Ezekiel 23
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Nɔvinyɔnu gbolowɔla eveawo
1Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, nyɔnu eve aɖewo, dada ɖeka ƒe vinyɔnuviwo nɔ anyi. 3Wozu gbolowo le Egipte, eye wowɔ gbolo tso keke woƒe ɖetugbime ke. Le anyigba ma dzi la, wolé no na wo, eye woli asi woƒe akɔnu. 4Tsitsitɔ ŋkɔe nye Ohola, eye nɔvia tɔe nye Oholiba. Wonye tɔnyewo, eye wodzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nam. Oholae nye Samaria, eye Oholiba nye Yerusalem.
5“Ohola nɔ gbolo wɔm le esime wòganye tɔnye ko, eye wòtiaa eƒe ahiãviwo yome vevie. Ame siawo nye aʋawɔlawo tso Asiria, 6wodoa awu blɔtɔwo, wonye mɔmefiawo kple amegãwo, wonye nye ɖekakpui dzeɖekɛwo kple sɔdolawo. 7Etsɔ eɖokui abe gbolo ene na Asiriatɔwo ƒe ame ŋkutawo katã, eye wòtsɔ ame sia ame si yome wòtina vevie la ƒe legbawo do gu eɖokui. 8Meɖe asi le gbolowɔwɔ si gɔme wòdze le Egipte la ŋu o. Le eƒe ɖetugbime la, ŋutsuwo dɔna kplii, lia asi eƒe akɔnu hewɔa ahasi kplii vivivo.
9“Eya ta metsɔe na eƒe ahiãviwo, Asiriatɔwo, ame siwo yome wòtina vevie. 10Woɖe amamae, kplɔ via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo dzoe, eye wowui kple yi. Ezu lodonya le nyɔnuwo dome, eye wohe to nɛ.
11“Nɔvia nyɔnu Oholiba kpɔ nu sia, gake ede ŋgɔ le eƒe ŋutsuwo yometiti kple gbolowɔwɔ me wu nɔvia nyɔnu. 12Eya hã ti Asiriatɔwo, mɔmefiawo kple aʋafia gãwo, aʋawɔla, siwo le asrafowu me, sɔdolawo; ame siwo katã nye ɖekakpui dzeɖekɛwo yome. 13Mekpɔe be eya hã do gu eɖokui, eye wo ame eve la siaa to mɔ ɖeka ma.
14“Gake eya gatsɔ gbolowɔwɔ yi ŋgɔe wu. Ekpɔ wota ŋutsuwo ɖe gli aɖe ŋu. Wota Babiloniatɔwo kple aŋɔ dzĩ, 15alidziblanu le ali dzi na wo, eye tablanu gã le ta na wo. Wo katã woɖi Babiloniatɔwo ƒe tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo, eye wonye Babiloniatɔwo. 16Esi wòkpɔ wo ko la, wodzroe, eye wòdɔ amewo ɖe wo le Babilonia. 17Babiloniatɔwo do gui. Esi wodo gui vɔ la, etrɔ le wo yome kple dɔmedzoe. 18Esi wòyi eƒe gbolowɔwɔ dzi le gaglãgbe, eye wòɖe amama fia amewo ta la, meɖe asi le eŋu kple dɔmedzoe abe ale si meɖe asi le nɔvia nyɔnu ŋu kple dɔmedzoe ene. 19Ke egayi gbolowɔwɔ dzi wu esi wòɖo ŋku eƒe ɖetugbimeŋkekewo dzi, esime wònye gbolo le Egipte. 20Le afi ma la, eti eƒe ahiãviwo yome. Woƒe ŋutsu le abe tedzitsuwo tɔ ene, eye woƒe ŋutsunu le abe sɔtsuwo tɔ ene. 21Ale ŋukpenanu siwo nèwɔ le wò ɖetugbime gadzro wò esime nènɔ Egipte, woli asi wò akɔnu, eye wolé wò ɖetugbimeno.
22“Eya ta Oholiba, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Made ada ta me na wò ahiãviwo, ame siwo yome nètrɔ le kple dɔmedzoe, eye makplɔ wo vɛ woatso ɖe ŋuwò tso axa ɖe sia ɖe dzi. 23Babiloniatɔwo, ame siwo katã tso Babilonianyigba dzi, ŋutsuwo tso Pekod kple Soa kple Koa kple Asiriatɔwo katã, kpe ɖe wo ŋu. Wonye ɖekakpui dzeɖekɛwo. Wo katã wonye mɔmefiawo, dumegãwo, tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kple ame ŋkutawo, eye wo katã woganye sɔdolawo. 24Woatsɔ aʋawɔnuwo ɖe ŋuwò ava tu wò kple tasiaɖamwo, kekewo kple ameha gã aɖe. Woanɔ axa ɖe sia ɖe dzi, atsi tsitre ɖe ŋuwò kple akpoxɔnu gãwo kple suewo kple gakukuwo. Matsɔ wò ade asi na wo hena tohehe, eye woahe to na wò le woƒe sewo nu. 25Matrɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatu nu kpli wò kple dɔmedzoe. Woakpa ŋɔti kple towo na wò, eye mia dometɔ siwo atsi anyi la, atsi yinu. Woakplɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo adzoe, eye dzo afia mi ame siwo asusɔ. 26Woaɖe wò avɔwu ɖa le ŋuwò, eye woatsɔ wò sikanuwo adzoe. 27Ale matɔ te ŋukpenanuwo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ si gɔme nèdze le Egipte. Nu siawo magadzro wò o, eye màgaɖo ŋku Egipte dzi azɔ o.’
