Deuteronomy 17
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
1“Mègatsɔ nyitsu alo alẽ si le dɔ lém alo esi nane wɔ la sa vɔe na Yehowa, wò Mawu la gbeɖegbeɖe o. Yehowa, wò Mawu la bua nunana siawo abe ŋunyɔnu ene.
2“Ne ame aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, le du aɖe me le anyigba blibo la dzi da le wò nubabla si nèwɔ kple Yehowa wò Mawu dzi 3to mawu bubuwo, ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo subɔsubɔ me, nu siwo ŋu mede se na mi le vevie la, 4ku nya la me tsitotsito gbã, ne nàkpɔ be ɖikeke aɖe le nya la ƒe nyateƒenyenye me hã. 5Ne nya la nye nyateƒe la, ekema woahe ŋutsu la alo nyɔnu la ayi dua godo, eye woaƒu kpee le afi ma wòaku. 6Ke mègawu ame aɖeke le ɖasefo ɖeka pɛ ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve alo etɔ̃ kokoko. 7Na ɖasefoawo naƒu kpee gbã hafi ame bubuawo naƒui. To esia me la, àɖe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia dome.”
Ʋɔnudrɔ̃ƒewo
8“Ne nya aɖe dzɔ si sesẽ akpa na wò dɔdrɔ̃, le kpɔɖeŋu me, ne wotsɔ hlɔ̃nya aɖe ɖe ame aɖe ŋu le esime ɖaseɖiɖi gobii aɖeke mele eŋu o, alo ne wote ame aɖe ɖe eme la, ekema ele be nàtsɔ nya la ayi Yehowa, wò Mawu la ƒe kɔkɔeƒe, 9na nunɔlawo kple Levitɔwo, eye ʋɔnudrɔ̃la si le nya drɔ̃m le ɣe ma ɣi la natso nya la me. 10Le eƒe nyametsotso megbe la, womagbugbɔ nya la adrɔ̃ o. Woawɔ ɖe se la dzi nyaɖenyanui. 11Ele be woawɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃la la ƒe nyametsotso dzi pɛpɛpɛ. 12Ne ame si ŋu wotsɔ nya la ɖo gbe be yemaxɔ nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa Mawu ɖo na nyadɔdrɔ̃ la ƒe nyametsotso o la, nu si woawɔe koe nye be woawui. Ele be woaɖe nu vɔ̃ wɔla siawo tɔgbi ɖa le Israelviwo dome. 13Ekema ame sia ame ase nya si dzɔ ɖe ame si gbe be yemaxɔ Yehowa ƒe nyametsotso o la dzi. Nu sia ana woavɔ̃, eye womagatsi tsitre ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe nyametsotso ŋu o.”
Fia la
14“Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi, eye nèxɔe la, de asi tamebubu me be, ‘Ele be fia nanɔ mía si abe dukɔ bubu siwo ƒo xlã mí la ene!’ 15Kpɔ egbɔ be yeɖo ame si, Yehowa, wò Mawu la atia la fiae. Ele be wòanye Israelvi, menye amedzro o. 16Kpɔ egbɔ be meƒle sɔ geɖewo na eɖokui o, eye medɔ eƒe amewo ɖe Egipte be woaƒle sɔwo tso afi ma vɛ na ye hã o, elabena Yehowa gblɔ na wò be, ‘Mègatrɔ yi Egipte gbeɖe o.’ 17Mele be fia la naɖe srɔ̃ geɖe o; ne menye nenema o la, eƒe dzi atrɔ ɖa tso Yehowa gbɔ. Mele be wòakpɔ hotsui guduu hã o.
18“Ne woɖoe fiae, eye wònɔ eƒe fiazikpui dzi abe fia ene la, ekema ele be wòaŋlɔ se siawo katã tso agbalẽ si le Levitɔwo, ame siwo nye nunɔlawo la si me. 19Ele be eƒe seawo ƒe ŋɔŋlɔ sia nanɔ esi ɣe sia ɣi, eye wòaxlẽ nu tso eme gbe sia gbe le eƒe agbe me ale be, wòasrɔ̃ ale si wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la to seawo katã dzi wɔwɔ me. 20Se siawo xexlẽ ɣe sia ɣi ana be fia la mabu be yenyo wu Israelvi bubuawo o. Kpe ɖe esia ŋu la, axe mɔ nɛ be matrɔ tso Mawu ƒe seawo gbɔ le mɔ suetɔ kekeake nu o, eye wòana be eƒe fiaɖuɖu nadidi, eye wòadze edzi. Ekema via ŋutsuwo aɖu fia ɖe eyome.”

Did you know?
Justice and the Law of the King
- Legal matters required rigorous standards of evidence, mandating at least two or three witnesses for a capital conviction, with the witnesses required to cast the first stones. Difficult legal disputes over bloodshed, civil lawsuits, or assaults were escalated to a central tribunal composed of the Levitical priests and the presiding judge.Sources: the Bible text itself
- Anticipating Israel's desire for a monarchy, the text establishes strict boundaries for a king: he had to be a fellow Israelite and was prohibited from accumulating vast numbers of horses, sending people back to Egypt for trade, taking many wives, or hoarding excessive silver and gold.Sources: the Bible text itself · Egypt
- Upon taking the throne, an Israelite king was required to write his own personal copy of the law on a scroll in the presence of the Levitical priests. He was instructed to read it daily throughout his life so that he would remain obedient to God and not view himself as superior to his countrymen.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Egypt · 30.129, 31.308 · verse 16
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org