Nations Bible

2 Chronicles 35

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Yosia ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la

1Yosia ɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa le Yerusalem eye wowu Ŋutitotolẽvi la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi. 2Yosia gbugbɔ nunɔlawo ɖo woƒe dɔwo nu eye wòdo ŋusẽ wo be woagadze woƒe dɔwo wɔwɔ gɔme le gbedoxɔ la me. 3Eɖo na Levitɔ siwo ŋu wokɔ eye wonye mawunyafialawo le Israel be, “Esi nubablaɖaka la le Solomo ƒe agbadɔ me azɔ ta la, megahiã be mianɔ ekɔm ɖe abɔta tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu o eya ta miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ hena mawusɔbɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Yehowa kple eƒe amewo. 4Midzra mia ɖokuiwo ɖo ɖe ƒomewo nu le míaƒe hatsotsowo me ɖe ale si David, Israel fia kple via, Solomo, ŋlɔe da ɖi la nu.

5“Mitsi tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la kple Levitɔwo ƒe ha aɖe ɖe ƒomewo ƒe ha ɖe sia ɖe nu ɖe mia nɔvi siwo menye nunɔlawo o la nu. 6Miwu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo, mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti eye miakpe ɖe ame siwo va la ŋuti ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na to Mose dzi la nu.”

7Fia la tsɔ alẽvi kple gbɔ̃vi akpe blaetɔ̃ (30,000) kple nyitsuvi akpe etɔ̃ (3,000) na ameawo be woatsɔ asa Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔwoe. 8Dumegãwo na lɔlɔ̃nununanawo nunɔlawo kple Levitɔwo. Hilkia, Zekaria kple Yehiel, ame siwo nye gbedoxɔ la dzikpɔlawo la na alẽ kple gbɔ̃ akpe eve alafa ade (2,600) kple nyitsu alafa etɔ̃ (300) abe woƒe Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsanuwo ene. 9Levitɔwo ƒe kplɔlawo, Konania, Semaya kple Netanel kple nɔviawo, Hasabia, Yeiel kple Yozabad na alẽ kple gbɔ̃ akpe atɔ̃ (5,000) kple nyitsu alafa atɔ̃ (500) Levitɔwo hena woƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa.

10Esi wowu ɖoɖo ɖe sia ɖe nu vɔ la, nunɔlaawo tsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo eye Levitɔwo nɔ woƒe dɔwɔhawo me abe ale si fia la ɖo na wo ene. 11Levitɔwo wu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo eye wotsɔ woƒe ʋu na nunɔlaawo wohlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu, esi Levitɔwo ɖe agbalẽ le lãawo ŋu. 12Woli kɔ alẽ siwo wowu la ɖi na hlɔ̃ vovovoawo be hlɔ̃ ɖe sia ɖe natsɔ etɔ asa numevɔe na Yehowa abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe sewo me ene. Wowɔ nyi siwo wowu hã nenema ke. 13Le esia megbe la, wome Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo eye woɖa nunana kɔkɔewo le zewo kple agbawo me le Mose ƒe se la nu eye woɖe abla tsɔ wo yi na ameawo be woaɖu. 14Emegbe la, Levitɔwo ɖa nu na woawo ŋutɔ kple nunɔlaawo, Aron ƒe viwo, elabena wonɔ dɔ dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ henɔ dzo tɔm numevɔsalãwo ƒe ami.

15Hadzilawo, ame siwo nye Asaf ƒe viwo la nɔ woƒe nɔƒewo eye wozɔ ɖe ɖoɖo siwo Fia David, Asaf, Heman kple Yedutun, fia la ƒe nyagblɔɖila wɔ da ɖi ƒe geɖewo do ŋgɔ la dzi. Agbonudzɔlawo dzɔ agboawo nu, womedzo le woƒe agbowo nu o elabena wo nɔvi Levitɔwo tsɔ woƒe nuɖuɖu yi na wo. 16Wowu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu nu le ŋkeke ɖeka ma dzi. Wosa numevɔwo katã le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yosia ɖoe da ɖi ene.

