2 Kings 20
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Hezekia ƒe dɔléle
1Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi yi egbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo elabena èle kuku ge eye màhaya o.’ ”
2Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be, 3“Oo Yehowa, ɖo ŋku ale si mezɔ le ŋkuwòme le anukwareɖiɖi me kple ale si metsɔ nye dzi blibo la wɔ nu si nyo le ŋkuwò me la dzi.” Eye Hezekia fa avi vevie.
4Hafi Yesaya nado le xɔxɔnu titinatɔ me la, Yehowa ƒe gbe va nɛ bena, 5“Trɔ nàyi ɖagblɔ na Hezekia, nye dukɔ ƒe kplɔla be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Mayɔ dɔ wò. Ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi la, àyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. 6Mada ƒe wuiatɔ̃ ɖe wò agbenɔƒewo dzi eye maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta le nye ŋkɔ kple nye dɔla David ta.’ ”
7Tete Yesaya gblɔ nɛ be, “Tu gbotsetsewo wòabla nyuie.” Wotui eye wokae ɖo ƒoƒoeawo dzi nɛ eye eƒe lãme se.
8Hezekia bia Yesaya be, “Nu kae anye dzesi be Yehowa ayɔ dɔm eye mayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi?”
9Yesaya ɖo eŋu nɛ be, “Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò be Yehowa awɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo; àdi be vɔvɔli nayi megbe ɖoƒe ewo loo wòayi ŋgɔ ɖoƒe ewoa?”
10Hezekia gblɔ nɛ be, “Enye nu bɔbɔe be vɔvɔli nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo, eya ta na wòayi megbe ɖoƒe ewo boŋ.”
11Tete Nyagblɔɖila Yesaya do ɣli na Yehowa eye Yehowa na vɔvɔli yi megbe ɖoƒe ewo le Ahaz ƒe ɣega te.
Ame dɔdɔwo tso Babilonia
12Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ nunana ayi na Hezekia elabena ese be edze dɔ.
13Hezekia xɔ wo nyuie eye wòtsɔ eƒe kesinɔnuwo katã fia wo. Kesinɔnu siawoe nye klosalo, sika, atikeʋeʋĩ, ami xɔasiwo kple aʋawɔnuwo. Naneke mele fiasã la alo dukɔ la me esi Hezekia metsɔ fia wo o.
14Nyagblɔɖila Yesaya yi Fia Hezekia gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka dim ame siawo le? Afi ka wotso?”
Hezekia ɖo eŋu be, “Wotso Babilonia ke.”
15Yesaya biae be, “Nu kawoe wokpɔ le wò fiasã me?”
Hezekia ɖo eŋu be, “Metsɔ nye kesinɔnuwo katã fia wo.”
16Yesaya gblɔ nɛ be, “Ɖo to Yehowa ƒe nya sia: 17Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe. 18Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.”
19Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya si nègblɔ la nyo.” Ke nu si tututu wòbu le eɖokui me lae nye, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ ɖeɖe nanɔ anyi le nye ŋutɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo me ko!”
20Woŋlɔ Hezekia ƒe ŋutinya mamlɛa, nu gã siwo wòwɔ abe ta kple tɔʋu siwo wòɖe ene kple ale si wòhe tsi va dua me la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 21Esi Hezekia ku la, via Manase ɖu fia ɖe eteƒe.

Did you know?
Hezekiah's Illness and the Babylonian Envoys
- When Hezekiah asked for a confirming sign that he would recover from his mortal illness, the shadow retreated ten steps on the stairway of his father and predecessor, Ahaz.Sources: the Bible text itself · Ahaz · Hezekiah
- Merodach-baladan, son of Baladan and king of Babylon, sent letters and a gift upon hearing of Hezekiah's recovery. After Hezekiah showed the envoys all the silver, gold, spices, and weapons in his storehouses, Isaiah announced that these treasures and royal descendants would one day be carried off to Babylon.Sources: the Bible text itself · Baladan · Babylon
- Beyond his religious reforms and military defenses, the biblical text records Hezekiah's engineering feat of constructing a pool and a tunnel to bring water directly into the city of Jerusalem.Sources: the Bible text itself · Hezekiah
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org