1 Kings 12
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Israel tsɔ Rehoboam ɖo fiae
1Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae. 2Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu yi ɖabe ɖo. 3Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel blibo la yi Rehoboam gbɔ ɖagblɔ nɛ be, 4“Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.”
5Rehoboam ɖo eŋu na wo be, “Miyi ne miatrɔ gbɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale ameawo trɔ dzo.
6Tete Fia Rehoboam de aɖaŋu kple ametsitsi siwo nɔ fofoa Solomo ŋu le eƒe agbemeŋkekewo me. Ebia wo be, “Ŋuɖoɖo kae miesusu be mana ame siawo?”
7Woɖo eŋu nɛ be, “Ne egbe ànye dɔla na ame siawo, asubɔ wo eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.”
8Ke Rehoboam gbe mexɔ aɖaŋu si dumemetsitsiawo ɖo nɛ la o ke boŋ eyi ɖade aɖaŋu kple ehati siwo nɔ esubɔm 9Ebia wo be, “Nu ka miesusu? Aleke míagblɔ na ame siawo esi wova biam be, ‘Ɖe kɔkuti si fofowò tsɔ da ɖe mía dzi la dzi kpɔtɔ na mí’ mahã?”
10Ɖekakpuiawo, ame siwo nye ehatiwo la gblɔ nɛ be, “Gblɔ na ame siawo, esi wogblɔ na wò be, ‘Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi eya ta wɔ wò kɔkuti la wodzoe’ la be, ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ lolo wu fofonye ƒe alime. 11Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’ ”
12Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yeroboam kple ameawo katã trɔ va Rehoboam gbɔ abe ale si fia la gblɔ ene be, “Mitrɔ gbɔ va gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe la ene.” 13Fia la ɖo nya la ŋu na wo kple adã eye mewɔ ɖe ametsitsiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o. 14Ewɔ ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ dzi eye wògblɔ be, “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe; nye ya mana kɔkuti la nagakpe wu. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti; nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.” 15Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu.
16Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo yewo la, woɖo eŋu na fia la be,
“Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me
eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ?
Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me!
Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!”
Ale Israelviwo dzo yi aƒe me. 17Ke hena Israelvi siwo nɔ Yuda ƒe duwo me la, Rehoboam gaɖu fia ɖe wo dzi ko.
18Fia Rehoboam dɔ Adoram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israel katã ƒu kpee wòku. Ke hã la, Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem. 19Ale Israel dze aglã ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe.
20Esi Israel ƒe to bubu me tɔwo se be Yeroboam gbɔ tso Egipte la, woyɔe be wòava do go ameawo katã. Woɖoe fiae ɖe Israel dzi le afi ma. Yuda kple Benyamin ƒe towo koe nɔ fia siwo nye David ƒe dzidzimeviwo la te.
21Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene.
22Ke Mawu gblɔ nya siawo na Nyagblɔɖila Semaya be, 23“Gblɔ na Rehoboam, Yuda fia Solomo ƒe vi kple Yuda kple Benyamin kple ame bubuawo katã be, 24‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: Migawɔ aʋa kple mia nɔviwo, Israelviwo o. Ame sia ame nayi eƒe aƒe me elabena nyee wɔ esia.’ ” Ale woɖo to Yehowa ƒe gbe eye wotrɔ yi woƒe aƒewo me abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.
Sikanyiviwo le Betel kple Dan
25Azɔ la, Yeroboam tu Sekem du la ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi eye wòna wòzu eƒe fiadu. Etu Penuel du la emegbe.
26Yeroboam bu be, “Ne nyemekpɔ nyuie o la, ameawo adi David ƒe dzidzimeviwo dometɔ aɖe abe woƒe fia ene. 27Ne woyi Yerusalem be woasa vɔ le gbedoxɔ la me la, woadze xɔ̃ fia Rehoboam, ekema woawum eye woana wòazu woƒe fia ɖe tenyeƒe.”
28Ale Yeroboam wɔ eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe dzi, wowɔ sikanyivi eve eye wògblɔ na eƒe amewo be, “Enye fukpekpe na mi akpa be miayi Yerusalem aɖasubɔ Mawu. Israel, kpɔ ɖa, sikanyivi siawoe anye miaƒe mawuwo; woawoe ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte!”
29Wotsɔ sikanyiviawo dometɔ ɖeka da ɖe Betel eye woda evelia ɖe Dan. 30Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe elabena ameawo subɔ wo. 31Etu trɔ̃xɔwo hã ɖe toawo dzi eye wòtsɔ ame siwo metso Levi ƒe ƒomea me gɔ̃ hã o la ɖo nunɔlawo. 32Eɖo ŋkekenyui aɖe anyi da ɖe ɣleti enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi abe ŋkekenyui siwo woɖuna le Yuda ene eye wòsaa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Ewɔ esia le Betel eye wosaa vɔ na nyivi siwo wòwɔ le Betel. Eɖo nunɔlawo na nuxeƒe siwo wòtu. 33Le ɣleti enyilia, ɣleti si eya ŋutɔ tia la ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, esaa vɔwo le vɔsamlekpui si wòtu ɖe Betel la dzi. Ale wòɖo ŋkekenyui la anyi na Israelviwo eye wòyina ɖasaa vɔwo le vɔsamlekpui la dzi.

Did you know?
The Division of the Kingdom
- When the northern tribes gathered at Shechem requesting lighter taxes and labor burdens, Rehoboam rejected the counsel of Solomon's elders and threatened harsher measures. This triggered the division of the united monarchy, fulfilling the prophecy previously spoken by Ahijah the Shilonite.Sources: the Bible text itself · Rehoboam · Ahijah · Shechem
- To prevent his subjects from traveling to the temple in Jerusalem, King Jeroboam set up two golden calves for worship at opposite ends of the northern kingdom, placing one in Bethel and the other in Dan. He also established shrines on high places and appointed priests who were not from the tribe of Levi.Sources: the Bible text itself · Jeroboam · Bethel (of Palestine) · Dan
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Shechem · Today: Tell Balatah · 32.214, 35.282 · verses 1, 25
- Egypt · 30.129, 31.308 · verses 2, 20, 28
- Shiloh · Today: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · verse 15
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 18, 21, 27, 28
- Dan · Today: Tel Dan · 33.249, 35.652 · verses 29, 30
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org