2 Corinthians 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
1Ke nya siwo meŋlɔ na mi la, ɖe wodze abe míele mía ɖokui kafum enea? Alo ɖe wòhiã mi abe ame aɖewo ene be míatsɔ kafukafugbalẽwo vɛ na mi alo míaxɔ kafukafugbalẽ le mia si mahã? 2Miawoe nye míaƒe agbalẽ si woŋlɔ ɖe miaƒe dziwo me, si amewo katã nya, eye woxlẽnɛ. 3Amewo akpɔe be miezu agbalẽ si tso Kristo gbɔ to mía dzi. Menye agbalẽ si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi o, ke boŋ esi wotsɔ Mawu gbagbe la ƒe Gbɔgbɔ ŋlɔe ɖe miaƒe dziwo me, ke menye ɖe nuŋlɔkpewo dzi o.
4Míele nya siawo gblɔm kple kakaɖedzi, elabena míeɖo ŋu ɖe Mawu ɖeka hɔ̃ la ko ŋu to Kristo dzi. 5Míawo la, ŋusẽ aɖeke mele mía si si míate ŋu atsɔ awɔ nu siawo katã o, ke míaƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ. 6Mawue nye ame si na míedze be míanye Nubabla Yeye la ƒe gbeƒãɖelawo. Nubabla Yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye se siwo woŋlɔ la gbɔ. Ke yeyetɔ nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me.
Nubabla Yeye la ƒe ŋutikɔkɔe
7Enye nyateƒe be Mose xɔ se siwo woŋlɔ ɖe kpe dzi, siwo dzi mawɔmawɔ hea ku vɛ la, le ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Eye esi wòtrɔ gbɔ va kple seawo la, keklẽ gã aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be Israelviwo mete ŋu kpɔ eƒe ŋkume gɔ̃ o, gake ŋutikɔkɔe ma nu va yi xoxo. 8Ke azɔ la, ɖe míakpɔ mɔ na dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe geɖe wu le esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ subɔsubɔ la le amewo xɔm ɖe agbe le ŋkeke siawo me oa? 9Ne ŋutikɔkɔe geɖe ƒo xlã se siwo hea ku vɛ la, ekema ŋutikɔkɔe geɖe fũu ŋutɔe aƒo xlã nubabla yeye si Mawu wɔ, si kplɔa ame yia agbe mavɔ la me. 10Le nyateƒe me la, ŋutikɔkɔe ma si klẽ tso Mose ƒe ŋkume la menye naneke ne woatsɔ asɔ kple esi ƒo xlã Mawu ƒe nubabla yeye la o. 11Eya ta ne nu xoxo si nu va yi la kpɔ ŋutikɔkɔe nenema la, ekema Mawu ƒe nubabla yeye si hea agbe mavɔ vɛ la ƒe ŋutikɔkɔe la mele gbɔgblɔ me o, elabena eya anɔ anyi ɖaa.
12Azɔ esi mɔkpɔkpɔ sia le mía si ŋuti la, dzika metsoa mía ƒo o, eye míegblɔa nya la kple dzideƒo. 13Míawo ya la, míewɔna abe ale si Mose wɔ esi wòtsɔ nu tsyɔ mo be Israelviwo nagakpɔ nu si nu tsina ƒe nuwuwu o la ene.
14Va se ɖe egbeŋkekea dzi la, menye Mose ƒe mo ko wotsyɔ nue o, ke boŋ Israelviwo hã ƒe susuwo kple nugɔmesese dzie, elabena wogaɖoa dzi ɖe Nubabla Xoxoa ŋu, eye woxlẽnɛ ɖaa abe nu si ko me woƒe mɔkpɔkpɔ le ene, evɔ wònye to Kristo dzixɔse me ko hafi woate ŋu adzo le vivitia me, eye agbe ƒe kekeli la nadze na wo. 15Eye va se ɖe fifia ne woxlẽ Mose ƒe Seawo la, nutsyɔnu gatsyɔa wofe mo kokoko.
16Ke gbe si gbe wo dometɔ aɖe trɔ eye wòxɔ Aƒetɔ la la, ekema nu si tsyɔ mo nɛ si na be wòle viviti me la, ɖena ɖa. 17Aƒetɔ la ŋutɔe nye Gbɔgbɔ si naa agbe wo eye afi si Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le ko la, afi mae ablɔɖe le. 18Ke mí ame siwo katã xɔ Yesu Kristo abe Aƒetɔ ene heɖoa dzi ɖe eŋu la, nutsyɔnu aɖeke mele míaƒe mowo o, eya ta míele abe ahuhɔ̃e si ɖea Aƒetɔ la ƒe keklẽ kple ŋutikɔkɔe fiana la ene. Eye zi ale si Aƒetɔ la si nye Gbɔgbɔ la le dɔ wɔm le mía me la, etrɔa mí be míaɖi Kristo le eƒe ŋutikɔkɔe me.

Did you know?
A More Glorious Covenant
- The chapter asks whether letters of recommendation to or from the believers are needed, as some people require. It answers that the believers themselves are a letter from Christ, the result of this ministry, inscribed on the ministers' hearts and known and read by everyone.Sources: the Bible text itself
- The chapter contrasts ink and tablets of stone with the Spirit of the living God writing on human hearts. It calls the ministry engraved in letters on stone a ministry of death and condemnation, and describes a new covenant of the Spirit, for the letter kills but the Spirit gives life.Sources: the Bible text itself
- The Israelites could not gaze at Moses's face because of a glory that was fading, and Moses put a veil over his face so they would not look at the end of what was passing away. The chapter says that a veil still covers their hearts when Moses is read, and that it is taken away whenever anyone turns to the Lord.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org