Judges 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Yehowa gble dukɔ aɖewo ɖi be yeado Israel akpɔ
1Ale Yehowa gblẽ dukɔ aɖewo ɖe anyigba la dzi be yeado Israelvi siwo mekpɔ aʋawɔwɔ le Kanaanyigba dzi teƒe o la kpɔ. 2Ewɔ esia be yeafia nu Israelviwo ƒe dzidzime ɖe sia ɖe tso aʋawɔwɔ ŋu, vevietɔ ame siwo mekpɔ aʋawɔwɔ teƒe kpɔ o. 3Ame siwo ganɔ anyigba la dzi kokoko woe nye Filistitɔwo ƒe du atɔ̃ me nɔlawo, Kanaantɔwo katã, Sidontɔwo kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Lebanon towo dzi, tso Baal Hermon to dzi yi ɖase Hamat mɔ nu. 4Wonye dodokpɔ na Israel be woakpɔe ɖa be Israelviwo awɔ se siwo Yehowa de na Mose, wòde na wo dzi loo alo womawɔ wo dzi o mahã.
5Ale Israel nɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo dome. 6Ke le esime Israelviwo natsrɔ̃ wo teƒe la, woɖe srɔ̃ tso wo dome. Israel ɖekakpuiwo ɖe dukɔ siawo ƒe ɖetugbiwo eye woawo hã ƒe ɖekakpuiwo ɖe Israel ɖetugbiwo. Eteƒe medidi hafi Israelviwo de asi dukɔ siawo ƒe mawuwo subɔsubɔ me o.
Otniel ɖe Israelviwo
7Ale Israelviwo wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, elabena wotrɔ le Yehowa, woƒe Mawu la yome eye wosubɔ Baalwo kple aƒeliwo.
8Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu vevie eye wòna Kusan Risataim si nye Aram Naharaim fia va ɖu wo dzi eye wonɔ eƒe dziɖuɖu te ƒe enyi. 9Ke esi Israel do ɣli na Yehowa la, ena Kaleb ƒe tɔɖiayɔvi, Otniel, ame si nye Kenaz, Kaleb nɔviŋutsu ƒe vi la ɖe wo tso futɔwo si me. 10Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Otniel dzi eye wòzu Ʋɔnudrɔ̃la na Israel. Esi wòkplɔ Israel ƒe aʋakɔ eye wowɔ aʋa kple Aram, Fia Kusan Risataim la, Yehowa kpe ɖe Israelviwo ŋu be woɖu dzi. 11Ale Israelviwo nɔ ŋutifafa me ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime Otniel, Kenaz ƒe vi la ku.
Ehud ɖe Israelviwo tso Moabtɔwo ƒe asime
12Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Esi wowɔ vɔ̃ sia ta la, Yehowa tsɔ Israel de Moab fia Eglon ƒe ŋusẽ te. 13Amonitɔwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe Moab fia la ŋu; woɖu Israelviwo dzi, eye woxɔ Yeriko, du si woyɔna be “Detiwo ƒe Du” 14eya ta Israel nɔ Eglon, Moab fia la te ƒe wuienyi sɔŋ.
15Ke esi Israelviwo gado ɣli na Yehowa la, eɖo ɖela aɖe ɖe wo. Ɖela siae nye Ehud, Gera ƒe vi, tso Benyamin ƒe to la me, ame si nye mia wɔla. Israelviwo dɔe ɖo ɖe Moab fia Eglon gbɔ kple woƒe nudzɔdzɔ. 16Hafi wòayi la, Ehud wɔ adekpui nuevee aɖe si didi mita afã. Eblae ɖe eƒe ɖusita ŋu eye wòdo awu ɖe edzi. 17Etsɔ nudzɔdzɔ yi na Moab Fia, Eglon, ame si lolo ŋutɔ. 18Esi Ehud tsɔ nudzɔdzɔ na fia la la, egblɔ na Israelvi siwo tsɔ nuawo la be woatrɔ ayi aƒe. 19Ke Ehud ŋutɔ trɔ le Gilgal ƒe legbawo gbɔ yi ɖagblɔ na fia la be, “O fia, nya ɣaɣla tɔxɛ aɖe le asinye na wò.” Tete fia la gblɔ na eŋumewo katã be, “Mizi ɖoɖoe!” Ale wo katã do go le xɔa me.
