Nations Bible

2 Samuel 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Amnon kple Tamar

1Nɔvinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Absalom, David ƒe viŋutsu si. Eŋkɔe nye Tamar eye eƒe nu nyo David viŋutsu bubu si woyɔna be Amnon la ŋu, evɔ Amnon kple Tamar nye atsusiviwo.

2Amnon ƒe lɔlɔ̃ na Tamar va ɖe fu nɛ ale gbegbe be wòdze dɔ. Amnon mekpɔ mɔnu aɖeke awɔ naneke kplii o, elabena Tamar menya ŋutsu haɖe o. 3Xɔlɔ̃ dzeaye aɖe nɔ Amnon si; eŋkɔe nye Yonadab, ame si nye David nɔviŋutsu, Simea ƒe vi.

4Gbe ɖeka la, Yonadab bia Amnon be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta wò, fiavi, nàlé blanui ale ŋdi sia ŋdi?”

Amnon gblɔ nɛ be, “Tamar, nɔvinye nyɔnu, ame si dzɔ ɖe Absalom yome la ƒe vi la ƒe nu lé dzi nam.”

5Yonadab gblɔ nɛ be, “Enyo, magblɔ nu si nàwɔ la na wò. Yi ɖamlɔ anyi eye nàwɔ abe ɖe nèdze dɔ ene. Ne fofowò va be yeakpɔ wò ɖa la, gblɔ nɛ be wòana Tamar nava wɔ nuɖuɖu aɖe na ye. Na wòanya be yeahaya ne Tamar va ɖa nu na ye.”

6Amnon wɔ alea. Esi David va kpɔe ɖa la, eɖe kuku nɛ be wòaɖe mɔ na ye nɔvinyɔnu, Tamar, wòava ɖa nu na ye yeaɖu. 7David lɔ̃ eye wòɖo du ɖe Tamar be wòayi Amnon ƒe xɔ me eye wòaɖa nane nɛ. 8Ale Tamar yi Amnon ƒe xɔ me ale be Amnon nakpɔ ale si wòablu amɔ lae. 9Etɔ tatalĩ tɔxɛ aɖe nɛ, ke esi wòɖo kplɔ̃ nɛ la, egbe nua ɖuɖu! Eɖe gbe na eƒe subɔlawo be woadzo le yewo gbɔ eye subɔlawo katã do go le xɔa me.

10Amnon gblɔ na Tamar be, “Tsɔ nuɖuɖu la va nye dɔƒe eye nàdoe nam.” Ale Tamar tsɔ nuɖuɖu la yii. 11Esi wòtsi tsitre ɖe eŋkume la, Amnon gblɔ nɛ be, “Lɔlɔ̃tɔ, va mlɔ gbɔnye.”

12Tamar do ɣli be, “Oo, Amnon, èdzɔ movi loo! Mègawɔ nu sia tɔgbi o. Wò ŋutɔ ènya be nu sia tɔgbi medzɔna le Israel o. 13Afi ka mayi kple ŋukpe gã sia? Woayɔ wò be abunɛtɔ gãtɔwo dometɔ ɖeka le Israel! Meɖe kuku, ƒo nu kple fia la, ekema aɖe mɔ na wò nàɖem.”

14Amnon gbe meɖo toe o, ke boŋ esi wòsẽ wu Tamar ta la, elée sesẽtɔe hedɔ egbɔ. 15Enumake lɔlɔ̃ si wòtsɔ nɛ la trɔ zu fuléle. Amnon lé fu Tamar azɔ wu ale si wòlɔ̃e tsã. Eblu ɖe eta be, “Do go nàdzo le afi sia!”

16Tamar de asi avifafa me hegblɔ be, “Ne ègbem la, evɔ̃ɖi wu nu si nèwɔ kplim gɔ̃ hã.”

Ke Amnon meɖo to Tamar ƒe nya siawo o. 17Eyɔ eƒe subɔla eye wògblɔ nɛ be, “He nyɔnu sia do goe le afi sia eye nàtu ʋɔa ɖe eyome.” 18Ale subɔla la hee do goe eye wòtu ʋɔ la ɖe eyome. Edo awu ʋlaya nyui aɖe si fiavinyɔnu siwo menya ŋutsu haɖe o la dona. 19Tamar dze awu la le eɖokui ŋuti, lɔ dzowɔ kɔ ɖe tame, kpla asi ta, henɔ avi fam kple ɣli eye wòdzo.

