Nations Bible

Ezekiel 48

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Anyigba la mama

1“Esiawoe nye toawo le woƒe ŋkɔwo nu:

“Tso dzigbemeliƒo dzi la, Dan axɔ mama ɖeka. Mama sia azɔ ɖe Hetlon mɔ ŋu ayi Lebo Hamat. Hazar Enan kple Damasko ƒe dzigbemeliƒo anye eƒe liƒo ƒe akpa aɖe tso ɣedzeƒe lɔƒo va yi ɣetoɖoƒe lɔƒo.

2Aser axɔ mama ɖeka; ado liƒo kple Dan ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.

3Naftali axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Aser ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.

4Manase axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Naftali ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.

5Efraim axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Manase ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.

6Ruben axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Efraim ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.

7Yuda axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Ruben ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe.

8“Anyigba si miana abe lɔlɔ̃nununana tɔxɛ ene la, anɔ Yuda ƒe anyigba ƒe liƒo dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Akeke mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye eƒe didime tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe asɔ kple to ɖeka ƒe anyigba tɔ. Kɔkɔeƒe la anɔ eƒe titina.

9“Teƒe tɔxɛ si miana Aƒetɔ Yehowa la adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye wòakeke mita akpe atɔ̃. 10Teƒe sia anye teƒe kɔkɔe na nunɔlawo. Adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) le anyiehe, akeke mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣetoɖoƒe, akeke mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣedzeƒe, eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) le dziehe. Aƒetɔ Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ teƒe sia ƒe titina. 11Teƒe sia anye nunɔla siwo ŋuti wokɔ, Zadok ƒe viwo tɔ, ame siwo wɔ nuteƒe, subɔm, eye wometra mɔ abe Levitɔwo ene esime Israelviwo tra mɔ o. 12Anye nunana tɔxɛ na wo tso teƒe kɔkɔe la ŋu, teƒe kɔkɔe aɖe ŋutɔe, eye wòado liƒo kple Levitɔwo ƒe teƒe.

13“Le nunɔlawo ƒe teƒe ƒe axadzi la, Levitɔwo axɔ anyigba wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ (5,000). Eƒe didime blibo la anye mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye eƒe kekeme blibo la anye mita akpe atɔ̃ (5,000). 14Mele be miadzra anyigba la ƒe akpa aɖeke alo aɖɔlii kple naneke o. Esiae nye anyigba la ƒe akpa nyuitɔ, eye mage ɖe ame bubuwo ƒe asi me o, elabena ele kɔkɔe na Aƒetɔ Yehowa.

15“Teƒe si asusɔ, si akeke mita akpe eve alafa atɔ̃ (2,500), eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) la, anɔ anyi na dua ƒe ŋu dɔ wɔwɔ, hena aƒewo kple lãnyiƒewo. Du la anɔ teƒe la ƒe titina, 16eye wòadidi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le anyiehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le dziehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le ɣetoɖoƒe lɔƒo. 17Du la ƒe lãnyiƒe adidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le anyiehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le dziehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòadidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le ɣetoɖoƒe lɔƒo. 18Anyigba la ƒe akpa si susɔ, si ɖe liƒo kple teƒe kɔkɔe la, eye wòmlɔ eƒe didime xa la, adidi mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe agblemenukuwo anye nuɖuɖu na dua me dɔwɔlawo. 19Dua me dɔwɔlawo, ame siwo ade agble ɖe edzi la atso Israel ƒe toawo katã me. 20Teƒe blibo la ƒe didime kple kekeme asɔ, eye ɖe sia ɖe adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500). Abe nunana tɔxɛ ene la, miaɖe teƒe kɔkɔe la ɖi wòamlɔ dua ƒe anyigba ŋu.

21“Nu si asusɔ le teƒe la ƒe akpa eveawo ŋu la le teƒe kɔkɔe la kple dua ƒe anyigba ŋu la, anye fiaviŋutsu la tɔ. Akeke ayi ɣedzeƒe lɔƒo tso teƒe kɔkɔe la mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) va se ɖe ɣedzeƒeliƒo la dzi, eye wòayi ɣetoɖoƒe lɔƒo tso mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) ŋu va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi. Teƒe eve siawo, siwo xe ɖe toawo ƒe teƒewo ƒe didime ŋu la anye fiaviŋutsu la tɔ, eye teƒe kɔkɔe la kple gbedoxɔ la anɔ woƒe titina. 22Ale Levitɔwo ƒe teƒe kple dua ƒe teƒe anɔ titina na teƒe si nye fiaviŋutsu la tɔ. Fiaviŋutsu la ƒe teƒe anɔ Yuda ƒe liƒo kple Benyamin ƒe liƒo dome.

23“Le to bubuawo gome la:

“Benyamin axɔ teƒe ɖeka; atso ɣedzeƒe lɔƒo ayi ɣetoɖoƒe lɔƒo.

24Simeon axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Benyamin ƒe teƒe tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe.

25Isaka axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Simeon tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe.

26Zebulon axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Isaka ƒe anyigba tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe.

27Gad axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Zebulon ƒe anyigba tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe.

28Gad ƒe anyigba ƒe dzieheliƒo ayi dziehe tso Tamar ayi Meriba kple Kades ƒe tsiwo gbɔ, ato Egipte ƒe Wadi ŋu ayi Atsiaƒu Gã la to.

29“Esiae nye anyigba si miama abe domenyinu na Israel ƒe towo ene, eye esiawoe anye woƒe teƒewo.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

Du la ƒe agbowo

30“Esiawoe anye du la ƒe agbowo:

“Tso dzigbeme lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250), 31woatsɔ Israel ƒe towo ƒe ŋkɔwo na du la ƒe agbowo. Anyiehegbo etɔ̃awo anye Ruben ƒe agbo, Yuda ƒe agbo kple Levi ƒe agbo.

32Le ɣedzeƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be, Yosef ƒe agbo, Benyamin ƒe agbo kple Dan ƒe agbo.

33Le dziehe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be Simeon ƒe agbo, Isaka ƒe agbo kple Zebulon ƒe agbo.

34Le ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be Gad ƒe agbo, Aser ƒe agbo kple Naftali ƒe agbo.

35“Teƒe la katã ƒe didime anye mita akpe asiekɛ.

“Eye du la ƒe ŋkɔ tso ɣe ma ɣi dzi yina la anye, ‘Aƒetɔ Yehowa le afi ma.’ ”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Division of the Land and the City of God

  • The vision allocates parallel horizontal strips of land running from east to west to each of the twelve tribes, stretching from Dan in the north near Damascus and Hazar-enan to Gad in the south at Tamar and Meribath-kadesh.Sources: the Bible text itself · Damascus · Hazar-enan · Tamar
  • Between the territories of Judah and Benjamin lies a designated sacred district measuring 25,000 cubits square, containing the sanctuary, land for the Zadokite priests and Levites, allotments for the prince, and a shared city cultivated by workers from all tribes.Sources: the Bible text itself
  • The square city features twelve gates named after the twelve tribes of Israel—three on each of its four sides—and the prophetic book concludes with the city being given the name 'The LORD Is There.'Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Damascus · 33.511, 36.306 · verse 1
  • Hamath · Today: Hama · 35.136, 36.750 · verse 1
  • Most Holy Place · Today: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · verse 12
  • Great Sea · Today: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · verse 28
  • Meribah · Today: Ain el Qudeirat · 30.648, 34.422 · verse 28
  • Negeb · 31.245, 34.841 · verse 28
  • The Lord Is There · Today: Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 35

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.