2 Chronicles 36
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
1Anyigba la dzi tɔwo katã tia Yehoahaz, Yosia ƒe vi eye wotsɔe ɖo fiae ɖe Yerusalem ɖe fofoa teƒe.
Yuda fia Yehoahaz
2Yehoahaz xɔ ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòdze fiaɖuɖu gɔme, ke eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. 3Egipte fia ɖe Yehoahaz le fiazikpui la dzi le Yerusalem eye wòɖo nudzɔdzɔ Yuda dzi be wòana klosaloga kilogram akpe etɔ̃, alafa ene (3,400) kple sikaga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene.
4Egipte fia tsɔ Eliakim, Yehoahaz nɔvi, ɖo fia ɖe Yuda kple Israel nu. Wotrɔ Eliakim ƒe ŋkɔ wòzu Yehoyakim. Ke Neko kplɔ Eliakim nɔvi Yehoahaz yi Egipte.
Yehoyakim zu Yuda fia
5Yehoyakim xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. 6Babilonia fia, Nebukadnezar, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, ɖu edzi eye wòde kɔsɔkɔsɔ Fia Yehoyakim heɖe aboyoe yi Babilonia. 7Nebukadnezar lɔ sikatrewo kple nu bubuwo tso gbedoxɔ la me ɖada ɖe eya ŋutɔ ƒe gbedoxɔ me le Babilonia. 8Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya kple eƒe wɔna mamlɛawo kple nu vɔ̃ɖi siwo katã wòwɔ la ɖe Yuda kple Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. Via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe.
Yehoyatsin, Yuda fia
9Yehoyatsin xɔ ƒe enyi ko esi wòɖu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃ kple ŋkeke ewo ko. Ewɔ nu vɔ̃ le Mawu ƒe ŋkume o. 10Esi ƒe trɔ la, Fia Nebukadnezar yɔe va Babilonia le adame. Wolɔ kesinɔnu geɖewo tso Yerusalem gbedoxɔ la me yi Babilonia eye Fia Nebukadnezer tsɔ Yehoyatsin nɔvi Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu.
Zedekia, Yuda fia
11Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. 12Zedekia nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume elabena egbe, mezɔ ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ƒe nya si wòse tso Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ la nu o. 13Edze aglã ɖe Fia Nebukadnezar ŋu togbɔ be eka atam nɛ be yeasubɔe anukwaretɔe hã hafi. Zedekia nye kɔlialiatɔ aɖe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe sewo dzi mawɔmawɔ me eye wògbe metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o.
Yerusalem ƒe anyidzedze
14Ame vevi siwo katã nɔ dukɔ la me, nunɔlagãwo gɔ̃ hã, subɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe legbawo ale wodo gu Yehowa ƒe gbedoxɔ la le Yerusalem. 15Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖo eƒe nya ɖe wo to eƒe dɔlawo dzi enuenu elabena ekpɔ nublanui na eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la. 16Ke ameawo ɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔwo ŋu eye wodo vlo woƒe nyawo. Woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu va se ɖe esime Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu eye avuléla menɔ anyi o.
17Ekplɔ Babilonia fia ƒu wo, ame si wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi le Kɔkɔeƒe la eye meve ɖekakpuiwo loo alo ɖetugbiwo, ametsitsi loo alo amegãɖeɖi nu o. Mawu tsɔ wo katã de asi na Nebukadnezar. 18Elɔ nu siwo katã le Mawu ƒe gbedoxɔ me, nu suewo kple gãwo siaa kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nu xɔasiwo kple fia ƒe dɔnunɔlawo ƒe nu xɔasiwo katã yi Babilonia. 19Wotɔ dzo Mawu ƒe gbedoxɔ la, gbã Yerusalem ƒe gliwo, wotɔ dzo fiasãwo katã eye wogblẽ nu sia nu si ŋu asixɔxɔ nɔ le afi ma.
20Ekplɔ ame siwo susɔ, esiwo si le yi nu la yi aboyome le Babilonia eye wova zu subɔlawo na eya ŋutɔ kple via ŋutsuwo va se ɖe esime Persia fiaɖuƒe la xɔ ɖe eteƒe. 21Anyigba la xɔ eƒe Dzudzɔgbe dzudzɔwo. Edzudzɔ ɣeyiɣi siwo katã wònye aƒedo va se ɖe esime ƒe blaadre de le Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi to Yeremia dzi la nu.
22Le Sirus ƒe fiaɖuɖu ɖe Persia dzi ƒe ƒe gbãtɔ me la, be yeawɔ Yehowa ƒe nya si Yeremia gblɔ dzi la, Yehowa ʋa Sirus, Persia fia ƒe dzi be wòaɖe gbeƒã le eƒe anyigba blibo la dzi eye wòade gbeƒãɖeɖe sia nuŋɔŋlɔ me be,
23Nu si Sirus, Persia fia, gblɔe nye,
“Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dziɖuɖu de asi nam eye wotiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda. Ame siwo nye Yehowa ƒe ame eye wole mia dome la, Yehowa, woƒe Mawu la nanɔ kpli wo eye wòana woadzo ayi.”

Did you know?
The Fall of Jerusalem and the Decree of Cyrus
- In the final decades of Judah, foreign rulers repeatedly dictated the royal succession in Jerusalem. Pharaoh Neco of Egypt deposed Jehoahaz and placed his brother Eliakim on the throne under the name Jehoiakim, while King Nebuchadnezzar of Babylon later installed Zedekiah.Sources: the Bible text itself · Jehoiakim · Zedekiah
- Nebuchadnezzar and his Chaldean forces destroyed Jerusalem by burning down the temple and royal palaces, breaking down the city walls, and carrying the sacred vessels and surviving population into exile in Babylon.Sources: the Bible text itself · Jerusalem · Babylon
- In fulfillment of the word spoken through the prophet Jeremiah, the land lay desolate for seventy years until Cyrus, king of Persia, issued a royal decree granting the Jewish exiles permission to return and rebuild the house of God in Jerusalem.Sources: the Bible text itself · Cyrus · Jeremiah
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 2, 3, 4, 5, 6, 9, 10, 11, 14, 19, 23
- Egypt · 30.129, 31.308 · verses 3, 4
- Babylon · 32.543, 44.422 · verses 6, 7, 10, 17, 18, 20
- Chaldea · 30.962, 46.104 · verse 17
- Persia · 34.806, 48.516 · verses 20, 22, 23
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org