Nations Bible

Ezekiel 22

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Yerusalem ƒe nu vɔ̃wo

1Yehowa ƒe nya va nam be:

2“Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnuia? Àdrɔ ʋɔnu ʋukɔkɔɖi ƒe dua? Ekema tsɔ eƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖo eƒe ŋkume, 3eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Du si he tsɔtsrɔ̃ va eɖokui dzi to ʋukɔkɔɖi le eƒe amewo dome, eye wòdo gu eɖokui to aklamakpakpɛwo wɔwɔ na eɖokui me. 4Èɖi fɔ le ʋu si nèkɔ ɖi ta, eye nègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò le aklamakpakpɛ siwo nèwɔ la ta. Èhe nuwuwu na wò ŋkekewo vɛ, eye wò ƒewo ƒe nuwuwu va ɖo. Eya ta mawɔ wò nàzu fewuɖunu na dukɔwo kple alɔmeɖenu na anyigbawo katã. 5Kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa aɖu fewu le ŋuwò. O! Du maxɔŋkɔ, si yɔ fũu kple ʋunyaʋunya.

6“ ‘Kpɔ ale si Israel dziɖula ɖe sia ɖe si le mewò la wɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔ be yeakɔ ʋu ɖi la ɖa. 7Le mewò la, wodoa vlo fofo kple dada, le mewò la, wotea amedzrowo ɖe to, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋuti. 8Miedo vlo nye nu kɔkɔewo, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. 9Le mewò la, ameŋugblẽlawo li, siwo dina vevie be yewoakɔ ʋu ɖi. Le mewò la, amewo li, siwo ɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi, eye wowɔa ŋukpenanuwo. 10Le mewò la, ame siwo doa vlo wo fofowo ƒe aba kple ame siwo dɔna kple nyɔnu siwo kpɔ dzinu, eye wo ŋuti mekɔ o la le. 11Le mewò la, ŋutsu aɖe wɔ ŋukpenanu kple nɔvia ŋutsu aɖe srɔ̃, ŋutsu bubu dɔ eya ŋutɔ via ŋutsu srɔ̃ gbɔ, eye bubu dɔ eya ŋutɔ nɔvia nyɔnu gbɔ, ame si nye eya ŋutɔ fofovia nyɔnu. 12Le mewò la, amewo xɔa zãnu be yewoakɔ ʋu ɖi. Woxɔa awɔbanu kple deme kɔkɔwo, eye wokpɔa viɖe madzemadze to wo nɔviwo baba me. Eye mieŋlɔm be. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

13“ ‘Maƒo asikpe kplokplokpo kokoko le viɖe madzɔmadzɔ si miekpɔ kple ʋu si miekɔ ɖi le mia dome la ta. 14Ɖe dzi anɔ mia ƒo alo miaƒe asiwo asẽ ŋu le ŋkeke si matu nu kple mi la dzia? Nye, Yehowae ƒo nu, eye mawɔe hã. 15Makaka mi ɖe dukɔwo dome kple anyigbawo dzi, eye matsi miaƒe makɔmakɔnyenye nu. 16Ne wodo gu mi le dukɔwo ƒe ŋkume la, mianya be nyee nye Yehowa.’ ”

17Tete Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam. 18“Ame vi, Israel ƒe aƒe blibo la zu aŋɔka nam; wo katã wonye akɔbli, gaɣi, gayibɔ kple tsumi si susɔ ɖe kpodzo me. Wole ko abe klosaloŋuka ene. 19Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi mi katã miezu aŋɔka ta la, maƒo ƒu mi ayi Yerusalem. 20Abe ale si amewo ƒoa ƒu klosalo, akɔbli, gayibɔ, tsumi kple gaɣi dea kpodzo me be woalolõ wo ene la, nenema maƒo mia nu ƒu le nye dɔmedzoe kple dziku me, eye mada mi ɖe du gã la me, alolõ mi. 21Maƒo ƒu mia nu, eye matrɔ nye dɔmedzoe ƒe dzo akɔ ɖe mia dzi, eye woalolõ mi. 22Abe ale si wololõa klosalo le kpodzo me ene la, nenema woalolõ mi le emee, eye mianya be nye, Yehowae trɔ nye dɔmedzoe kɔ ɖe mia dzi.’ ”

23Yehowa ƒe nya gava nam be, 24“Ame vi, gblɔ na anyigba la be, ‘Ènye anyigba aɖe si dzi tsi alo agbafie medza ɖo le dzikuŋkeke la dzi o.’ 25Eƒe fiaviŋutsuwo bla nu le eme abe dzata si le gbe ɖem hele nu si wòlé la vuvum ene; wovuvua ame, tsɔa kesinɔnuwo kple nu xɔasiwo, eye wonana nyɔnu geɖewo zua ahosiwo le eme. 26Eƒe nunɔlawo wɔa nu tovo ɖe nye se la ŋu, eye wodoa gu nye nu kɔkɔewo; womedea vovototo nye nu kɔkɔewo kple nu gbɔlowo dome o; wofiana be, vovototo aɖeke mele nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome o. Woŋea aɖaba ƒua nye Dzudzɔgbe la ƒe ɖoɖowo dzi, ale wogblẽa kɔ ɖo nam le wo dome. 27Woƒe amegãwo le abe amegaxiwo ene le eme, eye wovuvua nu siwo wolé. Wokɔa ʋu ɖi, eye wowua amewo be woawɔ viɖe madzɔmadzɔwo. 28Woƒe nyagblɔɖilawo siaa akalo ɖe nu ŋu na wo to aʋatsoŋutegawo me, eye wogblɔa alakpanyawo na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi.’ Le esime wònye Aƒetɔ la meƒo nu o hafi. 29Anyigba la dzi nɔlawo baa ame, eye wodaa adzo; wotea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe anyi, wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖe amedzrowo ŋu, eye womedrɔ̃a nya dzɔdzɔe na wo o.

30“Medi ame aɖe le wo dome, ame si atu gli la, eye wòatsi tsitre ɖe nye ŋkume le gbadzaƒe le ameawo teƒe, ale be nyemagblẽ nu o, gake nyemekpɔ ame aɖeke o. 31Eya ta matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, mabi wo kple nye dɔmedzoe, eye mahe nu siwo katã wowɔ la va da ɖe woƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

Did you know?

Judgment on the Sins of Jerusalem

  • Ezekiel employs metallurgical imagery by comparing the house of Israel to base metals and slag—copper, tin, iron, and lead—separated out during the refining of silver. Jerusalem is depicted as a smelting furnace where these impurities will be gathered and melted under the fire of divine judgment.Sources: the Bible text itself
  • The chapter presents an indictment against every level of Jerusalem's leadership and society, specifically naming its princes, priests, officials, false prophets, and landowners. Each group is condemned for widespread corruption, oppression of the vulnerable, and disregard for sacred laws, leaving no one to stand in the gap on behalf of the land.Sources: the Bible text itself
  • Although Jerusalem was traditionally revered as the holy city and its name was associated with peace, Ezekiel addresses it bluntly as the city of bloodshed because of pervasive violence, extortion, and systemic injustice within its walls.Sources: Jerusalem · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 2, 19

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.