28“Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esusɔ vie matsɔ wò ade asi na ame siwo nèlé fui, ame siwo yome nètrɔ le kple dɔmedzoe. 29Woatu nu kpli wò kple fuléle, eye woatsɔ wò nu siwo katã nèwɔ dɔ hekpɔ la adzoe. Woagblẽ wò ɖi nànɔ amama, anɔ ƒuƒlu, eye woahe wò gbolowɔwɔ ƒe ŋukpe ɖe go. Wò ŋukpenanuwo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ woe 30he nu siawo va dziwò, elabena èdze dukɔwo yome, eye nèdo gu ɖokuiwò kple woƒe legbawo. 31Èdze nɔviwò nyɔnu yome, eya ta matsɔ eƒe kplu ade asi na wò.’
32“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si,
“Àno nɔviwò nyɔnu ƒe kplu,
kplu si lolo, eye wòde eme,
ahe vlododo kple koko vɛ,
elabena nu geɖewo le eme.
33Ahamumu kple nuxaxa ayɔ mewò.
Nɔviwò nyɔnu, Samaria,
ƒe kplu nye tsɔtsrɔ̃ kple aƒedozuzu ƒe kplu.
34Ànoe wòavɔ le eme ƒiaƒiaƒia,
aɖuɖɔ eƒe gbagbãwo
eye nàde abi wò nowo ŋu.
Aƒetɔ Yehowa be, yee gblɔe.
35“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esi nèŋlɔm be, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe megbe ta la, ele na wò be nàtsɔ wò ŋukpenanuwɔwɔwo kple wò gbolowɔwɔ ƒe yomedzenuwo.”
36Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ɖe nàdrɔ̃ ʋɔnu Ohola kple Oholiba mahã? Ekema tsɔ woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ɖo woƒe ŋkume, 37elabena wowɔ ahasi, eye ʋu ƒo asi na wo. Wowɔ ahasi kple woƒe legbawo; wotsɔ wo vi siwo wodzi nam la sa vɔe gɔ̃ hã abe nuɖuɖu na woƒe legbawo ene. 38Wogawɔ esia ɖe ŋunye. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wodo gu nye kɔkɔeƒe la, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. 39Le ŋkeke si dzi wotsɔ wo viwo sa vɔe na woƒe legbawo la, gbe ma gbe tututue woge ɖe nye kɔkɔeƒe la, eye wodo gui. Nu mae wowɔ le nye aƒe me.
40“Gawu la, woɖo du ɖe ŋutsuwo, ame siwo va tso didiƒe, eye esi wova ɖo la, miele tsi na mia ɖokuiwo, miesi nu yibɔ ɖe miaƒe aɖaba te, eye miede miaƒe sikanuwo. 41Mienɔ anyi ɖe nye abati nyuitɔ dzi, kplɔ̃ le eŋgɔ, kplɔ̃ si dzi míetsɔ dzudzɔdonu kple ami siwo nye tɔnye la da ɖo.
42“Ameha aɖe ƒe howɔwɔ ƒo xlãe. Wokplɔ Sabeatɔwo tso gbegbe kpli wo vɛ, eye wotsɔ abɔgɛwo de abɔwo na nyɔnu la kple nɔvia nyɔnu, eye woɖɔ fiakuku dzeaniwo na wo. 43Megblɔ tso ame si ŋu wɔna vɔ le le ahasiwɔwɔ ta be, ‘Azɔ la, mina woazãe abe gbolo ene, elabena eya koe nye nu si wònye.’ 44Eye wodɔ egbɔ. Abe ale si ŋutsuwo dɔa gbolo gbɔ ene la, nenema wodɔ nyɔnu ŋukpenanuwɔla, Ohola kple Oholiba gbɔe. 45Ke ŋutsu dzɔdzɔewo ada nyɔnu ahasitɔwo kple ʋukɔɖilawo ƒe tohehe ɖe wo dzi, elabena wonye ahasitɔwo, eye ʋu ƒo asi na wo.
46“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kplɔ ameha aɖe vɛ ɖe wo ŋu, eye nàtsɔ wo ade asi na ŋɔdzinuhaha.’ 47Ameha la aƒu kpe wo, eye woadza wo kple woƒe yiwo, woawu wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo, eye woatɔ dzo woƒe xɔwo.
48“Ale matsi ŋukpenanuwɔwɔ nu le anyigba la dzi, ale be nyɔnuwo katã nakpɔ nuxɔxlɔ̃, eye womaganɔ agbe abe woawo ene o. 49Miaxɔ miaƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ƒe tohehe, eye miatsɔ miaƒe legbasubɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu. Ekema mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.”
Places in this chapter
- Egypt · 30.129, 31.308 · verses 3, 8, 19, 21, 27
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 4
- Samaria · 32.276, 35.195 · verses 4, 33
- Assyria · 36.359, 43.153 · verses 5, 7
- Chaldea · 30.962, 46.104 · verses 14, 15, 16, 23
- Pekod · 31.361, 47.450 · verse 23
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org