2 Corinthians 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
1Ke azɔ la, nye ŋutɔ meɖoe be nyemagava mia gbɔ kple nu si agahe nuxaxa vɛ na mi o, 2elabena ne megade nuxaxa miaƒe dzi me la, miate ŋu ado dzidzɔ nam ne mele mia gbɔ o. Evɔ ame bubu aɖeke hã meli si ado dzidzɔ nam tsɔ wu miawo o. 3Esia ta meŋlɔ agbalẽ ma na mi, ale be miaɖɔ nuwo ɖo hafi mava elabena nyemedi be makpɔ naneke le mi, ame siwo ŋu meɖoa ŋu ɖo be miado dzidzɔ geɖe nam la ŋu, si ade nuxaxa nye dzi me o. Menya nyuie be ne meva mia gbɔ le dzidzɔ me la, ekema miawo hã miakpɔ dzidzɔ geɖe. 4Nuxaxa kple vevesese geɖe nɔ nye dzi me, eye aɖatsi ge le mo nam gɔ̃ hã le agbalẽ ma ŋɔŋlɔ me, eye menye ɖe meŋlɔ agbalẽ la be mana miaxa nu o. Ke boŋ meŋlɔe be mana miadze si ale si melɔ̃ mi vevie.
Tsɔtsɔke na nu vɔ̃ wɔlawo
5Ne ame aɖe he nuxaxa vɛ la, menye nyee wòdo nuxaxa na o ke boŋ mi katãe, mele egblɔm alea be nyemagate gbe ɖe edzi fũu o. 6Eya ta tohehe si ame akpa gãtɔ da ɖe ame ma dzi la sɔ gbɔ nɛ. 7Azɔ ele be miatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee, eye miafa akɔ nɛ. Ne menye nenema o la, ase veve eye dzi aɖe le eƒo ale gbegbe be wòatrɔ ɖa tso nyateƒe la gbɔ. 8Meɖe kuku na mi, miɖee fiae azɔ be miegalɔ̃e pɛpɛpɛ abe tsã ene. 9Meŋlɔ agbalẽ ma na mi be makpɔe ɖa be miele klalo awɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi, eye be makpɔe ɖa be toɖoɖo ƒe gbɔgbɔ le mia me mahã? 10Nu si mietsɔ ke ame aɖe la, nye hã metsɔe kee, eye edze be nye hã matsɔe ke le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ me hena miaƒe nyonyo ko. 11Susu bubu si ta wòdze be miatsɔ nu vɔ̃ ake amewo ɖo lae nye be miaxe mɔ na Satana be wòagaɖu mia dzi, ahe tɔtɔ va mia dome o, elabena mí katã míedze si ale si wòdi be yeade zitɔtɔ hamewo domee.
Nubabla Yeye la ƒe apostolowo
12Esi meva Troa be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la le afi ma la, mekpɔ be Aƒetɔ la ŋutɔ ʋu mɔ nam be dɔ la nayi edzi nyuie, 13gake metsi dzi le ɖokuinye me, elabena nyemekpɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔ Tito le afi ma o. Esia ta medo taflatse na Troatɔwo, eye medzo le afi ma heyi Makedonia.
14Ke akpe na Mawu be to nu si Kristo wɔ me la, míekpɔ dziɖuɖu eye míekaka nyanyui la abe ami ʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ ene ɖe amewo dome le afi sia afi si míeyi. 15Elabena Mawu wɔ mí míezu ami si ʋẽna lĩlĩlĩ la, eye Kristo ƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si wòtsɔ de mía me la, kaka ɖe ame siwo katã kpɔ xɔxɔ kple ame siwo mekpɔe o la siaa dome. 16Nunana nyui si Kristo tsɔ na mí la ɖi ku ƒe ʋeʋẽ na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m. Ke le ame siwo xɔ Kristo dzi se ya gbɔ la, míenye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si naa agbe. Azɔ biabia lae nye be ame ka ŋu ŋutete le be wòawɔ dɔ siawo? 17Míawo la, míele abe ame siwo tsɔ mawunya la ɖo ŋgonu hele amewo blem, le ga xɔm le wo si la ene o. Esi wònye Mawue dɔ mí ta la, míeƒoa nu kple Kristo ƒe ŋusẽ la, eye Mawu ƒe ŋku le mía ŋu ɖaa.

Did you know?
Tears, Forgiveness, and the Journey through Troas
- Paul writes that he went to Troas to preach the gospel of Christ and that a door stood open for him in the Lord, yet he had no peace in his spirit because he did not find Titus there, so he said goodbye and went on to Macedonia. Troas was a city on the coast of Mysia, in the northwest of Asia Minor, named after ancient Troy, which lay about four miles to the north. In New Testament times Macedonia was a Roman province lying north of Greece.Sources: the Bible text itself · Troas · Macedonia
- Titus, whom Paul calls his brother, is the companion he did not find at Troas. He appears to have been a Gentile and was chiefly engaged in ministering to Gentiles. Paul sent him from Ephesus, where he was with Paul and Timothy, to Corinth to forward the church's contribution for the poor in Jerusalem.Sources: the Bible text itself · Titus
- Paul urges them to forgive and comfort the person who caused grief, so that he will not be overwhelmed by excessive sorrow, and so that Satan will not outwit them, since they are not unaware of his schemes. Satan means adversary or accuser. In the New Testament the name is used interchangeably with the devil, and it is so used more than thirty times.Sources: the Bible text itself · Satan
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org