Deuteronomy 21
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Nu si woawɔ ne womenya ta le amewunya aɖe nu o
1“Ne mieva ɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye wofɔ ame aɖe si wowu da ɖe gbe me la ƒe kukua, eye ame aɖeke mekpɔ ame si wui o la, 2ekema ele be miaƒe ametsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo nadzidze didime si le teƒea kple du siwo te ɖe teƒea ŋu la dome. 3Mina du si te ɖe eŋu wu la ƒe ametsitsiwo natsɔ nyinɔe ɖeka si womede kɔkuti kɔ na kpɔ o la, 4ayi balime si tɔsisi aɖe to, eye womede agble ɖi kpɔ o. Woaŋe kɔ nyinɔe la le afi ma.
5“Nunɔlawo, ame siwo Yehowa, wò Mawu la tia be woawɔ dɔ le yeƒe ŋkume, ayra amewo, adrɔ̃ ʋɔnu, eye woahe to na amewo la 6nava klɔ asi ɖe nyinɔe la dzi, 7eye wòagblɔ be, ‘Menye míaƒe asiwoe kɔ ʋu sia ɖi o, eye míekpɔ hlɔ̃ sia dodo teƒe hã o. 8O! Yehowa, tsɔ nu vɔ̃ ke wò dukɔ Israel, si wò ŋutɔ nèɖe, eye mègada ame maɖifɔ sia wuwu ɖe dukɔ la dzi o. Tsɔ ame sia ƒe ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ ke mí.’ 9Ale nàɖe fɔɖiɖi sia ɖa le mia dome to Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ me.”
Nyɔnu siwo wolé le aʋa me la ɖeɖe
10“Ne èyi aʋa, eye Yehowa, wò Mawu la na nèɖu futɔwo dzi, 11eye ne èkpɔ ɖetugbi dzetugbe aɖe le aʋaléleawo dome la, 12kplɔe yi wò aƒe me. Ele be wòaƒlɔ ta, aɖe fe, 13aɖe avɔ si wòta hafi wolée la da ɖi, ata avɔ bubu, eye wòanɔ wò aƒe me, afa fofoa kple dadaa ɣleti ɖeka blibo. Le esia megbe la, àte ŋu aɖee. 14Ke ne èɖee vɔ hafi va kpɔ be meganyo na ye o la, ele be nàna ablɔɖee. Mègadzrae o, eye mègawɔe wò ŋutɔ wò kluvi hã o, elabena ède asi eŋu xoxo.”
Nu siwo nye ŋgɔgbeviwo tɔ
15“Ne srɔ̃ eve le ŋutsu aɖe si, ŋutsua lɔ̃ srɔ̃a ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, evɔ nyɔnu eveawo katã dzi vi nɛ, eye Via ŋutsu tsitsitɔ dadae nye srɔ̃a si ŋutsu la melɔ̃ o la, 16mele be ŋutsu la nana domenyinu Via ŋutsu ɖevitɔ, ame si dada wòlɔ̃ la wòasɔ gbɔ wu Via ŋutsu tsitsitɔ, ame si dadaa melɔ̃ o la tɔ o. 17Ele na ŋutsu la be wòawɔ dukɔa ƒe sea dzi, eye wòatsɔ Via ŋutsu suetɔ ƒe domenyinu ƒe teƒe eve ana Via ŋutsu tsitsitɔ, elabena eyae nye eƒe ŋusẽ ƒe gɔmetoto, eye etɔe nye ŋgɔgbevinyenye ƒe viɖewo katã, togbɔ be eyae nye srɔ̃ si fofoa melɔ̃ o la ƒe ŋutsuvi gbãtɔ hã.”
Ŋutsuvi dzeaglãwo
18“Ne viŋutsu sẽto, dzeaglã aɖe le ŋutsu aɖe si, meɖoa to fofoa kple dadaa o, togbɔ be wohea to nɛ hafi hã la, 19ekema fofoa kple dadaa nakplɔe ayi dumemetsitsiawo gbɔ, 20agblɔ be, ‘Mía viŋutsu sia sẽa to, dzea aglã, eye mewɔa míaƒe gbe dzi o; gawu la, enye ame vlo kple ahanomunɔ.’ 21Ekema dua me tɔwo aƒu kpee wòaku. Ne miewɔ alea la, miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome, eye Israel ɖekakpuiwo katã ase nya si dzɔ eye vɔvɔ̃ aɖo wo.
Se vovovowo
22“Ne ame aɖe wɔ nu si dze na ku, eye wode ka ve nɛ la, 23mele be eƒe ŋutilã kukua natsi kadeveti la ŋuti ŋu nake o. Ele be woaɖii gbe ma gbe ke, elabena Mawu ƒo fi de ame sia ame si woatsi ɖe ati ŋuti. Mègagblẽ kɔ ɖo na anyigba si Yehowa, wò Mawu la na wò la o.”

Did you know?
Justice, Family Rights, and Communal Purity
- When a murdered body was found in an open field with no known killer, the elders of the closest town were required to perform an atonement ritual. In an unplowed valley with running water, they washed their hands over a heifer while Levitical priests attended, clearing the community of bloodguilt.Sources: the Bible text itself
- Under the laws of inheritance, a father could not transfer the firstborn's rights to a younger son out of favoritism for a beloved wife. The eldest son, even if born to an unloved wife, was legally guaranteed a double portion of the father's estate.Sources: the Bible text itself
- If an executed criminal's body was hung on a tree as a public warning, it had to be taken down and buried before nightfall. The law stated that anyone hung on a tree was under God's curse, and leaving the corpse overnight would defile the land.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org