1 Kings 13
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Mawu ƒe ame aɖe tso Yuda
1Le Yehowa ƒe nya nu la, Mawu ƒe ame aɖe tso Yuda va Betel esi Yeroboam nɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ. 2Edo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ŋu le Yehowa ƒe nya nu be, “Oo, vɔsamlekpui, vɔsamlekpui, ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woadzi viŋutsuvi aɖe si woayɔ be Yosia la na David ƒe aƒe. Dziwòe nunɔla siwo saa vɔ le nuxeƒewo eye wole vɔ sam fifia le afi sia la asa vɔ ɖo eye woatɔ dzo ameƒuwo hã ɖe dziwò.’ ” 3Gbe ma gbe ke la, Mawu ƒe ame la na dzesi be, “Esiae nye dzesi si Yehowa gblɔ ɖi. Vɔsamlekpui la ama ɖe eve eye dzofi si le edzi la akaka ɖe anyigba.”
4Esi Fia Yeroboam se nya si Mawu ƒe ame la gblɔ ɖi ɖe Betel vɔsamlekpui la ŋuti kple ɣli la, edo eƒe asi ɖa tso vɔsamlekpui la gbɔ eye wògblɔ be, “Milée!” Gake asi si wòdo ɖe amea gbɔ la dze ti ɖe eŋu, ale be magate ŋu ahee ava eɖokui ŋu o. 5Hekpe ɖe esia ŋuti la, vɔsamlekpui la ma ɖe eve siãa eye afi si nɔ edzi la dudu ɖe anyigba to dzesi si Mawu ƒe ame la na to Yehowa ƒe nya dzi.
6Tete fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ɖe kuku ɖe tanye le Yehowa, wò Mawu la gbɔ eye nàdo gbe ɖa ɖe tanye be nye asi naɖɔ ɖo.” Ale Mawu ƒe ame la ɖe kuku na Yehowa ɖe eta eye fia la ƒe asi ɖɔ ɖo, ganɔ abe tsã ene.
7Fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Kplɔm ɖo míayi nye aƒe me ne nàdi nane aɖu eye mana nunana wò.”
8Ke Mawu ƒe ame la ɖo eŋu na Fia la be, “Ne àtsɔ wò kesinɔnuwo ƒe afã nam gɔ̃ hã la, nyemayi kpli wò loo alo aɖu abolo alo ano tsi le afi ma o 9elabena Yehowa ƒe nya de se nam be, ‘Mègaɖu abolo alo ano tsi alo atrɔ agbɔ ato mɔ si dzi nèto yi la dzi o.’ ” 10Ale wòto mɔ bubu dzo eye megato mɔ si wòto yi Betel la o.
11Eva eme be nyagblɔɖila tsitsi aɖe nɔ Betel. Viawo yi egbɔ eye wogblɔ nu si Mawu ƒe ame si tso Yuda la wɔ kple nya si wògblɔ na fia la nɛ. 12Nyagblɔɖila tsitsi la bia be, “Mɔ ka wòto dzo?” Viawo fia mɔ lae. 13Egblɔ na viawo be, “Netsɔ! Mibla akpa na nye tedzi nam.” Esi wobla akpa na tedzia la, 14eti Mawu ƒe ame la yome eye wòtui wònɔ anyi ɖe logoti aɖe te nɔ dzudzɔm. Nyagblɔɖila tsitsi la biae be, “Wòe nye Mawu ƒe ame si tso Yuda vaa?”
Eɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.”
15Nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ nɛ be, “Ekema va míyi nye aƒe me nàɖu nu.”
16Mawu ƒe ame la gblɔ be, “Nyemate ŋu atrɔ ayi kpli wò o eye nyemate ŋu aɖu abolo alo ano tsi kpli wò le afi sia o. 17Yehowa ƒe nya gblɔ nam be, ‘Mèkpɔ mɔ aɖu abolo alo ano tsi le afi ma alo àtrɔ agbɔ to mɔ si nèto yi la o.’ ”
18Ke nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ be “Nyagblɔɖilae nye hã menye abe wò ke ene. Mawudɔla aɖe gblɔ nya aɖe nam tso Yehowa gbɔ. Ele be makplɔ wò ayi nye aƒe me eye mana nuɖuɖu kple tsi wò.”
