Ezra 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Aboyome siwo trɔ gbɔ la ƒe ŋkɔwo
1Azɔ la, ame siwo nɔ fiaɖuƒe la me, ame siwo Babilonia fia, Nebukadnezar ɖe aboyoe yi Babilonia, eye wogbɔ tso aboyome va Yerusalem kple Yuda le Zerubabel ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖanɔ woawo ŋutɔ ƒe duwo me la woe nye. 2Zerubabel, Yesua, Nehemia, Seraya, Relaya, Mordekai, Bilsan, Mispar, Bigvai, Rehum kple Baana:
3Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome, ame akpe eve alafa ɖeka blaadre-vɔ-eve (2,172).
4Sefatia ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ blaadre-vɔ-eve (372).
5Ara ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre blaadre-vɔ-atɔ̃ (775).
6Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo, to Yesua kple Yoab ƒe ƒomewo dzi le ame akpe eve alafa enyi kple wuieve (2,812).
7Elam ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254).
8Zatu ƒe dzidzimeviwo, ame alafa asiekɛ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (945).
9Zakai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre kple blaade (760).
10Bani ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642).
11Bebai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade blaeve-vɔ-etɔ̃ (623).
12Azgad ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaeve-vɔ-ene (1,222).
13Adonikam ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaade-vɔ-ade (666).
14Bigvai ƒe dzidzimeviwo, ame akpe eve kple blaatɔ̃-vɔ-ade (2,056).
15Adin ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ene kple blaatɔ̃-vɔ-ene (454).
16Ater ƒe dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasiekɛ-vɔ-enyi (98).
17Bezai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (323).
18Yorah ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple wuieve (112).
19Hasum ƒe dzidzimeviwo, ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (223).
20Gibar ƒe dzidzimeviwo, ame blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (95).
21Ŋutsu siwo tso Betlehem gbɔ la ƒe xexlẽme le alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123).
22Ame siwo tso Netofa le ame blaatɔ̃-vɔ-ade (56).
23Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128).
24Ame siwo tso Azmavet le ame blaene-vɔ-eve (42).
25Ame siwo tso Kiriat Yearim, Kefira kple Beerot le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743).
26Ame siwo tso Rama kple Geba le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621).
27Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122).
28Ame siwo tso Betel kple Ai le ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (223).
29Ame siwo tso Nebo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52).
30Ame siwo tso Magbis le ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃-vɔ-ade (156).
31Ame siwo tso Elam ƒe to evelia me le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254).
32Ame siwo tso Harim le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320).
33Ame siwo tso Lod, Hadid kple Ono le ame alafa adre kple blaeve vɔ atɔ̃ (725).
34Ame siwo tso Yeriko le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345).
35Ame siwo tso Senaa le ame akpe etɔ̃ alafa ade kple blaetɔ̃ (3,630).
36Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale:
(Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃ (973).
37Tso Imer ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052).
38Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre (1,247).
39Tso Harim ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017).
40Levitɔwo:
Yesua kple Kadmiel ƒe dzidzimeviwo to Hodavia dzi, ame blaadre-vɔ-ene (74).
41Hadzilawo:
Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128).
42Gbedoxɔ ƒe agbonudzɔlawo:
Ame siwo nye Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe dzidzimeviwo la le ame alafa ɖeka kple blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ (139).
43Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me:
Ziha, Hasufa kple Tabaot. Woƒe dzidzimeviwo nye:
44Keros, Siaha, Padon,
45Lebana, Hagaba, Akub,
46Hagab, Salmai, Hanan,
47Gidel, Gahar, Reaia,
48Rezin, Nekoda, Gazam,
49Uza, Pasea, Besai,
50Asna, Meunim, Nefusim,
51Bakbuk, Hakufa, Harhur,
52Bazlut, Mehida, Harsa,
53Barkos, Sisera, Tema,
54Nezia kple Hatifa. 55Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwoe nye:
Sotai, Hasoferet, Peruda,
56Yaala, Darkon, Gidel,
57Sefatia, Hatil, Pokeret Hazebaim kple Ami ƒe dzidzimeviwo. 58Gbedoxɔmesubɔlawo kple Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve (392).
59Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o.
60Wonye Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo. Woƒe xexlẽme le alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652).
61Ame siawo hã tso nunɔlawo dome:
Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe dzidzimeviwo. Barzilai sia ɖe Gileadtɔ Barzilai ƒe vinyɔnu, eye wole eya hã yɔm be Barzilai. 62Ame siawo di woƒe ƒomegbalẽ vevie gake womekpɔe o, eya ta womeɖe mɔ be woawɔ nunɔladɔ o, elabena wobui be wo ŋuti mekɔ o. 63Gɔvina la de se be womekpɔ mɔ aɖu nuɖuɖu kɔkɔeawo ƒe ɖeke o va se ɖe esime nunɔla aɖe nabia gbe Mawu to Urim kple Tumim dzi hafi.
64Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360). 65Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kpe ɖe hadzila alafa eve (200) ŋuti. 66Wotsɔ sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade (736), tedzisɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), 67kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720) gbɔe.
68Esi wova ɖo Yehowa ƒe aƒe me le Yerusalem la, ƒometatɔ aɖewo na lɔlɔ̃nununana be woatsɔ agbugbɔ Mawu ƒe aƒe la atu ɖe teƒe si wònɔ tsã. 69Le woƒe ŋutete nu la, wona sikaga kilogram alafa atɔ̃ (500), klosaloga tɔ̃n etɔ̃ kple nunɔlawu alafa ɖeka (100) be woatsɔ de dɔ sia me.
70Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me.

Did you know?
The List of the Returning Exiles
- Under the leadership of figures like Zerubbabel and Jeshua, the first wave of Jewish exiles returned from Babylon to Judah and Jerusalem after their captivity under Nebuchadnezzar. The whole assembly totaled 42,360 people, along with more than 7,000 servants, singers, and their livestock.Sources: the Bible text itself · Zerubbabel · Nebuchadnezzar
- Genealogical records were essential for verifying communal and religious status after the exile. Priests who could not locate their ancestral lineage in the written registers were excluded from priestly duties and forbidden from eating the sacred food until a priest could consult the Urim and Thummim.Sources: the Bible text itself
- Upon reaching the site of the ruined temple in Jerusalem, family leaders presented freewill offerings of gold darics, minas of silver, and priestly robes to fund rebuilding the house of God on its original foundations.Sources: the Bible text itself · Jerusalem
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Babylon · 32.543, 44.422 · verse 1
- Babylonia · 32.543, 44.422 · verse 1
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 68, 70
- Bethlehem · 31.704, 35.208 · verse 21
- Kiriath-jearim · Today: Deir el Azar · 31.809, 35.104 · verse 25
- Lod · 31.950, 34.900 · verse 33
- Jericho · Today: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · verse 34
- Immer · Today: in Babylonia · 32.543, 44.422 · verse 59
- Gilead · Today: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · verse 61
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org