Nations Bible

Ezra 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Wogbugbɔ vɔsamlekpui la ɖi

1Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo nɔ woƒe duwo me nyuie vɔ la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Yerusalem abe ame ɖekawo ene. 2Tete Yozadak ƒe vi, Yesua, nɔvia nunɔlawo kple Sealtiel ƒe vi, Zerubabel kple woƒe kpeɖeŋutɔ bubuwo dze Israel ƒe Mawu la ƒe vɔsamlekpui la ɖiɖi gɔme be woasa numevɔwo le edzi, le nu si woŋlɔ ɖe Mawu ƒe ame, Mose ƒe Se la me nu. 3Togbɔ be wovɔ̃ na ame siwo ƒo xlã wo hã la, woɖi vɔsamlekpui la ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi, eye wosa ŋdi kple fiẽ numevɔsawo le edzi na Yehowa. 4Le nu si woŋlɔ ɖi nu la, woɖu agbadɔmeŋkekenyui, eye wosa numevɔ xexlẽme sinu woɖo na ŋkeke ɖe sia ɖe. 5Le esia megbe la, wosa gbe sia gbe numevɔsawo, Dzinu Yeye vɔsawo kple vɔsa siwo woɖo ɖi na Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe bubuwo. Nenema ke wosa vɔ siwo nye lɔlɔ̃nununana na Yehowa. 6Togbɔ be womeɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi haɖe o hã la, wodze vɔsasa na Yehowa gɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.

Wogbugbɔ gbedoxɔ la tu

7Azɔ la, wotsɔ ga na gliɖolawo kple atikpalawo, eye wotsɔ nuɖuɖu, nunono kple ami na Sidontɔwo kple Tirotɔwo, be woatsɔ sedati lalãwo tso Lebanon ato ƒu dzi ava kɔ ɖe Yopa, le Persia fia, Sirus ƒe mɔnana nu.

8Le ɣleti evelia me, le ƒe evelia me esi wova ɖo Mawu ƒe aƒe la me le Yerusalem la, Sealtiel ƒe vi, Zerubabel, Yozadak ƒe vi, Yesua kple wo nɔvi bubuawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo trɔ tso aboyome va Yerusalem la, dze dɔ la gɔme. Wotia Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la be woakpɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ dzi. 9Yesua kple via ŋutsuwo, nɔviawo kple Kadmiel kple via ŋutsuwo, ame siwo nye Hodavia ƒe dzidzimeviwo, kpe ɖe Henadad ƒe viŋutsuwo kple wo viŋutsuwo kpakple wo nɔviwo ŋu. Levitɔwo katã wɔ ɖeka le ame siwo le Mawu ƒe aƒe la tum la ƒe dɔwo dzi kpɔkpɔ me.

10Esi xɔtulawo ɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe vɔ la, nunɔlawo nɔ woƒe awu ʋlayawo me, lé kpẽwo ɖe asi kple Levitɔ siwo tso Asaf ƒe ƒome me, lé asiʋuiwo ɖe asi, eye woyi ɖanɔ woƒe nɔƒewo be woakafu Yehowa, abe ale si Israel fia, David ɖoe da ɖi ene. 11Wotsɔ kafukafu kple akpedada dzi ha na Yehowa be,

“Eƒe dɔ me nyo,

eye eƒe lɔlɔ̃ na Israel li ɖaa.”

Tete amehawo katã do kafukafuɣli na Yehowa sesĩe elabena woɖo Yehowa ƒe aƒe la ƒe gɔmeɖokpeawo vɔ. 12Ke esi nunɔla tsitsi geɖewo, Levitɔwo kple ƒometatɔwo, ame siwo kpɔ gbedoxɔ xoxo la kpɔ, eye wogakpɔ yeyea ƒe gɔmeɖoƒe la, wo katã fa avi kple ɣli, ke ame bubu geɖewo ya do dzidzɔɣli. 13Ame aɖeke mate ŋu ade vovototo dzidzɔɣli la kple aviɣli la dome o, elabena ameawo ƒe aseyetsotso de dzi ŋutɔ. Ale wose woƒe ɣli la le didiƒe ke.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Rebuilding the Altar and Temple Foundation

  • The returned exiles restored sacrificial worship on the temple mount before beginning major construction. Under Zerubbabel and the priest Jeshua, they rebuilt the altar on its original site to resume daily offerings and celebrate the Feast of Tabernacles before laying the temple foundation.Sources: the Bible text itself · Zerubbabel · Joshua
  • To secure timber for the rebuilding effort, the community paid masons and carpenters, and sent food, drink, and oil to Tyre and Sidon to transport cedar logs from Lebanon by sea to the port of Joppa, as permitted by Cyrus, king of Persia.Sources: the Bible text itself · Lebanon · Joppa · Cyrus
  • Laying the foundation of the house of the Lord triggered intense, mixed reactions. While many shouted joyfully to the accompaniment of trumpets and cymbals, older priests, Levites, and family heads who remembered the first temple wept aloud.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 8
  • Great Sea · Today: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · verse 7
  • Joppa · Today: Jaffa · 32.054, 34.753 · verse 7
  • Lebanon · 33.540, 35.584 · verse 7
  • Persia · 34.806, 48.516 · verse 7
  • Sidon · Today: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · verse 7
  • Tyre · 33.271, 35.196 · verse 7

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.