɖamlɔ agbadɔ la me eye Yael tsyɔ kundru nɛ.
19Sisera gblɔ na Yael be, “Meɖe kuku, tsikɔ le wuyem, na tsim mano.” Yael na notsii wòno eye wògatsyɔ kundru la nɛ.
20Sisera gblɔ na Yael be, “Tsi tre ɖe wò agbadɔ la ƒe mɔnu eye ne ame aɖe va le diyem la, gblɔ nɛ be, ame aɖeke mele afi sia o.”
21Yael tsɔ agbadɔ la ƒe tsyoti tsutsɔe aɖe kple zu, te ɖe Sisera ŋu dzaa esi wònɔ alɔ̃ me, eye wòƒo tsyoti la ɖe eƒe to me wòdo to to evelia me hemimi eƒe ta ɖe anyigba. Ale Sisera ku, elabena ɖeɖiteameŋu na wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi.
22Esi Barak va nɔ Sisera dim yina la, Yael yi ɖado goe hegblɔ nɛ be, “Va mafia ame si dim nèle la wò.” Ale Barak dze eyome yi agbadɔ la me. Ekpɔ Sisera wòku ɖe afi ma eye tsyoti la nɔ to me nɛ. 23Ale Mawu wɔ Israel ŋu dɔ hebɔbɔ Kanaan fia Yabin ɖe anyi le Israelviwo ŋkume. 24Tso gbe ma gbe dzi la, Israelviwo nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi ɖe Yabin, Kanaan fia ŋu va se ɖe esime wotsrɔ̃ eƒe amewo vɔ keŋkeŋ.

Did you know?
Deborah, Barak, and the Defeat of Sisera
- Deborah is introduced as both a prophetess and a judge over Israel. Instead of leading from a military garrison, she held open court under a palm tree in the hill country of Ephraim between Ramah and Bethel, where Israelites came to seek her counsel and settle disputes.Sources: the Bible text itself · Deborah
- The battle pitted 10,000 foot soldiers from Naphtali and Zebulun against Sisera's formidable force of 900 iron chariots stationed along the Kishon riverbed near Harosheth-hagoyim. Iron chariots gave Canaanite forces significant dominance on flat terrain, but Barak's forces descended upon them from the elevated slopes of Mount Tabor.Sources: the Bible text itself · Harosheth-hagoyim · Kishon · Barak
- Sisera sought refuge with the Kenites because their chieftain Heber was at peace with King Jabin of Hazor. Nomadic women were traditionally responsible for pitching and maintaining tents, making Jael adept with the wooden pegs and mallets she ultimately used against Sisera.Sources: the Bible text itself · Jael · Heber · Sisera (army captain)
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Canaan · 32.767, 35.333 · verses 2, 23, 24
- Hazor · Today: Tel Hazor · 33.018, 35.569 · verses 2, 17
- Mount Tabor · Today: Jebel et Tur · 32.686, 35.393 · verses 6, 12, 14
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org