Nations Bible

Isaiah 8

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Asiria, Yehowa fe dɔwɔnu

1Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ nuŋlɔkpe gã aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi bena aboyonu, afɔnetsɔ, nuhaha, va kaba. 2Mayɔ nunɔla Uria kple Zekaria, Yeberekia ƒe vi be woanye ɖasefo wɔnuteƒewo nam.” 3Ale mete ɖe nyɔnu nyagblɔɖila ŋu, eye wòfɔ fu hedzi ŋutsuvi. Yehowa gblɔ nam be, “Mana ŋkɔe be Aboyonu, Afɔnetsɔ, Nuhaha, Va Kaba. 4Hafi ɖevi la nate ŋu ayɔ ‘papa’ kple ‘dada’ la, Asiria fia aho aʋa ava dze Damasko kple Samaria dzi, eye wòalɔ woƒe kesinɔnuwo adzoe.”

5Yehowa gagblɔ nam be,

6“Esi wònye be ame siawo gbe nu le Siloa

tsi si tsana blewu la gbɔ,

eye wokpɔ dzidzɔ ɖe Rezin

kple Remalia ƒe vi ŋu la,

7eya ta Aƒetɔ la ana tɔsisi la

ƒe tsi nyanyra sẽŋuwo ava kɔ ɖe wo dzi.

Tɔɖɔɖɔ la anye Asiria fia le eƒe ŋɔdzi katã me.

Tɔ la aɖɔ agbagba, eye wòage ɖe tɔʋuwo katã me;

8asi ato Yuda, atsyɔ edzi agbagba,

eye wòaɖɔ́ va se ɖe eƒe ve ke.

Eƒe aʋala akeke atsyɔ miaƒe anyigba ƒe kekeme,

O! Mawu li kpli mi!”

9Mi dukɔwo mido aʋaɣli,

eye dzi naɖe le mia ƒo.

Miƒu to anyi,

mi ame siwo le didiƒenyigbawo dzi.

Mibla akpa na aʋawɔwɔ, ke dzi neɖe le mia ƒo;

mibla ali dzi, ke dzi neɖe le mia ƒo.

10Mide aɖaŋu na aʋawɔwɔ,

gake woagblẽ miaƒe aɖaŋudede,

miwɔ ɖoɖowo, gake womadze edzi o,

elabena Mawu li kpli mi.

Vɔ̃ Mawu

11Ale Yehowa ƒo nu kplim kple kakaɖedzi hede se nam be, magadze ame siawo yome o.

12Mègaxɔ nugbeɖoɖo si

ame siawo le wɔwɔm la o,

mègavɔ̃ nu siwo vɔ̃m wole la o,

eye womegado ŋɔdzi na wò o.

13Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la koe nye ame si miabu kɔkɔe.

Eyae nye ame si ado ŋɔdzi na mi,

14eye wòazu kɔkɔeƒe, gake anye agakpe kikli

na Yuda kple Israel ƒe aƒe, esi woakli adze anyi.

Gake anye xevimɔ kple adoboli na Yerusalemtɔwo.

15Ame geɖewo aklii,

adze anyi, eye woaŋe keŋkeŋ.

Woatre mɔ alé wo.

16Bla ɖaseɖiɖi la, eye nàtre nye nufiafia nu

le nye nusrɔ̃lawo dome.

17Makpɔ mɔ na Yehowa

ame si le eƒe mo ɣlam ɖe Yakob ƒe aƒe la;

maɖo dzi ɖe eŋu.

18Kpɔ ɖa, nye kple vinye siwo Yehowa nam lae nye esi. Mienye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si le Zion to la dzi la gbɔ.

19Ne amewo gblɔ na mi be, miyi miabia nu le ŋɔliyɔlawo kple afakalawo, ame siwo doa dalĩ kple ŋɔtimegbe gbɔ la, ɖe mele be amewo nabia nu woƒe Mawu boŋ oa? Ɖe woabia nu ame kukuwo na ame gbagbewoa? 20Mitrɔ ɖe nye nufiafia kple ɖaseɖiɖiwo ŋu. Ne nu siwo wogblɔ mesɔ kple nye nyawo o la, ekema kekeli alo nyateƒe aɖeke mele wo tɔwo me o. 21Woate wo ɖe anyi, eye dɔ awu wo. Woatsa tsaglãla le anyigba blibo la dzi, eye le dɔwuame ƒe sesẽ ta la woado dziku, aƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu. 22Ekema woade wo to, ke nu si ko woakpɔe nye vevesese kple viviti kple blukɔ dziŋɔ, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi me.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Impending Flood and the Trustworthy Sign

  • The name Maher-shalal-hash-baz means "plunder speedeth; spoil hasteth." Isaiah was instructed to record this name publicly before reliable witnesses—Uriah the priest and Zechariah—and then give it to his newborn son, signifying that Damascus and Samaria would soon be plundered by the king of Assyria.Sources: the Bible text itself · Maher-shalal-hash-baz · Urijah
  • The passage contrasts the gently flowing waters of Shiloah in Jerusalem with the raging floodwaters of the Euphrates River. Because the people rejected calm trust, the imagery depicts the invading king of Assyria sweeping across the land like a catastrophic deluge reaching up to the neck.Sources: the Bible text itself · Shiloah · River · Assyria
  • Isaiah presents himself and his children as living signs and symbols given by the Lord to Israel. In a time of national crisis, he warns the people not to consult mediums and spiritists who whisper and mutter, insisting that they must seek God and His testimony instead.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Assyria · 36.359, 43.153 · verses 4, 7
  • Damascus · 33.511, 36.306 · verse 4
  • Samaria · 32.276, 35.195 · verse 4
  • Shiloah · Today: Pool of Siloam · 31.771, 35.235 · verse 6
  • Euphrates · Today: Euphrates River · 31.004, 47.442 · verse 7
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 14
  • Mount Zion · 31.772, 35.229 · verse 18

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.