Deuteronomy 15
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Se le Sabatƒe ŋuti
1“Le ƒe adrelia ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, woate fli ɖe fe sia fe me. 2Nudonamela ɖe sia ɖe aŋlɔ ɖe agbalẽ si Israelvi si nye nudola la na la dzi be, ‘Eɖo nu sia nu teƒe pɛpɛpɛ,’ elabena Yehowa tsɔ nu sia nu ke ame sia ame. 3Ke tsɔtsɔke sia melɔ amedzrowo ya ɖe eme o. 4Nudonamela aɖeke maɖo ko le tsɔtsɔke sia ta o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi le anyigba si wòle mia nam la dzi, ne miewɔ eƒe sewo dzi. 5Nu si hiã na eƒe yayra sia xɔxɔ koe nye miawɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo katã mele dedem na mi egbe la dzi pɛpɛpɛ. 6Yehowa miaƒe Mawu ayra mi abe ale si wòdo ŋugbe ene. Miado ga na dukɔ geɖewo, gake mahiã gbeɖegbeɖe be miawo ya miado ga o! Miaɖu dukɔ geɖewo dzi, gake woawo ya maɖu mia dzi o!
7“Ke ne mieva ɖo anyigba si Yehowa miaƒe Mawu ana mi dzi, eye ame dahe aɖewo le mia dome la, mele be miasẽ dzi me alo amia asiʋlome ɖe ame daheawo ŋu o. 8Ele be miado nu sia nu si woahiã la na wo. 9Mikpɔ nyuie! Migagbe gadodo na ame, elabena ƒe si me woate fli ɖe fewo me la gogo o! Ne miegbe gadodo na hiãtɔ la, eye hiãtɔ la ƒo koko na Yehowa la, Yehowa abui na mi nu vɔ̃e. 10Ele be nàdo nu si hiãtɔ la hiã la nɛ, eye mègafa konyi tso eŋu hã o! Elabena Yehowa wò Mawu ana nuwo nadze edzi na wò le nu sia ta! 11Ame dahe aɖewo anɔ mia dome ɣe sia ɣi kokoko. Esia ta se sia le vevie ɖo. Ele be mianyo dɔ me, ado nu na wo.”
Ablɔɖenana Hebritɔ siwo nye kluviwo
12“Ne èƒle kluvi aɖe si nye Hebritɔ, ŋutsu alo nyɔnu la, ele be wòasubɔ wò ƒe ade, eye nàna ablɔɖee le ƒe adrelia me. 13Mègana wòayi asi ƒuƒlu o! 14Do mɔe kple lã aɖewo tso wò lãha la me kple ami tso wò amiɖaƒe kple wain tso wò wainfiaƒe. Na nui ɖe ale si Yehowa wò Mawu ayra wòe la nu. 15Miɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egiptenyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi! Eya tae mele se sia dem na mi.
16“Ke ne Hebri kluvi la medi be yeadzo le gbɔwò o, ke boŋ wògblɔ be yelɔ̃ wò, wò aƒemenɔnɔ dze edzi na ye, eye wò beléle na ye dze ye ŋu la, 17ekema nàtsɔ nuŋɔnu aŋɔ to nɛ amimi ɖe ʋɔtru ŋu, ekema le esia megbe la, kluvi la atsi gbɔwò ɖikaa. Wɔ nenema ke na wò kosiwo hã. 18Ne èɖe asi le kluvi aɖe ŋu la, mègana wòave wò o, elabena ɖo ŋku edzi be kluvi ɖeka ma wɔ agbatedɔwɔla eve ƒe dɔ na ye le ƒe adeawo me! Yehowa, wò Mawu la ayra wò dɔwɔwɔwo katã ɖe esi nèna ablɔɖe wò kluvi la ta!”
Lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo
19“Ele be nàkɔ wò alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la. Mègana wò nyitsu si nye ŋgɔgbevi la nawɔ dɔ le agble me o, eye mègako fu le wò alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o. 20Le esia teƒe la, ele be wò kple wò ƒometɔwo miaɖu lã siawo le Yehowa, wò Mawu la ŋkume ƒe sia ƒe le eƒe kɔkɔeƒe la. 21Ke ne mede blibo o, afɔ ŋe nɛ, eƒe ŋku gbã alo nu gblẽ le eƒe teƒe bubu aɖe ŋu la, mèkpɔ mɔ atsɔe asa vɔe na Yehowa wò Mawu o, 22ke boŋ ɖui kple wò ƒometɔwo le aƒe me. Ame sia ame ate ŋu aɖu lã sia faa ne amea ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o hã, abe ale si ame sia ame ate ŋu aɖu sẽ kple zi ene, 23gake migaɖu lã la ƒe ʋu ya o, ke boŋ mina wòaɖuɖu ɖe anyigba abe tsi ene.”
Did you know?
Debts, Servants, and Firstborn Offerings
- Every seven years, the Israelites were required to cancel debts owed to them by fellow countrymen. Creditors were explicitly commanded not to withhold loans simply because the seventh year of release was drawing near.Sources: the Bible text itself
- Hebrew servants who had served six years were to be released in the seventh year and supplied generously with livestock, grain, and wine. If a servant chose to remain for life out of love for the household, the master marked this commitment by piercing the servant's ear against a door with an awl.Sources: the Bible text itself
- Firstborn male livestock were consecrated to God and could not be put to work or shorn. Unblemished animals were eaten annually at the central place of worship, whereas defective animals could be consumed at home by anyone, clean or unclean.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Egypt · 30.129, 31.308 · verse 15
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org