Ezra 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Ameawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me
1Esi Ezra nɔ gbe dom ɖa, nɔ nu vɔ̃ me ʋum, nɔ avi fam, eye wòtsɔ eɖokui nɔ xaxlãm ɖe anyi le Mawu ƒe aƒe la ŋkume la, Israelviwo ƒe ameha gã aɖe, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu. Woawo hã wofa avi vevie. 2Tete Yehiel ƒe vi, Sekania, Elam ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, gblɔ na Ezra be, “Míeto nyateƒe na míaƒe Mawu la o, to dutanyɔnuwo ɖeɖe me tso dukɔ siwo ƒo xlã mí la me. Togbɔ be ele alea hã la, mɔkpɔkpɔ gali na Israel ko. 3Azɔ la, mina míabla nu le míaƒe Mawu la ŋkume be míatrɔ nyɔnu siawo katã kple woƒe viwo aɖo ɖa, le nye aƒetɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo kple ame siwo vɔ̃a míaƒe Mawu la ƒe sededewo ƒe nya nu. Mina míawɔe ɖe sea nu. 4Tsi tsitre, nya sia le asiwò me. Míade megbe na wò, eya ta tso nàlé dzi ɖe ƒo eye nàwɔe.”
5Ale Ezra tsitre eye wòna nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel blibo la ka atam be woawɔ ɖe susu si wodo ɖa la dzi. Tete woka atam la. 6Ale Ezra dzo le Mawu ƒe aƒe la ŋkume heyi ɖe Yehohanan, Eliasib ƒe vi ƒe xɔ me. Esi wònɔ afi ma la, meɖu nu alo no tsi o, elabena eganɔ konyi fam ko tso aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu.
7Le esia megbe la, woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem katã be ame siwo katã gbɔ tso aboyome la naƒo ƒu ɖe Yerusalem. 8Ame si meva le ŋkeke etɔ̃ me o la, abu eƒe nunɔamesiwo katã le ametsitsiawo kple dɔnunɔlawo ƒe nyametsotso nu, eye woaɖe amea ɖa le aboyometsolawo ƒe hame.
9Le ŋkeke etɔ̃ me la, Yuda kple Benyamin ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe Yerusalem. Ale le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blaevea gbe la, ameawo katã va nɔ anyi ɖe xɔxɔnu si dze ŋgɔ Mawu ƒe aƒe la. Wonɔ dzodzom nyanyanya le nya sia kple tsi gã si nɔ dzadzam la ta. 10Nunɔla Ezra tsitre gblɔ na wo be, “Miewɔ nuteƒe o, mieɖe dutanyɔnuwo, hedzi Israel ƒe agɔdzedze ɖe edzi. 11Azɔ la, miʋu nu vɔ̃ me na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miɖe mia ɖokuiwo ɖa tso dukɔ siwo ƒo xlã mi la gbɔ, eye miɖe asi le miaƒe dutanyɔnuwo ŋu.”
12Ameha la ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ be, “Wò nya la le eteƒe! Ele be míawɔ abe ale si nègblɔ ene, 13gake ame geɖewo le afi sia, eye wònye tsidzaŋɔli hã, ale míate ŋu anɔ tsitre ɖe gota o. Gawu la, womate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ le ŋkeke ɖeka alo eve me o, elabena míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu sia me. 14Na be míaƒe amegãwo nawɔ dɔ ɖe ameha la nu, na be, ame siwo le míaƒe duwo me, esiwo ɖe dutanyɔnuwo la nava ɖe ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi kple dumegãwo kpakple ʋɔnudrɔ̃la siwo le du siwo me wotso la me va se ɖe esime míaƒe Mawu la ƒe dziku dziŋɔ la nakɔ ɖa le mía dzi.” 15Ame siwo tsi tsitre ɖe nya sia ŋu la koe nye, Yonatan, Asahel ƒe vi kple Yahzeya, Tikva ƒe vi eye Mesulam kple Sabetai, Levitɔ la, da megbe na wo.