20Nɔvia Absalom biae be, “Nyateƒee be Amnon gblẽ wòa? Mègana wòave wò nenema kura o, elabena ƒome ɖeka sia me ko nya la dzɔ le. Esia menye nya aɖeke si ŋu nàtsi dzi le alea o!”

Ale Tamar nɔ nɔvia Absalom gbɔ abe nyɔnu si ɖi gbɔ̃ eɖokui ene.

21Esi Fia David se nya si dzɔ la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. 22Absalom lé fu Amnon le esi wògblẽ nɔvia, Tamar ta ale gbegbe be megaƒoa nu kplii gɔ̃ hã o.

Absalom wu Amnon

23Le ƒe eve megbe la, wonɔ fu kom na Absalom ƒe alẽwo le Baal Hazor, le Efraim du la gbɔ. Absalom kpe fiaviŋutsuwo katã be woava afi ma. 24Eyi fofoa David gbɔ hekpe eya hã kple eŋumewo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye. 25Ke fofoa gblɔ nɛ be, “Ao, vinye, ne mí katã míeva la, míanye agba na wò akpa.”

Absalom ƒoe ɖe enu gake melɔ̃ ɖe yiyi dzi o; ɖeko wòda akpe nɛ ɖe eƒe amekpekpe la ta.

26Absalom gblɔ be, “Enyo; ne wò ŋutɔ màte ŋu ava o hã la, màɖo nɔvinye, Amnon ɖa ɖe tewòƒe oa?”

Fia la biae be, “Nu ka ta maɖo Amnon ɖa?” 27Absalom yi nya la ƒoƒo ɖe fia la nu dzi va se ɖe esime wòlɔ̃ eye wòna via ŋutsuwo katã, ame siwo dome Amnon hã nɔ la yi.

28Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!”

29Ale Absalom ƒe amewo wɔ Amnon abe ale si Absalom ɖo na wo ene. Tete fia la ƒe viwo katã lia woƒe tedzisɔwo dzi eye wosi dzo.

30Esi wonɔ mɔa dzi la, David se be, “Absalom wu fia la ƒe viwo katã eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mesusɔ o.”

31Fia la tsi tsitre, dze eƒe awuwo eye wòmlɔ anyigba, le konyifafa me, eŋumewo hã dze woƒe awuwo le ŋɔdzi kple konyifafa ta.

32Ke Yonadab, David nɔviŋutsu, Simea ƒe viŋutsu gblɔ be, “Mele be nye aƒetɔ nabu be wowu fiaviŋutsuawo katã o. Amnon ko wowu! Esiae nye Absalom ƒe tameɖoɖo si wògblɔna tso gbe si gbe ke Amnon gblẽ nɔvia nyɔnu Tamar. 33Mele be nye aƒetɔ, fia la naƒo to nya sia bena fiaviŋutsuawo katã ku o. Amnon koe ku.”

34Ke Absalom si le teƒea.

Azɔ, dzɔla si le Yerusalem ƒe gli la dzi la, kpɔ ameha gã aɖe le togbɛ la ŋu wogbɔna Yerusalem.

35Yonadab gblɔ na fia la be, “Kpɔ ɖa, woawoe nye emawo! Viwò ŋutsuwo gbɔna ɖa abe ale si megblɔ ene.”

36Eteƒe medidi o la, wova do henɔ avi fam. Fia la kple eŋumewo hã fa avi vevie.

37Absalom si yi Talmai, Amihud ƒe vi Gesuri fia gbɔ. Ke Fia David faa via ŋutsu la gbe sia gbe.

38Absalom si yi Gesur eye wònɔ afi ma ƒe etɔ̃. 39Esi Fia David dzudzɔ Amnon fafa la, edi vevie be yeagakpɔ ye vi Absalom.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Tragedy and Revenge in David's House

  • Amnon was David's eldest son, born to Ahinoam of Jezreel, whereas Absalom and Tamar were David's children by Maacah, the daughter of King Talmai of Geshur.Sources: Amnon · Absalom · Talmai · the Bible text itself
  • Absalom waited two full years before carrying out his revenge against Amnon, choosing a festive gathering for sheep-shearing at Baal-hazor near the borders of Ephraim.Sources: Absalom · Baal-hazor · the Bible text itself
  • Following the assassination of Amnon, Absalom fled north to the district of Geshur to seek refuge with his maternal grandfather, King Talmai son of Ammihud, remaining there for three years.Sources: Absalom · Talmai · Ammihud · Geshur

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 30, 34
  • Geshur · 32.767, 35.700 · verses 37, 38

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.