17Israelvi siwo nɔ Yerusalem la kpɔ gome le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu me. Le esia megbe la, woɖu Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui ŋkeke adre. 18Tso Nyagblɔɖila Samuel ƒe ɣeyiɣi dzi la, womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la wòdze edzi alea kpɔ o, eye Israel fiawo dometɔ aɖeke mate ŋu aʋli ho kple Fia Yosia le ale si nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo tso Yerusalem kple Yuda kple Israel ƒe akpa sia akpa sɔ gbɔe va ɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia me o. 19Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia le fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me.

Yosia ƒe ku

20Le esia megbe la, esi Yosia ɖɔ gbedoxɔ la ɖo vɔ la, Egipte fia Neko ho yi be yeawɔ aʋa le Karkemis gbɔ le Frat tɔsisi la to, eye Yosia hã ho yi ɖakpee. 21Neko ɖo amewo ɖe Yosia gbɔ be, “Nyemedi be mawɔ aʋa kpli wò, Yuda fia, o! Meva be mawɔ aʋa kple ame si mekpe aʋa kplii ko. Ɖe asi le ŋunye elabena Mawu gblɔ nam be, mawɔ kaba eya ta mègade nu Mawu ƒe nya sia me ne wòatsrɔ̃ wò o elabena Mawu li kplim.”

22Ke Yosia metrɔ dzo o, ke boŋ ekplɔ eƒe aʋakɔ la eye wòkpe aʋa kple Fia Neko ƒe aʋakɔ la le Megido balime. Eɖe eƒe fiawu da ɖi ale be futɔwo makpɔe adze sii o. Yosia mexɔe se be Mawu gbɔe Neko ƒe nya la tso o. 23Futɔwo ƒe aŋutrɔdalawo ŋɔ Fia Yosia kple woƒe aŋutrɔwo eye wode abi eŋu. Yosia do ɣli na eŋumewo be, “Mitsɔm dzoe le aʋagbe la dzi.”

24Ale woɖee le eƒe tasiaɖam me de tasiaɖam evelia si nɔ esi la me eye wotsɔe yi Yerusalem, afi si wòku le. Woɖii ɖe tɔgbuiawo ƒe ɖiƒe eye Yuda blibo la kple Yerusalem fae.

25Yeremia kpa konyifahawo na Yosia eye va se ɖe egbe la, hadzilawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖoa ŋku Yosia dzi le konyifahawo me. Esia zu kɔnu le Israel eye woŋlɔ wo ɖe Konyifahawo me.

26Woŋlɔ Yosia ƒe nuwɔna kple dɔ nyui bubuwo wɔwɔ kple ale si wòwɔ Yehowa ƒe sewo dzi la 27ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinya me.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Josiah's Passover and Final Battle

  • Josiah's grand Passover celebration in his eighteenth year of reign was described as unmatched since the days of Samuel the prophet, featuring vast donations of livestock by the king, officials, and Levite leaders.Sources: the Bible text itself · Josiah
  • King Josiah instructed the Levites to place the holy ark permanently inside Solomon's temple so it would no longer need to be carried on their shoulders, enabling them to focus entirely on leading worship and preparing sacrifices for the assembly.Sources: the Bible text itself · Solomon
  • When Pharaoh Neco of Egypt marched toward Carchemish on the Euphrates, Josiah confronted him on the plain of Megiddo in disguise, where he was fatally wounded by archers and later brought back to Jerusalem to be buried.Sources: the Bible text itself · Carchemish · Megiddo · Pharaoh-nechoh

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 17, 18, 24
  • Holy Place · Today: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · verse 5
  • Egypt · 30.129, 31.308 · verse 20
  • Euphrates · Today: Euphrates River · 31.004, 47.442 · verse 20
  • Megiddo · Today: Tel Megiddo · 32.585, 35.184 · verse 22

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.