2 Kings 19
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Nyagblɔɖi tso Yerusalem ƒe ɖeɖe ŋuti
1Esi Fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, ta akpanya eye wòyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. 2Egblɔ na Eliakim, Sebna kple nunɔla tsitsitɔ aɖewo be woata akpanya eye woayi Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi gbɔ agblɔ nɛ be, 3“Fia Hezekia be, ‘Egbee nye xaxagbe, amedzugbe kple vlodoamegbe. Ele abe ale si nyɔnu aɖe anɔ ku lém gake ŋusẽ mele eŋu wòasii adzi o la ene. 4Ɖewohĩ, Yehowa, wò Mawu la se ale si Asiriatɔwo ƒe aʋafia la tsi tsitre ɖe Mawu gbagbe la ŋu eye wòaka mo nɛ. Oo, do gbe ɖa ɖe mí ame ʋɛ siwo susɔ la ta.’ ”
5Esi Fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la, 6Yesaya gblɔ na wo be, “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: migavɔ̃ nu si miese, busunya siwo Asiria fia teviwo gblɔ ɖe ŋutinye la o. 7Miɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’ ”
8Esi aʋafia si le aʋakɔ siwo le gbea dzi dzi kpɔm la se bena, Asiria fia dzo le Lakis la, etrɔ dzo yi aƒe eye wòkpɔ fia la le aʋa wɔm kple Libna.
9Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Ke egadɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be, 10“Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’ 11Ènya nu siwo Asiria fia wɔ le afi sia afi si wòyi la nyuie; wogblẽ nu sia nu. Nu ka ta tɔwò ato vovo tso bubuawo tɔ gbɔ? 12Ɖe dukɔ bubuwo abe Gozan, Haran, Rezef kple Eden le Tel Asa ƒe anyigba ene ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Asiria fia siwo do ŋgɔ nam la tsrɔ̃ wo katã! 13Afi ka Hamat fia kple Arpad fia le? Nu kae wɔ Sefarvaim kple Hena kple Iva ƒe fiawo?”
Hezekia ƒe gbedodoɖa
14Fia Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔwo si, xlẽe eye wòyi gbedoxɔ me be yeatsɔe aɖo Yehowa ŋkume. 15Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba. 16O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa.
17“Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fia ɖu dukɔ siawo katã dzi 18eye wòtɔ dzo woƒe mawuwo elabena menye mawuwoe wonye o, ke boŋ ati kple kpee wonye. Amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe wonye. 19Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.”
Yesaya gblɔ nya ɖi tso Senakerib ƒe anyidzedze ŋu
20Tete Yesaya, Amoz ƒe vi ɖo du ɖe Hezekia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa tso Senakerib, Asiria fia, ŋuti. 21Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe eŋuti:
“ ‘Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o la,
do vlo wò eye wòɖu fewu le ŋutiwò.
Yerusalem vinyɔnu
ʋuʋu ta esi nèlé du tsɔ.
22Ame kae nèdzu hegblɔ busunya ɖe eŋuti?
Ame ka ŋutie nèkɔ wò gbe dzi ɖo
eye nètro ŋku kpɔe dadatɔe?
Ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋutie!
23Èdɔ wò dɔlawo
be woali kɔ dzu ɖe Yehowa dzi.
Ègblɔ be,
“Metsɔ nye tasiaɖamwo lia towo tame
eye mede keke Lebanon to kɔkɔwo tame.
Melã sedati kɔkɔwo
kple sesewuti nyuitɔwo ƒu anyi.
Meɖo eƒe anyigba ƒe mlɔenu ke
kple eƒe ave nyuitɔwo tame.
24Meɖe vudo ɖe dzronyigba
dzi heno tsi le afi ma.
Metsɔ nye afɔƒome
fanya Egipte ale gbegbe be eƒe tɔsisiwo katã mie.”
25“ ‘Mèsee do ŋgɔ oa?
Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke.
Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi;
ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu
woɖo gli sesẽwo ɖo la zu anyiglago.
26Ŋusẽ vɔ le woƒe amewo ŋu
eye vɔvɔ̃ kple ŋukpe lé wo.
Ale wole abe gbe le gbedzi,
gbe damawo kple gbe si mie ɖe xɔta
eye ŋdɔ ɖui wòku hafi wòva tsi la ene.
27“ ‘Ke menya afi si nèle,
wò dodo kple gbɔgbɔ
kple ale si nèdo dziku ɖe ŋutinye.
28Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye,
eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la,
matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò,
made numega nu me na wò,
eye mana mɔ si nèto va
la nàgato eya ke dzi adzo.’
29“Esia anye dzesi na wò, Oo Hezekia:
“Ƒe sia me la, miaɖu nuku siwo mie le wo ɖokui si,
ne ƒe trɔ la, miagaɖu esiwo susɔ.
Ke le ƒe etɔ̃lia me la, miaƒã nu, miaxa nu,
miade waingble eye miaɖu eme kutsetsewo.
30Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la
woato ke, eye woatse ku.
31Elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome
eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi.
“Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie ana esia nava eme.
32“Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi:
“ ‘Mage ɖe du sia me
alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o.
Mava afi sia kple eƒe akpoxɔnu
alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o.
33Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo.
Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o.
Yehowae gblɔe.
34Maʋli du sia ta eye maɖe du sia
le nye ŋutɔ nye ŋkɔ kple nye dɔla, David ta.’ ”
35Emegbe Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa ame kukuwo sɔŋ koe wokpɔ. 36Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive eye wònɔ afi ma.
37Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, Via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe.

Did you know?
Jerusalem Delivered from Assyria
- When Hezekiah received Sennacherib's threatening letter, he entered the temple and spread it out before God, affirming that while the gods of other conquered nations were merely wood and stone, the God of Israel is the maker of heaven and earth.Sources: the Bible text itself · Hezekiah
- Sennacherib sent his second threatening message to Jerusalem while fighting against Libnah after departing Lachish, prompted by reports that Tirhakah, the king of Cush, was marching out to oppose him.Sources: the Bible text itself · Tirhakah · Libnah · Lachish
- After the angel of the Lord struck 185,000 soldiers in the Assyrian camp, Sennacherib retreated to Nineveh, where his own sons later assassinated him with swords inside the temple of his god Nisroch.Sources: the Bible text itself · Sennacherib
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Assyria · 36.359, 43.153 · verses 4, 6, 8, 10, 11, 17, 20, 32, 35, 36, 37
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 8, 9, 10, 21, 31, 32
- Lachish · Today: Tell ed Duweir · 31.565, 34.849 · verse 8
- Cush · Today: Cush 1 · 16.935, 33.751 · verse 9
- Eden · Today: Beth-eden · 36.701, 38.087 · verse 12
- Haran · Today: Harran · 36.864, 39.033 · verse 12
- Hamath · Today: Hama · 35.136, 36.750 · verse 13
- Zion · Today: Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 21
- Lebanon · 33.540, 35.584 · verse 23
- Mount Carmel · 32.672, 35.023 · verse 23
- Egypt · 30.129, 31.308 · verse 24
- Mount Zion · 31.772, 35.229 · verse 31
- Nineveh · 36.359, 43.153 · verse 36
- Ararat · Today: Urartu · 39.703, 44.300 · verse 37
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org