20Ehud yi egbɔ le dziƒoxɔ dzi afi si eya ɖeka nɔ anyi ɖo le eƒe dzomeŋɔlifiasã me hegblɔ nɛ be, “Mexɔ gbedeasi tso Mawu gbɔ na wò” Esi Fia la tsi tsitre tso eƒe zi dzi la, 21Ehud ƒo eƒe miasi ɖe eƒe awu te heɖe adekpui si wòbla ɖe eƒe ɖusita ŋu la eye wònyrɔe ɖe fia la ƒe dɔ me.
22Adekpui la ƒe didime blibo la ga la kple asiléƒe la siaa bu ɖe lãme na Fia Eglon hedo ɖe dzimegbe nɛ. Ehud meho aɖekpui la do goe o, eye eƒe lãmemi nye tsyɔ edzi. 23Ale Ehud do go ɖe akpata me hetu dziƒoxɔ la ƒe ʋɔtruwo eye wode ga wo me. 24Esi fia la ƒe subɔlawo kpɔ be ʋɔa nɔ tutu la, wolala, elabena wobu be ɖewohĩ fia la nɔ tsileƒe. 25Ke esi eteƒe didi, eye fia la medo go o la, dzika tso wo ƒo, ale wodi safui aɖe heʋu ʋɔ la, kasia wokpɔ fia la wòku, mlɔ anyigba.
26Le ɣeyiɣi sia me la, Ehud si heto kpelegba siwo wokpa da ɖe Seira la ŋu. 27Esi wòɖo Efraim ƒe tonyigba dzi la, eku kpẽ. Tete Israelviwo ɖi tso towo dzi va kpe ta ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ. 28Egblɔ na wo be, “Mikplɔm ɖo elabena Yehowa tsɔ míaƒe futɔwo, Moabtɔwo de asi na mí!”
Aʋakɔ la yi ɖaxɔ afi si Moabtɔwo tsoa Yɔdan tɔsisi la le, eye woxe mɔ na woƒe tɔsisi la tsotso. 29Wodze Moabtɔwo dzi eye wowu woƒe aʋawɔla sesẽ akpe ewo; wo dometɔ aɖeke mete ŋu si o. 30Ale Israel ɖu Moab dzi gbe ma gbe, eye ŋutifafa nɔ anyigba la dzi ƒe blaenyi sɔŋ.
31Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Ehud ɖo lae nye Samgar, Anat ƒe vi. Etsɔ nyikplɔti wu Filistitɔ alafa ade. Eya hã ɖe Israel.

Did you know?
The First Judges and Deliverance
- Othniel, the son of Caleb's younger brother Kenaz, is introduced as the first judge of Israel. He delivered the people from the eight-year oppression of Cushan-rishathaim, king of Aram-naharaim (Mesopotamia), leading to forty years of peace.Sources: Othniel · Chushan-rishathaim · the Bible text itself
- Ehud, a left-handed Benjamite, concealed a double-edged dagger a cubit long under his clothing on his right thigh. This allowed him to surprise Eglon, the king of Moab, who had allied with Ammon and Amalek and occupied the City of Palms (Jericho) for eighteen years.Sources: Ehud · Eglon · the Bible text itself
- Following Ehud, Shamgar son of Anath is recorded as delivering Israel by striking down six hundred Philistines using an oxgoad, a sharp pole commonly used in agriculture to drive livestock.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Canaan · 32.767, 35.333 · verse 1
- Mount Baal-hermon · Today: Mount Hermon · 33.400, 35.850 · verse 3
- Mount Lebanon · 34.300, 36.116 · verse 3
- Mesopotamia · Today: Aram-naharaim · 36.864, 39.033 · verses 8, 10
- Moab · Today: Moab 1 · 31.181, 35.701 · verses 12, 14, 15, 17, 28, 29, 30
- Amalek · 30.648, 34.422 · verse 13
- Ammon · 31.955, 35.934 · verse 13
- City of Palms · Today: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · verse 13
- Jericho · Today: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · verse 13
- Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verses 26, 28
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org