Deuteronomy 20
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Aʋayiyi
1“Ne mieyi aʋa, eye miekpɔ sɔwo kple tasiaɖamwo wosɔ gbɔ fũu, eye miekpɔ aʋakɔ si sɔ gbɔ wu mia tɔ la, dzidzi megaƒo mi o! Yehowa, wò Mawu la, ame si kplɔ wò dedie tso Egipte la li kpli wò. 2Hafi miakpe aʋa la, na nunɔla aɖe natsi tsitre ɖe Israelviwo ƒe aʋakɔ la ŋgɔ, eye wòagblɔ be, 3‘Miɖo tom, mi Israelviwo katã. Migavɔ̃ ne mieyi aʋa wɔ ge egbe o! 4Yehowa, mia Mawu la le yiyim kpli mi! Awɔ aʋa kple futɔ la na mi, eye wòana miaɖu dzi!’
5“Ekema aʋakplɔlawo aƒo nu na aʋawɔlawo ale: ‘Mia dometɔ aɖe tso aƒe yeye, eye mekɔ eŋuti haɖe oa? Ne ele eme nenema la, ekema amea natrɔ ayi aƒe! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa akɔ wò aƒe la ŋu! 6Mia dometɔ aɖe de waingble yeye aɖe, eye meɖu waintsetse aɖeke tso agble la me haɖe oa? Ekema amea nayi aƒe me! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa aɖu eƒe waintsetse la! 7Ɖe mia dometɔ aɖe bia nyɔnu ta ŋkeke siawo mea? Ekema amea natrɔ ayi aƒe me, eye wòaɖe nyɔnu la. Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ŋutsu bubu aɖe sãa aɖe nyɔnu si ta wòbia. 8Azɔ la, mia dometɔ aɖe le vɔvɔ̃ma? Ne ele vɔvɔ̃m la, ekema neyi aƒe me be màgade vɔvɔ̃ lãme na ame bubuawo o!’
9“Ne aʋakplɔlawo wu nya siawo gbɔgblɔ na ameawo nu la, woaɖe gbeƒã aʋafiawo ƒe ŋkɔwo.”
Se le duxɔxɔ ŋuti
10“Ne èho aʋa ɖe du aɖe ŋu la, bia tso dua me tɔwo si gbã be woana ta. 11Ne wolɔ̃ ɖe edzi, eye woʋu woƒe agbowo na wò la, ekema dua me tɔwo azu wò subɔlawo. 12Ne wogbe be yewomawɔ ŋutifafa kple wò o la, ekema ele be nàɖe to ɖe dua. 13Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ du la de asi na wò la, ekema ele be nàwu ŋutsu ɖe sia ɖe le dua me, 14ke àte ŋu agblẽ nyɔnuwo, ɖeviwo, lãwo kple afunyinuwo katã ɖi na mia ɖokuiwo. 15Se siawo ku ɖe du siwo mele Ŋugbedodonyigba la ŋutɔ dzi o la ŋu.
16“Ke migana ame aɖeke natsi agbe le Ŋugbedodonyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi o. Na woatsrɔ̃ nu gbagbe ɖe sia ɖe. 17Na woatsrɔ̃ Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo keŋkeŋ, abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene.
18“Se sia ƒe taɖodzinue nye be wòana be anyigba la dzi tɔwo makplɔ mi ade woƒe legbawo subɔsubɔ kple woƒe kɔnyinyi vɔ̃ɖiwo me, eye miato esiawo me awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu o.
19“Ne èɖe to ɖe du aɖe la, mègagblẽ woƒe kutsetsetiwo o. Na miaɖu kutsetse siwo miate ŋui. Mègana woatso atiawo ƒu anyi dzodzro o. Atiawo menye futɔwo, eye wòle be nàna woatsrɔ̃ wo o! 20Ke tso ati siwo ƒe kutsetsewo womeɖuna o la ƒu anyi; woatsɔ wo awɔ atrakpuiwo kple nu siwo ŋu dɔ nàwɔ le aʋa la wɔwɔ me.”

Did you know?
Laws Concerning Warfare
- Before entering combat, Israelite officers announced specific exemptions from military duty, releasing men who had built a house not yet dedicated, planted a vineyard not yet harvested, become engaged to be married, or felt afraid.Sources: the Bible text itself
- The law established different warfare policies for distant cities compared to cities within the Promised Land; distant cities were first offered terms of peace, whereas the inhabitants of nearby nations were marked for complete destruction to avoid idolatry.Sources: the Bible text itself
- During long sieges, Israelite forces were forbidden from cutting down fruit-bearing trees to construct siege works, limiting their timber harvesting only to trees known not to produce food.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Egypt · 30.129, 31.308 · verse 1
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org