2 Samuel 14
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Absalom trɔ yi Yerusalem
1Esi Aʋafia Yoab kpɔ be David di vevie be yeagakpɔ Absalom la, 2eɖo du ɖe nyɔnu nyanu aɖe si nɔ Tekoa. Esi nyɔnu la va la, Yoab gblɔ nɛ be, “Wɔ abe ɖe nèle konyi fam ene eye nàta funyivɔ. Mègavu ɖa o; wɔ ɖokuiwò abe nyɔnu si le fu nyim ɣeyiɣi didi aɖe ene. 3Ekema nàyi fia la gbɔ eye nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la nɛ.”
4Esi nyɔnu la ɖo fia la gbɔ la, emlɔ anyigba, tsyɔ mo anyi le fia la ŋkume eye wòdo ɣli be, “Oo, fia, nyo nam!”
5Fia la biae be, “Nu kae le fu ɖem na wò.”
Eɖo eŋu be, “Ahosie menye, srɔ̃nye ku. 6Viŋutsu eve nɔ nye, wò dɔla si. Wowɔ avu kple wo nɔewo le gbedzi; ame aɖeke menɔ afi ma alé avu wo o. Ale ɖeka wu nɔvia. 7Azɔ la, ƒometɔ mamlɛawo le biabiam be maɖe asi le esi wu nɔvia la ŋu ne woawu eya hã le ale si wòwu nɔvia la ta. Ne mewɔ woƒe gbe dzi la, viŋutsu aɖeke maganɔ asinye o, ekema srɔ̃nye ƒe ŋkɔ abu le anyigba dzi.”
8Fia la gblɔ nɛ be, “Gblẽ nya sia ɖe nye asi me; makpɔ egbɔ be ame aɖeke maka asi viwò ŋutsu la ŋu o.”
9Tekoa nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Oo, nye aƒetɔ, meda akpe na wò; ne woaxa wò be nèkpe ɖe ŋunye alea la, maxɔ nya la ɖe ɖokuinye dzi.”
10Fia la yi edzi be, “Mègatsi dzi le akpa ma ŋu o. Ne ame aɖe melɔ̃ ɖe edzi o la, kplɔe vɛ nam. Meka ɖe edzi na wò be magagblɔ nya aɖeke o!”
11Nyɔnu la gblɔ na David be, “Meɖe kuku, tsɔ Yehowa, wò Mawu, ka atam nam be, yemaɖe mɔ ame aɖeke nawɔ nuvevi vinye la o. Nyemedi be woagakɔ ʋu bubu aɖeke ɖi o.”
David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa ka atam na wò bena ame aɖeke manyɔ viwò la ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã o!”
12Nyɔnu la yi edzi be “Meɖe kuku, na magabia nu ɖeka wò, nye aƒetɔ fia la!”
David gblɔ nɛ be, “Bia faa!”
13Nyɔnu la gblɔ be, “Ekema nu ka ta nèɖo nu sia tsitre ɖe Mawu ƒe amewo ŋuti? Elabena le nyametsotso si nèna nu la, fia la bu fɔ eɖokui le esime megbugbɔ via si wònya de gbe la va aƒee o. 14Mí katã míele kuku ge, mlɔeba la míaƒe agbe le abe tsi si wotrɔ kɔ ɖe anyigba ene, womagate ŋu aklui o. Ke Mawu ayra wò kple agbe didi wu, ne àto mɔ aɖe nu ana viwò Absalom nagbɔ va aƒe.
15“Eya ta meva be magblɔ nya sia na nye aƒetɔ, fia la elabena ameawo le vɔvɔ̃ dom nam. Wò subɔla bu be, ‘Maƒo nu kple fia la kpɔ; ɖewohĩ awɔ nu si eƒe subɔla la abia. 16Ɖewohĩ fia la alɔ̃ be yeaɖe eƒe subɔla tso ame si le didim be yeana be nye kple vinye míaxɔ domenyinu si Mawu na mí o la si me.’
17“Ɛ̃, fia la agana eƒe asimeŋutifafa mí. Menya be èle abe mawudɔla ene eye ètea ŋu dzea si nyui tso vɔ̃ gbɔ. Yehowa, wò Mawu, nanɔ kpli wò.”
