Isaiah 9
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Wodzi ŋutsuvi na mí
1Ke hã la, blukɔdodo ƒe ɣeyiɣi kple dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣi manɔ anyi ɖikaa o. Tsã la, èbɔbɔ Zebulonyigba kple Naftalinyigba ɖe anyi. Ke le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, ade bubu dukɔ siwo le Ƒutamɔ dzi kple esiwo le Yɔdan godo la ŋu.
2Dukɔ si le viviti me zɔm la kpɔ kekeli gã aɖe,
ame siwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ na wo.
3Èdzi dukɔ la ɖe edzi, eye nèdzi woƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã ɖe edzi.
Wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwòme abe ale si
amewo kpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi
kple abe ale si amewo kpɔa dzidzɔ ne
wole aboyonu mam la ene.
4Ale si wònɔ le Midiatɔwo ŋɔli ene la,
ègbã kɔkuti si nye agba la na wo,
èɖe kɔsɔkɔsɔ si le kɔ na wo
kple ame siwo te wo ɖe anyi la ƒe ameƒoti ɖa.
5Woatɔ dzo aʋawɔlawo ƒe afɔkpawo kple awu si bliba
ʋu le aʋa me la, eye dzo afia wo,
6elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí.
Dziɖuɖu le eƒe abɔta,
eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be,
“Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ,
Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia.”
7Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔ eƒe fiaɖuƒe ŋu o.
Aɖu fia le fofoa David ƒe fiazikpui dzi
kple eƒe fiaɖuƒe la me,
ne woafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee
tso ɣe ma ɣi yi ɖe mavɔ me.
Nu sia ava eme, elabena Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la
ƒe didi vevie awɔe ade goe.
Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu
8Aƒetɔ la ɖo du ɖe Yakob,
eye wòava ƒo ɖe Israel dzi
9ne amewo katã nadze sii hekpe ɖe Efraim kple Samariatɔwo,
ame siwo nɔa gbɔgblɔm le dada kple adegbe ƒuƒlu me be,
10“Anyikpewo mu dze anyi,
gake míagbugbɔ wo atu kple kpe tɔxɛwo;
wotso gbotiwo ƒu anyi,
ke míado sedatiwo ɖe wo teƒe”,
11gake Yehowa do Rezin ƒe futɔwo ɖe dzi ɖe wo ŋu,
eye wòde ƒu lãme na eƒe futɔwo.
12Aram tso ɣedzeƒe, eye Filistitɔwo tso ɣetoɖoƒe
vuvu Israel kple nu siwo ke ɖi baa la.
Togbɔ be esiawo katã dzɔ hã la,
Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o,
eye eƒe alɔ gale dzi ɖe wo ŋu ko.
13Gake ame siawo metrɔ ɖe ame si ƒo wo la ŋu o,
wogbe be yewomadi Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la yomemɔ o.
14Ale Yehowa tsrɔ̃ ta kple asike,
deʋaya kple keti siaa ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi.
15Ame tsitsiwo kple ame ŋkutawoe nye ta la,
eye nyagblɔɖila siwo fiaa alakpadada lae nye asike la.
16Ame siawo kplɔlawo nye ameblelawo,
eye ame siwo blem wole la bu.
17Eya ta Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le ɖekakpuiwo ŋu
alo ave tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nu o,
elabena wo katã wonye mawumavɔ̃lawo kple ame vɔ̃ɖiwo
eye wo katã wogblɔa nya vlowo.
Ke le esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o,
eye eƒe alɔ gale dzi ko.
18Vavã ŋutasesẽ le bibim abe dzo ene.
Efia ŋuwo kple aŋɔkawo,
eye wòtɔ dzo avekɔewo kple avedodowo,
ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.
19Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la
ƒe dɔmedzoe na dzo ƒo anyigba,
eye dukɔ la anye dzodonu,
ame aɖeke makpɔ nɔvia ta o.
20Woavuvu nu le ɖusime, gake dɔ aganɔ wo wum,
woaɖu nu le miame, gake womaɖi ƒo o.
Ame sia ame aɖu eya ŋutɔ ƒe dɔmevi ƒe lã.
21Manase aɖu Efraim, eye Efraim aɖu Manase,
wo kple eve la siaa woatso ɖe Yuda ŋu.
Le esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu metsi o,
eye eƒe alɔ gale dzi ko.

Did you know?
A Great Light and Judgment on the North
- The northern tribal territories of Zebulun and Naphtali were located in Galilee, a name derived from a word meaning circuit. Because original inhabitants long remained in the area alongside Israelites, it came to be known as Galilee of the nations or Gentiles.Sources: Galilee · the Bible text itself
- The reference to the day of Midian recalls the historic shattering of oppression by the Midianites, a nomadic people from the desert regions north of the Arabian peninsula.Sources: Midian · the Bible text itself
- The prophetic warning addresses the northern kingdom through its capital Samaria—built by King Omri atop a solitary mountain in the hills of Israel—and its leading tribe Ephraim, describing bitter civil strife between brother tribes such as Manasseh and Ephraim.Sources: Samaria · Ephraim · Manasseh (son of Joseph) · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Galilee · 32.760, 35.527 · verse 1
- Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verse 1
- Midian · 28.495, 35.012 · verse 4
- Samaria · 32.276, 35.195 · verse 9
- Philistia · 31.664, 34.546 · verse 12
- Syria · Today: Aram · 33.511, 36.306 · verse 12
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org