16Ale aboyometsolawo wɔ abe ale si dzi woɖo kpee ene. Nunɔla Ezra tia ŋutsu siwo nye ƒometatɔwo, tso ƒome ɖe sia ɖe me, eye ɖe sia ɖe kple eƒe ŋkɔ. Le dzinu ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wonɔ anyi be woaku nya la me, 17eye le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wowu ŋutsu siwo katã ɖe dutasrɔ̃ la ƒe nyawo nu.
Ame siwo dze agɔ to dutasrɔ̃ɖeɖe me
18Ame siawoe ɖe dutanyɔnu le nunɔlawo dome. Ame siwo ɖee tso Yozadak ƒe vi, Yesua kple nɔvia ŋutsuwo ƒe dzidzimeviwo dome la woe nye: Maaseya, Eliezer, Yarib kple Gedalia. 19Wo katã wodo asi ɖe dzi, ɖe adzɔgbe be, yewoaɖe asi le yewoƒe dutanyɔnuawo ŋu, eye ɖe woƒe agɔdzedze la ta la, ɖe sia ɖe na agbo ɖeka tso lãhawo dome abe nu vɔ̃ vɔsa ene.
20Tso Imer ƒe dzidzimeviwo dome:
Hanani kple Zebadia.
21Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome:
Maaseya, Eliya, Semaya, Yehiel kple Uzia.
22Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo dome:
Elioenai, Maaseya, Ismael, Netanel, Yozabad kple Eleasa.
23Tso Levitɔwo dome:
Yozabad, Simei, Kelaya (alo Kelita), Petahia, Yuda kple Eliezer.
24Tso hadzilawo dome:
Eliasib.
Tso agbonudzɔlawo dome:
Salum, Telem kple Uri.
25Tso Israelvi bubuwo dome:
Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome:
Ramia, Izia, Malkiya, Miyamin, Eleazar, Malkiya kple Benaya.
26Tso Elam ƒe dzidzimeviwo dome:
Matania, Zekaria, Yehiel, Abdi, Yeremot kple Eliya.
27Tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome:
Elioenai, Eliasib, Matania, Yeremot, Zabad kple Aziza.
28Tso Bebai ƒe dzidzimeviwo dome:
Yehohanan, Hananiya, Zabai kple Atlai.
29Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome:
Mesulam, Maluk, Adaya, Yasub, Seal kple Yeremot.
30Tso Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo dome:
Adna, Kelal, Benaya, Maaseya, Matania, Bezalel, Binui kple Manase.
31Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome:
Eliezer, Isiya, Malkiya, Semaya, Simeon, 32Benyamin; Maluk kple Semaria.
33Tso Hasum ƒe dzidzimeviwo dome: Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei.
34Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome:
Madai, Amram, Uel, 35Benaya, Bedeya, Keluhi, 36Vania, Meremot, Eliasib, 37Matania, Matenai kple Yaasu.
38Tso Binui ƒe dzidzimeviwo dome:
Simei, 39Selemia, Natan, Adaya, 40Maknadebai, Sasai, Sarai, 41Azarel, Selemia, Semaria, 42Salum, Amaria kple Yosef.
43Tso Nebo ƒe dzidzimeviwo dome:
Yeiel, Matitia, Zabad, Zebina, Yadai, Yoel kple Benaya.
44Ame siawo katã ɖe dutanyɔnuwo, eye wo dometɔ aɖewo la, wo kple dutanyɔnuawo gɔ̃ hã dzi viwo.

Did you know?
The Assembly and the Oath of Separation
- To address the issue of intermarriage, the leaders issued a proclamation requiring all returned exiles in Judah and Benjamin to gather in Jerusalem within three days, under penalty of property forfeiture and expulsion from the community. When they gathered in the open square before the house of God, the people were trembling both from the gravity of the situation and from the heavy rain.Sources: the Bible text itself · Jerusalem
- Because the large crowd could not remain outdoors during the winter rainy season, the community organized a formal inquiry. Ezra and appointed heads of families investigated the cases town by town over a period of three full months, from the first day of the tenth month to the first day of the first month.Sources: the Bible text itself · Ezra
- The chapter and the book conclude with an itemized registry of over one hundred men who had taken foreign wives. The list demonstrates that intermarriage had touched all levels of post-exilic society, including descendants of the high priestly line, Levites, temple singers, gatekeepers, and ordinary citizens.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org