Nations Bible

Ezekiel 47

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Tɔsisi tso gbedoxɔ la me

1Ame la kplɔm gbugbɔ va gbedoxɔ la ƒe mɔnu, eye mekpɔ tsi wònɔ dodom to gbedoxɔ la ƒe kpui te yina ɣedzeƒe lɔƒo, elabena gbedoxɔ la dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Tsi la nɔ dodom tso gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo to vɔsamlekpui la ƒe dziehe. 2Tete wòkplɔm do goe to anyiehegbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me, eye tsi la nɔ tsatsam tso dziehe lɔƒo.

3Esi ame la ɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòlé dzidzeti la ɖe asi la, edzidze mita alafa atɔ̃ (500), eye wòkplɔm to tɔsisi si me afɔkɔe bu ɖo la me. 4Egadzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, eye wòkplɔm to tɔsisi si ɖo klonu la me. Edzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, eye wòkplɔm to tɔsisi si ɖo ali la me. 5Egadzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, ke azɔ la, ezu tɔsisi si nyemate ŋu atso o, elabena tsi la ɖɔ, eye wògoglo be woate ŋu aƒui, eye ame aɖeke mate ŋu atsoe o. 6Ebiam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia?”

Azɔ la, ekplɔm yi tɔsisi la to. 7Esi meɖo afi ma la, mekpɔ ati geɖewo le tɔsisi la ƒe axa eveawo. 8Egblɔ nam be, “Tsi sia tsana ɖoa ta ɣedzeƒe, gena ɖe Araba me, afi si wògena ɖe Atsiaƒu me le. Ne ege ɖe Atsiaƒu la me la, tsi la zua tsi vivi. 9Nu gbagbe geɖewo anɔ eme, afi sia afi si wòatsa ayi. Tɔmelã geɖewo anɔ eme, elabena tsi sia tsana yina afi ma, eye wònana dzetsi trɔna zua tsi nyui, ale be afi sia afi si tɔsisi la tsa yi la, nu sia nu anɔ agbe. 10Tɔƒodelawo atsi tsitre ɖe tɔsisi la to, tso En Gedi yi En Eglaim, teƒe anɔ anyi na ɖɔkpɔkplɔ. Tɔmelã vovovowo anɔ anyi abe Atsiaƒu Gã la ƒe tɔmelãwo ene. 11Ke eƒe siiwo kple tawo matrɔ o, ke boŋ woagblẽ wo ɖi na dze. 12Kutsetseti ƒomeviwo katã atsi ɖe tɔsisi la ƒe go eveawo dzi. Woƒe aŋugbawo malũ xɛ o, eye woƒe kukutsetsewo nu matso o. Woatse ku ɣleti sia ɣleti, elabena tɔsisi tso kɔkɔeƒe la tsa yi wo gbɔ. Woƒe tsetseawo anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋugbawo azu atike.”

Anyigba la ƒe liƒowo

13Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esiawoe nye liƒo siwo anɔ anyigba siwo miama na Israel ƒe to wuieveawo ƒe domenyinyi la ŋu, eye miana anyigba eve Yosef. 14Ele be miama anyigba la sɔsɔe ɖe wo dome, elabena mekɔ nye asi dzi ka atam be matsɔe ana mia tɔgbuiwo, eye anyigba sia azu miaƒe domenyinu.

15“Esiae anye anyigba la ƒe liƒowo.

“Le anyiehe lɔƒo la, liƒo la atso Atsiaƒu Gã la nu, ato Hetlon ayi Lebo Hamat va se ɖe Zedad. 16Berota kple Sibraim, afi si le liƒo si le Damasko kple Hamat dzi, ayi keke Hazer Hatikon, le Hauran ƒe liƒo dzi. 17Liƒo la atso atsiaƒu la gbɔ ayi Hazar Enan le Damasko ƒe anyieheliƒo dzi kple Hamat ƒe anyieheliƒo. Esiae anye dzigbemeliƒo la.

18Le ɣedzeƒe lɔƒo la, liƒo la ato Hauran kple Damasko dome, ato Yɔdan ŋu, ato Gilead kple Israel ƒe anyigba dome ayi ɣedzeƒeƒu la gbɔ ayi keke Tamar. Esiae anye ɣedzeƒeliƒo la.

19Le dziehe lɔƒo la, atso Tamar ayi keke Meriba Kades ƒe tsiwo gbɔ, azɔ ato Wadi le Egipte xa, ayi Atsiaƒu Gã la gbɔ. Esiae anye Dzieheliƒo la.

20Le ɣetoɖoƒe lɔƒo la, Atsiaƒu Gã la anye liƒo la na teƒe aɖe si le Lebo Hamat la kasa. Esiae anye ɣetoɖoƒeliƒo la.

21“Ele be miama anyigba la ɖe mia dome ɖe Israel ƒe toawo nu. 22Ele be miamae abe domenyinu ene na mia ɖokuiwo kple amedzro siwo va tsi mia dome, ame siwo si viwo le. Ele be miabu wo abe Israelvi dzɔleaƒeawo ene. Abe miawo ŋutɔ ene la, woana domenyinu wo ɖe Israel ƒe towo dome. 23To sia to si me amedzro la tsi la, afi mae miana eƒe domenyinu le.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Healing River and the Land's Borders

  • Ezekiel's vision depicts a stream trickling from beneath the temple threshold that rapidly grows into a deep river flowing east into the Arabah, making the salty waters fresh and sustaining lush fruit trees and thriving fisheries from En-gedi to En-eglaim.Sources: the Bible text itself · Engedi
  • In a significant legal and social development within the division of the land, resident foreigners who raise families among the tribes are allotted land inheritances on equal terms with native-born Israelites.Sources: the Bible text itself
  • The northern and eastern boundaries of the restored territory encompass ancient Syrian and Levantine landmarks, including Hamath, Damascus, and the fertile region of Hauran, while Joseph receives a double portion among the twelve tribes.Sources: the Bible text itself · Hauran · Hamath · Joseph (son of Jacob)

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Arabah · 30.417, 35.151 · verse 8
  • Salt Sea · Today: Dead Sea · 31.500, 35.500 · verses 8, 9, 10, 18
  • Engedi · Today: Ein Gedi · 31.450, 35.383 · verse 10
  • Great Sea · Today: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · verses 10, 15, 17, 19, 20
  • Damascus · 33.511, 36.306 · verses 16, 17, 18
  • Hamath · Today: Hama · 35.136, 36.750 · verses 16, 17
  • Hauran · 32.730, 36.368 · verses 16, 18
  • Sibraim · Today: in the region between Damascus and Hamath · 34.401, 36.636 · verse 16
  • Gilead · Today: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · verse 18
  • Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verse 18
  • Meribah · Today: Ain el Qudeirat · 30.648, 34.422 · verse 19
  • Negeb · 31.245, 34.841 · verse 19

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.