18Fia la gblɔ be, “Medi be manya nu ɖeka.”
Nyɔnu la biae be, “Nye aƒetɔ, nu kae?”
19Fia la yi edzi be, “Yoab ye nye ame si dɔ wò ɖe afi sia?”
Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, aleke mate ŋu agblɔ be menye eyae o? Ɛ̃, Yoab ye dɔm ɖa eye wògblɔ nu si magblɔ na wò la nam. 20Ewɔ nu sia, ale be yeatsɔ nya la aɖo wò ŋkume to mɔ bubu dzi. Ke wò nye aƒetɔ, ènyaa nu abe mawudɔla ene eye nènya nu sia nu si dzɔna!”
21Ale David yɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, yi nàkplɔ Absalom vɛ.”
22Yoab mlɔ anyigba le fia la ŋkume eye wòyra fia la hegblɔ be, “Nye aƒetɔ fia, egbe nye wò dɔla medze sii mlɔeba be èlɔ̃m elabena èlɔ̃ ɖe nu si mebia wò la dzi!”
23Ale Yoab yi Gesur eye wòkplɔ Absalom gbɔ va Yerusalem.
24Fia David de se be, “Absalom ate ŋu ayi eya ŋutɔ ƒe nɔƒe le fiasã sia me gake mekpɔ mɔ ado ɖe nye ŋkume le afi sia gbeɖe o. Nyemedi be makpɔe kura o!”
25Ame aɖeke medze ɖeka le Israelnyigba dzi abe Absalom ene o eye womekafua ame bubu aɖeke hã nenema abe eya ene o. 26Ekoa eƒe taɖa zi ɖeka pɛ ko le ƒe blibo ɖeka me. Nu si ta ko wòkonɛ zi ɖeka ma hãe nye be taɖa la tona ʋutuu, eye ne edae la ekpena kilogram etɔ̃ sɔŋ eye wòkpena le ta nɛ akpa. 27Viŋutsu etɔ̃ kple vinyɔnu ɖeka, Tamar, ame si dze tugbe ŋutɔ la nɔ Absalom si.
28Absalom nɔ Yerusalem ƒe eve eye mekpɔ fia la o. 29Eɖo du ɖe Yoab be wòava aɖe kuku na ye fofo na ye gake Yoab gbe meyi o. Absalom gaɖo du ɖee zi evelia eye wògagbe yiyi.
30Ale Absalom ɖe gbe na eƒe subɔlawo be, “Miyi miatɔ dzo Yoab ƒe lugble si le tɔnye xa” eye woyi ɖatɔ dzoe.
31Yoab yi Absalom gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka ta wò subɔlawo tɔ dzo nye lugble ɖo?”
32Absalom ɖo eŋu be, “Elabena medi be nàbia fia la nam be, nu ka ta wòkplɔm gbɔe tso Gesur ne medi be yeakpɔm o? Anye ne manɔ afi ma hafi. Na maƒo nu kple fia la eye ne ekpɔ be mewu ame la, wòawum.”
33Yoab gblɔ nya si Absalom gblɔ la na fia la eye David yɔ Absalom mlɔeba. Eva, de ta agu na fia la eye wòkpla asi kɔ nɛ.
Did you know?
Absalom’s Return to Jerusalem
- Tekoa was a town in Judah located about 12 miles south of Jerusalem. Joab recruited a wise woman from there to present a fictional legal case to King David, using an apologue to persuade him to bring his exiled son Absalom back home.Sources: Tekoa · the Bible text itself
- Absalom had sought refuge in Geshur, a Syrian territory ruled by his maternal grandfather, after killing Amnon. The biblical text notes his striking physical appearance and remarkably thick hair, which was sheared annually and weighed two hundred shekels by the royal standard.Sources: Absalom · Geshur · the Bible text itself
- After returning to Jerusalem, Absalom lived for two full years without being permitted to see the king, until he ordered his servants to set fire to Joab’s barley field to force an audience.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Tekoa · Today: Khirbet Teku’a · 31.632, 35.210 · verses 2, 4, 9
- Geshur · 32.767, 35.700 · verses 23, 32
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 23, 28
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org