Ke ɖeko nyagblɔɖila tsitsi la blee. 19Ale wòyi Nyagblɔɖila tsitsi la ƒe aƒe me, ɖu nu eye wòno tsi.
20Esi wonɔ nu ɖum la, Yehowa ƒo nu na nyagblɔɖila tsitsi la. 21Edo ɣli gblɔ na Mawu ƒe ame, si tso Yuda la be, “Nya si Yehowa gblɔe nye, ‘Ètsi tsitre ɖe nya si Yehowa gblɔ la ŋu eye mèwɔ se si Yehowa, wò Mawu la de na wò la dzi o. 22Ètrɔ gbɔ, ɖu abolo eye nèno tsi le afi si Yehowa de se na wò be mègaɖu nu, nàno tsi le o eya ta womaɖi wò kukua ɖe fofowòwo ƒe yɔdo me o.’ ”
23Esi Mawu ƒe ame la ɖu nu, no nu vɔ la, nyagblɔɖila tsitsi la, ame si na wòtrɔ gbɔ la, bla akpa na eƒe tedzi nɛ. 24Esi Mawu ƒe ame la dze mɔ yina la, dzata aɖe do goe hewui. Eƒe kukua mlɔ mɔa dzi, tedzi la kple dzata la nɔ tsitre ɖe egbɔ. 25Emetsola aɖewo kpɔ Mawu ƒe ame la ƒe kukua le mɔa dzi kple dzata si nɔ tsitre ɖe egbɔ eye woyi ɖagblɔ nya la le du si me nyagblɔɖila tsitsi la nɔ.
26Esi nyagblɔɖila tsitsi la se nya si dzɔ la, edo ɣli be, “Mawu ƒe ame si mewɔ Yehowa ƒe se dzi o lae. Yehowa wɔ nya si wògblɔ la dzi eye wòna dzata la wui.”
27Ena viawo bla akpa na eƒe tedzi. 28Ekpɔ Mawu ƒe ame la ƒe kukua le mɔa dzi eye dzata la kple tedzi la nɔ tsitre ɖe egbɔ. Dzata la meɖu ame kuku la o eye melé tedzi la hã o. 29Ale nyagblɔɖila la tsɔ ame kuku la ɖe tedzi dzi va dua me be yeafae eye yeaɖii. 30Eɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe yɔdo me eye wòfae vevie be, “Ao, nɔvinye!”
31Egblɔ na viawo emegbe be, “Ne meku la, miɖim ɖe yɔdo si me woɖi Mawu ƒe ame la ɖo. Mitsɔ nye ƒuwo mlɔ eƒe ƒuwo xa, 32elabena Yehowa gblɔ nɛ be wòaƒo nu atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui si le Betel la ŋu eye fiƒode si wòda ɖe nuxeƒe siwo le Samaria dzi la aɖi wo ŋu.”
33Togbɔ be Mawu ƒe ame la xlɔ̃ nu Yeroboam hã la, Yeroboam meɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o, ke boŋ egatsɔ ame geɖe siwo metso Levi ƒe ƒome la me o la ɖo nunɔlawoe be woasa vɔ na legbawo le nuxeƒe siwo le toawo dzi. Ame sia ame si lɔ̃ ko la, ate ŋu azu nunɔla. 34Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe, ena Yeroboam ƒe fiaɖuƒe la gbã eye wòhe ku vɛ na eƒe ƒometɔwo katã.

Did you know?
A Prophet's Warning at Bethel
- The unnamed prophet from Judah prophesied that a future descendant of David named Josiah would desecrate the altar at Bethel by sacrificing its priests and burning human bones on it. Bethel was located in central Palestine, about ten miles north of Jerusalem.Sources: the Bible text itself · Josiah · Bethel (of Palestine)
- The man of God was forbidden by divine command to eat bread, drink water, or return by the same road he had traveled to Bethel, highlighting the complete rejection of fellowship with the unauthorized worship established by Jeroboam.Sources: the Bible text itself
- Despite witnessing the splitting of the altar and the temporary withering and restoration of his own hand, Jeroboam continued appointing priests for the high places from among any who wished to serve, rather than repenting.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Samaria · 32.276, 35.195 · verse 32
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org