Nations Bible

2 Samuel 24

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

David xlẽ eƒe aʋawɔlawo

1Yehowa gado dziku ɖe Israel ŋu eye wòna be David tso ɖe wo ŋu gblɔ na wo be, “Miyi miaxlẽ ame siwo le Israel kple Yuda.”

2Ale fia la dɔ Aʋafia Yoab kple aʋafia bubuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi ne miatsa le Israel ƒe toawo katã me tso Dan va se ɖe Beerseba eye miaŋlɔ ŋutsu siwo ate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔ ne manya woƒe xexlẽme.”

3Ke Yoab ɖo eŋu na fia la be, “Yehowa, wò Mawu la nadzi wò aʋakɔwo ɖe edzi zi alafa eye wòana be nye aƒetɔ, fia la ƒe ŋkuwo nakpɔ esia gake nu ka ŋuti nye aƒetɔ, fia la di be yeawɔ nu sia ɖo?”

4Ke fia la ƒe nya ɖu Yoab kple aʋafia bubuawo tɔ dzi ale wodzo le fia la ŋkume be woaɖaŋlɔ ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa le Israel la ƒe ŋkɔ.

5Esi wotso Yɔdan tɔsisi la vɔ la, woƒu asaɖa anyi ɖe Aroer gbɔ le du si le balime la ƒe dziehe gome eye wozɔ to Gad va ɖo Yazer. 6Tso afi ma woyi Gilead le Tatimhodsinyigba dzi heyi Dan Yaan eye woƒo xlã yi Sidon. 7Tso afi ma woyi Tiro mɔ la me kple Hivitɔwo kple Kanaantɔwo ƒe duwo katã me. Mlɔeba la, woyi Beerseba le Yuda ƒe gbegbe.

8Esi wotsa le anyigba blibo la dzi vɔ la, wotrɔ gbɔ va Yerusalem, esi wotsa le ɣleti asiekɛ kple ŋkeke blaeve kple vɔwo megbe.

9Yoab gblɔ na fia la be ŋutsu siwo tsi na aʋayiyi la le ame akpe alafa enyi (800,000) le Israel eye wole akpe alafa atɔ̃ (500,000) le Yuda.

10David ƒe dzitsinya ɖe fu nɛ esi wòna woxlẽ ame siwo ate ŋu ayi aʋa la vɔ. Tete wògblɔ na Yehowa be, “Mewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu si mewɔ la ta. Oo Yehowa, azɔ la meɖe kuku na wò, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa elabena mewɔ bometsinu gã aɖe.”

11Hafi David nafɔ le ŋdi la, Yehowa ƒe gbe va na Nyagblɔɖila Gad, David ƒe nukpɔla be, 12“Yi nàgblɔ na David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: mele nu etɔ̃ ɖom ŋkuwò me. Tia wo dometɔ ɖeka esi mawɔ ɖe ŋutiwò.’ ”

13Gad yi David gbɔ eye wòbiae be, “Ɖe nàtia be dɔwuame nava anyigba dzi ƒe adre loo, alo nàsi le wò futɔwo nu ɣleti etɔ̃ loo, alo dɔvɔ̃ nava anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃a? Bu nu siawo ŋu nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si mana ame si dɔm la.”

14David gblɔ na Gad be, “Meɖo xaxa gã aɖe me. Na míadze Yehowa ƒe asi me le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta, ke mègana madze amegbetɔ ƒe asi me o.”

15Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi ŋdi ma; enɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi si wòɖo nɛ eye ame akpe blaadre (70,000) ku le dukɔ la me, tso Dan va se ɖe Beerseba. 16Esi mawudɔla la do eƒe asi ɖa be yeatsrɔ̃ Yerusalem la, dzɔgbevɔ̃e la ve Yehowa eye wògblɔ na mawudɔla si le nu gblẽm le ameawo dome la be, “Enyo gbɔ! Ɖe wò asi ɖa.” Yehowa ƒe dɔla la ɖo Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe le ɣe ma ɣi me.

17David kpɔ mawudɔla la eye wògblɔ na Yehowa be, “Kpɔ ɖa, nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃! Nu ka alẽ siawo ya wɔ? Na wò dɔmedzoe nabi ɖe nye kple nye ƒometɔwo ɖeɖe ko ŋuti.”

David tu vɔsamlekpui

18Nyagblɔɖila Gad va David gbɔ gbe ma gbe eye wògblɔ nɛ be, “Yi nàtu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa le Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe.” 19David yi be yeawɔ nu si Yehowa to Gad dzi gblɔ nɛ. 20Esi Arauna kpɔ fia la kple eŋumewo gbɔna egbɔ la, eyi hede ta agu tsyɔ mo anyi ɖe fia la ŋkume.

21Ebia wo be, “Nu ka wɔ ge mieva?”

David ɖo eŋu be, “Míeva be míaƒle wò lugbɔƒea eye matu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi sia ale be wòana dɔvɔ̃ la nu natso.”

22Arauna gblɔ na David be, “Nye aƒetɔ fia, wɔ nu sia nu si hiã wò la ŋu dɔ faa. Nyitsuwoe nye esiawo na numevɔsa; àte ŋu awɔ lugbɔnuwo kple nyitsuwo ƒe kɔkutiwo ŋu dɔ hena dzododo ɖe vɔsamlekpui la dzi. 23Matsɔ wo katã na wò faa. Yehowa, wò Mawu la naxɔ wò vɔsa.”

24Ke Fia David gblɔ na Arauna be, “Ao, nyemaxɔ nu siawo abe nunanawo ene o, elabena nyemedi be masa numevɔ la na Yehowa, nye Mawu la kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o.”

Ale David xe klosaloga blaatɔ̃ nɛ ɖe lugbɔƒe la kple nyitsuawo ta. 25David ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ. Yehowa se eƒe gbedodoɖa eye wòna dɔvɔ̃ la nu tso.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Census, the Plague, and the Altar

  • The phrase "from Dan to Beersheba" was a traditional way of designating the entirety of the Promised Land, spanning about 144 miles from Dan in the far north to Beersheba in the south. Joab and the military commanders spent nine months and twenty days traversing both sides of the Jordan River to complete the census.Sources: Beersheba · the Bible text itself
  • Gad, known as "the king's seer," served as a prophet during David's reign after joining him earlier during his fugitive years. Gad delivered God's three choices of discipline to David and subsequently instructed the king to erect an altar on Araunah's threshing floor.Sources: Gad · the Bible text itself
  • David purchased the threshing floor, oxen, and wood from Araunah (also called Ornan) the Jebusite, insisting on paying the full price because he refused to offer sacrifices that cost him nothing. Situated on Mount Moriah, this threshing floor became the site where Solomon later built the temple.Sources: Ornan · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Dan · Today: Tel Dan · 33.249, 35.652 · verses 2, 6, 15
  • Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verse 5
  • Gilead · Today: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · verse 6
  • Sidon · Today: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · verse 6
  • Negeb · 31.245, 34.841 · verse 7
  • Tyre · 33.271, 35.196 · verse 7
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 8, 16

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.