Nations Bible

Ezra 9

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Ezra ƒe gbedodoɖa tso dutanyɔnuwo ɖeɖe ŋuti

1Le nu siawo wɔwɔ vɔ megbe la, kplɔlawo va gbɔnye gblɔ nam be, “Israel blibo la, nunɔlawo kple Levitɔwo hã, meɖe wo ɖokui ɖa tso dukɔ bubuwo abe Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amonitɔwo, Moabtɔwo, Egiptetɔwo kple Amoritɔwo ene ƒe ŋunyɔnuwo gbɔ o. 2Woawo ŋutɔ ɖe woƒe nyɔnuwo na wo ɖokui kple wo viŋutsuwo, eye wotsaka dukɔ kɔkɔe la kple dukɔ siwo ƒo xlã wo, eye kplɔlawo kple amegãwoe nɔ ŋgɔ le nuteƒemawɔmawɔ sia me.”

3Esi mese nya siawo la, medze nye dziwui kple nye awu ʋlaya, mekaka nye taɖa kple ge eye menɔ anyi le nuxaxa me. 4Tete ame siwo katã dzodzonyanya lé le Israel ƒe Mawu la ƒe nyawo ta la va ƒo xlãm le aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ sia ta. Menɔ anyi de kɔ to kple nuxaxa nenema va se ɖe fiẽvɔsaɣi.

5Le fiẽvɔsaɣi la, metsi tsitre tso nye ɖokuibɔbɔ la me, dziwui kple awu ʋlaya vuvu la nɔ ŋunye, eye meyi ɖadze klo, keke nye abɔwo me do ɖe Yehowa, nye Mawu la gbɔ, 6hedo gbe ɖa be:

“O nye Mawu, ŋu kpem eye nye mo tsi dãa ale gbegbe be nyemate ŋu awu mo dzi ɖe wò, nye Mawu la ŋuti o, elabena míaƒe nu vɔ̃wo kɔ gbɔ míaƒe tawo ŋu, eye míaƒe dzidadawo yi ɖatɔ dziƒo ke. 7Tso mía fofowo ŋɔli ke va se ɖe fifia la, míaƒe nu vɔ̃wo kpe ŋutɔ. Le míaƒe nu vɔ̃wo ta la, wotsɔ yi he to na míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo kple míaƒe nunɔlawo, eye woɖe aboyo mí. Dutafiawo ha mí, eye wodo ŋukpe mí abe ale si wòle egbea ene.

8“Ke azɔ la, le ɣeyiɣi kpui siawo me la, Yehowa, míaƒe Mawu la ve mía nu, gblẽ ame mamlɛawo ɖi na mí hena afɔɖoƒe sesẽ mí le eƒe kɔkɔeƒe la, ale míaƒe Mawu la na míaƒe ŋkuwo dzi kɔ kple gbɔdzɔe vi aɖe tso míaƒe kluvinyenye me. 9Togbɔ be míenye kluviwo hã la, míaƒe Mawu la megblẽ mí ɖe kluvinyenye me o. Ekpɔ nublanui na mí le Persia fiawo ƒe ŋkume. Ena agbe yeye mí be míagbugbɔ míaƒe Mawu la ƒe xɔ atu, eye míaɖɔ eƒe gli gbagbãwo ɖo. Ke eɖo dedinɔnɔ ƒe gli ƒo xlã mí le Yuda kple Yerusalem.

10“Ke azɔ la, O míaƒe Mawu, nu ka gblɔ ge míala le esia megbe? Elabena míegbe nu le wò sededewo gbɔ, 11se siwo nède to wò nyagblɔɖilawo dzi esi nègblɔ be, ‘Anyigba si dzi mieyina be miaxɔ la nye anyigba makɔmakɔ to edzinɔlawo ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me. Woto woƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me tsɔ makɔmakɔnyenye yɔ edzii tso go ɖeka dzi, yi go bubu dzi. 12Eya ta migatsɔ mia vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe alo aɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo o. Migabla ɖekawɔwɔ ƒe nu kpli wo ɣe aɖeke ɣi o, ale be miakpɔ ŋusẽ aɖu anyigba la ƒe nu nyuiwo, eye miagblẽ wo ɖi na mia viwo, woanye domenyinu mavɔ na wo.’

13“Nu si dzɔ ɖe mia dzi la nye míaƒe nu tovo wɔwɔwo kple agɔ gã si míedze la ƒe metsonu. Ke hã la, wò, míaƒe Mawu, èhe to na mí vie ko. To si nèhe na mí la le sue wu esi míaƒe nu vɔ̃wo dze na, eye nèsusɔ amewo ɖi na mí abe esiawo ene. 14Ɖe míagada le wò seawo dzi, ahaɖe srɔ̃ tso ame siwo wɔ ŋunyɔnu siawo domea? Ɖe màdo dziku ɖe mía ŋu ale gbegbe be, nàtsrɔ̃ mí eye màgble ame aɖeke ɖi alo ame ɖeka hã teti natsi agbe oa? 15O Yehowa, Israel ƒe Mawu, wò la, èle dzɔdzɔe! Wogble mí ɖi egbea abe ame siwo susɔ la ene. Míawoe nye si le ŋkuwò me le míaƒe agɔdzedze me togbɔ be, le esia ta mía dometɔ ɖeka hɔ̃ɔ hã mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o hafi hã.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Ezra's Prayer of Confession

  • When Ezra learned that the returned exiles and their leaders had intermarried with surrounding peoples, he expressed extreme grief by tearing his tunic and cloak, pulling hair from his head and beard, and sitting in shock until the evening offering.Sources: the Bible text itself
  • In his prayer of confession, Ezra recognized that God had extended mercy to the remnant through the kings of the Persian Empire, who allowed the Judeans to rebuild the temple in Jerusalem even while remaining foreign subjects.Sources: the Bible text itself · Persia · Jerusalem

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 9
  • Judea · Today: Judea 2 · 31.777, 35.234 · verse 9
  • Persia · 34.806, 48.516 · verse 9

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.